< Yeremia 12 >
1 Oo, Yehowa, ne metsɔ nya ɖe ŋutiwò la, wò nya dzɔna ɣe sia ɣi. Gake mahe nya kpli wò tso wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti. Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo ɖo? Nu ka ta dzimaxɔsetɔwo nɔa agbe le dziɖeɖi me?
上主,幾時我與你爭論,總是你有理;但我仍願與你討論正義:「為什麼惡人的生活總是順利,一般詭詐極惡的人總享安寧﹖
2 Èdo wo, woto ke eye wotsi hetse ku. Wò ŋkɔ le nu na wo gake woƒe dziwo le adzɔge tso gbɔwò.
你栽植了他們,他們就生長根滋長,結出果實;他們的口離你近,他們的心卻離你遠。
3 Oo, Yehowa, ke wò la ènyam, èkpɔm eye nèdo nye susuwo kpɔ tso ŋutiwò. Eya ta he wo abe alẽwo ene nàkplɔ yi wuwuƒee! Ɖe wo ɖe aga hena wuwuŋkeke la!
至於你,上主,你是認識我的,你考察了我對你的心意;求你把他們像待宰的羔羊一樣拉出來,留待宰殺的一天。
4 Va se ɖe ɣe ka ɣie ku naɖi le anyigba dzi eye gbewo naƒu ase ɖo? Esi edzinɔlawo nye ame vɔ̃ɖiwo ta la, xewo kple lãwo siaa tsrɔ̃. Gawu la, amewo le gbɔgblɔm be, “Makpɔ nu si dzɔ ɖe mía dzi o.”
[這地要哀傷,整個田野的草木要枯萎到幾時﹖由於居民的邪惡,野獸和飛鳥都被消滅。] 因為他們說:「天主不管我們的作為。」
5 “Ne èke duɖime kple amegbetɔwo kple afɔ eye nu te ŋuwò la, aleke nàte ŋu ake duɖime kple sɔwo? Ne èle nu klim le anyigba si dzi kɔ nyuie dzi la, aleke nàhawɔ le Yɔdan ƒe avekawo me?
「你與人徒步競走,尚覺疲乏,你怎麼能與馬角逐﹖在平安的地區尚覺不安,在約旦河的叢林區,你更將何如﹖
6 Nɔviwò kple wò ŋutɔ wò ƒometɔwo gɔ̃ hã de wò asi eye wodo ɣli sesĩe ɖe tawò. Togbɔ be woƒo nu nyuie le ŋutiwò hã la, mègaɖo dzi ɖe wo ŋu o.
連你的兄弟和你的父族對你都無誠意,在你後面厲聲喊叫;即便他們對說好話,你也不要相信。」
7 “Magbe nu le nye aƒe gbɔ eye magble nye domenyinu ɖi. Matsɔ ame si melɔ̃ la ade asi na eƒe futɔwo.
「 離開了我的家,拋棄了我的產業,將我最心愛的人交在敵人的手中。
8 Nye domenyinu va le nam abe dzata si le ave me ene. Ele gbe tem ɖe ŋutinye, eya ta melé fui ɖo.
我的產業對我竟好像是森林中的獅子,向我咆哮,為我憎恨他它。
9 Ɖe nye domenyinu mezu xeƒonu ŋɔŋɔe si xeƒonu bubuwo ƒo xlãe eye wodze edzi oa? Yi nàƒo lã wɔadãwo katã nu ƒu vɛ ne woava vuvu nu.
我的產業對我竟成了一隻帶斑點的鷙鳥,以致鷙鳥圍著向它襲擊。你們去田黟的一切野獸,叫它們來吞噬。
10 Alẽkplɔla geɖewo agblẽ nye waingble eye woanye avuzi le nye agble dzi. Wole nye agble veviwo wɔ ge woazu gbegbe ɖeɖe sɔŋ.
許多牧童毀壞了我的葡萄園,蹂躝了我的產業,使我喜愛的產業變為荒蕪的曠野。
11 Wole ewɔ ge wòazu gbegbe kple kuɖiɖinyigba si manyo na naneke le ŋkunye me o. Anyigba la katã azu aƒedo elabena ame aɖeke manɔ anyi si atsɔ ɖe le eme o.
他們使它荒涼,荒涼得在我面前哀傷;全地荒涼,因為沒有一人關心。
12 Nugblẽlawo ava ƒo ɖe to ƒuƒluwo dzi le gbedzi elabena Yehowa ƒe yi agblẽ nu tso anyigba ƒe go sia dzi ayi ekemɛ dzi eye ame aɖeke mato le eme o.
破壞者已來到曠野的一切高崗上,因為上主的刀劍正在砍伐,從地極到地極,凡有血肉的,都不得安寧。
13 Woaƒã ƒo gake woaxa ŋu, woaku kutri gake womakpɔ naneke tso eme o. Eya ta, nuku siwo miexa la nakpe ŋu na mi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.”
他們播種了麥子,卻收割了荊棘;雖筋疲力竭,卻沒有利益;由於上主的憤怒,都因自己的收穫而害羞。
14 Ale Yehowa gblɔe nye si, “Ke hena nye aƒelika vɔ̃ɖi siwo xɔ domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel sesẽtɔe la, maho wo le woƒe anyigbawo dzi eye maho Yuda ƒe aƒe la le wo dome.
上主這樣說:關於那些險惡的鄰邦.即侵犯我給予我民以色列佔有的產業的鄰邦,看,我要由他們的地上將他們拔除,也要由他們中拔除猶大家。
15 Ne meho wo vɔ la, magakpɔ nublanui na wo, eye makplɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe va eƒe domenyinu gbɔ kple eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
在我拔除他們以後,我要再憐憫他們,引他們復歸自己的產業,各回自己的故鄉。
16 Ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo nyuie abe ale si woawo hã fia nye dukɔe be woayɔ Baal ata nui, eye wota nye ŋkɔ hegblɔ be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ ene la, ekema maɖo wo te le nye dukɔ la dome.
設若他們殷勤學走我人民的道路,奉我名發誓說:「上主永在」,如同他們昔日教我人民奉巴耳發誓一樣,他們就可在我的人民中再度復興。
17 Ke ne dukɔ aɖe meɖo to o la, mahoe keŋkeŋ, eye matsrɔ̃e gbidii.” Yehowae gblɔe.
倘若他們不聽從,我必拔除這民族,將他們拔除消滅──上主的斷語。