< Yeremia 14 >
1 Esiae nye Yehowa ƒe nya na Yeremia tso kuɖiɖi ŋuti.
This is the word of the LORD that came to Jeremiah concerning the drought:
2 “Yuda le nu xam, eƒe duwo le fukpekpe me, wole avi fam le anyigba la ta eye Yerusalem ƒe ɣli le dzi dem.
“Judah mourns and her gates languish. Her people wail for the land, and a cry goes up from Jerusalem.
3 Bubumewo dɔa woƒe dɔlawo ɖe tsikuƒe; woyina ɖe vudowo to, gake womekpɔa tsi le wo me o. Wotrɔna gbɔna kple ze ƒuƒluwo, ŋu kpea wo, wobua mɔkpɔkpɔ eye wotsɔa nu tsyɔa ta.
The nobles send their servants for water; they go to the cisterns, but find no water; their jars return empty. They are ashamed and humiliated; they cover their heads.
4 Anyigba la katã wo gblogblogblo, elabena tsi mele dzadzam ɖe edzi o; agbledelawo ƒe mo tsi dãa, eye wotsyɔ nu ta.
The ground is cracked because no rain has fallen on the land. The farmers are ashamed; they cover their heads.
5 Fɔmizi le gbe me gɔ̃ hã gblẽa via ɖi elabena gbe mumu meli o.
Even the doe in the field deserts her newborn fawn because there is no grass.
6 Gbetedziwo tsia tsitre ɖe to ƒuƒluwo dzi henɔa ya nom abe amegaxiwo ene. Woƒe ŋkuwo dzi tsyɔna elabena gbeɖuƒe aɖeke megali o.”
Wild donkeys stand on barren heights; they pant for air like jackals; their eyes fail for lack of pasture.”
7 O Yehowa, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wo le ɖase ɖim tso mía ŋuti hã la, wɔ nane le wò ŋkɔ la ta, elabena míaƒe megbedede sɔ gbɔ, eye míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.
Although our iniquities testify against us, O LORD, act for the sake of Your name. Indeed, our rebellions are many; we have sinned against You.
8 O Israel ƒe Mɔkpɔkpɔ, eƒe Ɖela le xaxawo me; nu ka ta nèle abe amedzro ene le anyigba dzi, eye abe mɔzɔla si va anyi tsi ge ŋkeke ɖeka ko ene?
O Hope of Israel, its Savior in times of distress, why are You like a stranger in the land, like a traveler who stays but a night?
9 Aleke nèle abe ame si nane wɔ nuku na alo kalẽtɔ si ƒe ŋusẽ vɔ, eye mate ŋu axɔ na ame o la ene? O Yehowa, èle mía dome, eye wò ŋkɔ le mía ŋu eya ta mègagblẽ mi ɖi o!
Why are You like a man taken by surprise, like a warrior powerless to save? Yet You are among us, O LORD, and we are called by Your name. Do not forsake us!
10 Ale Yehowa gblɔ tso dukɔ sia ŋutie nye esi: “Wolɔ̃a tsaglalãtsatsa vivivo; woƒe afɔwo menɔa teƒe ɖeka o, eya ta Yehowa mexɔ wo o. Azɔ la, àɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi, eye woahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.”
This is what the LORD says about this people: “Truly they love to wander; they have not restrained their feet. So the LORD does not accept them; He will now remember their guilt and call their sins to account.”
11 Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mègado gbe ɖa be eme nanyo na dukɔ sia o.
Then the LORD said to me, “Do not pray for the well-being of this people.
12 Nenye be wotsi nu dɔ hã la, nyemaɖo to woƒe ɣlidodo o. Nenye be wotsɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo vɛ hã la, nyemaxɔ wo o, ke boŋ matsrɔ̃ wo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃.”
Although they may fast, I will not listen to their cry; although they may offer burnt offerings and grain offerings, I will not accept them. Instead, I will finish them off by sword and famine and plague.”
13 Ke megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, Nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be, ‘Miakpɔ yi loo alo dɔwuame o. Le nyateƒe me, mana miakpɔ ŋutifafa mavɔ le teƒe sia.’”
“Ah, Lord GOD!” I replied, “Look, the prophets are telling them, ‘You will not see the sword or suffer famine, but I will give you lasting peace in this place.’”
14 Yehowa gblɔ nam be, “Nyagblɔɖilawo le aʋatsonyawo gblɔm le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo alo ɖo wo alo ƒo nu na wo o. Wole alakpaŋutega, afakaka, trɔ̃subɔsubɔ kple beble siwo woƒe susuwo gblɔ na wo la gblɔm.
“The prophets are prophesying lies in My name,” replied the LORD. “I did not send them or appoint them or speak to them. They are prophesying to you a false vision, a worthless divination, the futility and delusion of their own minds.
15 Eya ta ale Yehowa gblɔ le nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me la ŋu. Nyemedɔ wo o, gake wole gbɔgblɔm be, ‘Yi alo dɔwuame atsrɔ̃ wo
Therefore this is what the LORD says about the prophets who prophesy in My name: I did not send them, yet they say, ‘No sword or famine will touch this land.’ By sword and famine these very prophets will meet their end!
16 eye ame siwo wole nya gblɔm ɖi na la, woatsɔ wo akaka ɖe Yerusalem ƒe ablɔwo dzi le yi kple dɔwuame ta. Ame aɖeke manɔ anyi si aɖi woawo ŋutɔwo alo wo srɔ̃nyɔnuwo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo o. Matrɔ dzɔgbevɔ̃e si dze na wo la, akɔ ɖe wo dzi.’
And the people to whom they prophesy will be thrown into the streets of Jerusalem because of famine and sword. There will be no one to bury them or their wives, their sons or their daughters. I will pour out their own evil upon them.
17 “Gblɔ nya sia na wo be, “‘Na be aɖatsi nasi tso nye ŋkuwo me zã kple keli madzudzɔmadzudzɔe elabena vinyenyɔnu si menya ŋutsu o, ame si nye dukɔ la, xɔ abi vevie le esi wogbãe ta.
You are to speak this word to them: ‘My eyes overflow with tears; day and night they do not cease, for the virgin daughter of my people has been shattered by a crushing blow, a severely grievous wound.
18 Ne meyi ɖe gbedzi la, mekpɔa ame siwo wowu kple yi la ƒe ŋutilã kukuawo. Ne mege ɖe dua me la, mekpɔa nu si gblẽm dɔwuame le. Nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa yi ɖe anyigba si womenya o la dzi.’
If I go out to the country, I see those slain by the sword; if I enter the city, I see those ravaged by famine! For both prophet and priest travel to a land they do not know.’”
19 “Ɖe nègbe Yuda gbidiia? Ɖe wò dzi megaku ɖe Zion ŋu oa? Nu ka ta nède abi mía ŋuti ale gbegbe be míate ŋu akpɔ dɔyɔyɔ o? Míekpɔ mɔ na ŋutifafa gake nu nyui aɖeke meva na mí o. Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ, ke ŋɔdzi boŋue li.
Have You rejected Judah completely? Do You despise Zion? Why have You stricken us so that we are beyond healing? We hoped for peace, but no good has come, and for the time of healing, but there was only terror.
20 O Yehowa, míedze si míaƒe nu tovowo wɔwɔ kple mía fofowo ƒe nu vɔ̃wo. Vavãe míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.
We acknowledge our wickedness, O LORD, the guilt of our fathers; indeed, we have sinned against You.
21 Le wò ŋkɔ la ta, mègaɖe kɔ ɖa le mía ŋu o; mègaɖe bubu le wò ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋuti o. Ɖo ŋku nu si nèbla kpli mí la dzi eye mègatui o.
For the sake of Your name do not despise us; do not disgrace Your glorious throne. Remember Your covenant with us; do not break it.
22 Ɖe dukɔwo ƒe legba maɖinuwo dometɔ aɖe na tsi dza kpɔa? Lilikpowo ŋutɔe dzaa tsia? Ao, O Yehowa, míaƒe Mawu, wòe wɔnɛ. Eya ta míaƒe mɔkpɔkpɔ le dziwò, elabena wòe wɔa esiawo katã.”
Can the worthless idols of the nations bring rain? Do the skies alone send showers? Is this not by You, O LORD our God? So we put our hope in You, for You have done all these things.