< Yeremia 10 >

1 Mise nya si gblɔm Yehowa le na mi, O Israel ƒe aƒe
ἀκούσατε τὸν λόγον κυρίου ὃν ἐλάλησεν ἐφ’ ὑμᾶς οἶκος Ισραηλ
2 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Migasrɔ̃ dukɔwo ƒe mɔwo o. Togbɔ be ŋɔdzi léa dukɔwo le dzesi siwo dona ɖe dziŋgɔli ŋuti hã la, womegado ŋɔdzi na miawo ya o.
τάδε λέγει κύριος κατὰ τὰς ὁδοὺς τῶν ἐθνῶν μὴ μανθάνετε καὶ ἀπὸ τῶν σημείων τοῦ οὐρανοῦ μὴ φοβεῖσθε ὅτι φοβοῦνται αὐτὰ τοῖς προσώποις αὐτῶν
3 Dukɔ siawo ƒe kɔnyinyiwo nye yaka. Wotsoa ati le ave me eye atikpala tsɔa hɛ kpanɛ kple aɖaŋu.
ὅτι τὰ νόμιμα τῶν ἐθνῶν μάταια ξύλον ἐστὶν ἐκ τοῦ δρυμοῦ ἐκκεκομμένον ἔργον τέκτονος καὶ χώνευμα
4 Wotsɔa klosalo kple sika fana ɖe eŋuti.
ἀργυρίῳ καὶ χρυσίῳ κεκαλλωπισμένα ἐστίν ἐν σφύραις καὶ ἥλοις ἐστερέωσαν αὐτά καὶ οὐ κινηθήσονται
5 Wotsɔa gatagbadzɛ klãnɛ ɖe enɔƒe be magamu o. Woƒe aklamakpakpɛ siwo mate ŋu aƒo nu o la le abe xevi nyanu le adzamatregble me ene. Ele be woakɔ wo, elabena womate ŋu azɔ azɔli o. Migavɔ̃ na wo o; womate ŋu awɔ vɔ̃ aɖeke mi alo awɔ nyui aɖeke na mi o.”
αἰρόμενα ἀρθήσονται ὅτι οὐκ ἐπιβήσονται μὴ φοβηθῆτε αὐτά ὅτι οὐ μὴ κακοποιήσωσιν καὶ ἀγαθὸν οὐκ ἔστιν ἐν αὐτοῖς
6 O Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o; èlolo eye wò ŋkɔ nye ŋusẽ triakɔ.
7 Ame kae li si agbe wò bubu, O dukɔwo ƒe Fia? Elabena esiae nye tɔwò gome. Nunyala siwo le dukɔwo kple fiaɖuƒewo me la ƒe ɖeke mele abe wò ene o.
8 Wo katã wonye susumanɔsitɔwo kple numanyalawo. Aklamakpakpɛ si mele ɖeke me o lae nye woƒe nufiala.
9 Wotsɔa klosalo si woƒo gbabɛ la tsoa Tarsis eye wotsɔa sika tsoa Ufaz. Wotsɔa awu blɔtɔ kple dzĩtɔ dona na nu si atikpala kple sikanutula wɔ, nu siwo nye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe asinudɔwɔwɔwo.
ἀργύριον τορευτόν ἐστιν οὐ πορεύσονται ἀργύριον προσβλητὸν ἀπὸ Θαρσις ἥξει χρυσίον Μωφαζ καὶ χεὶρ χρυσοχόων ἔργα τεχνιτῶν πάντα ὑάκινθον καὶ πορφύραν ἐνδύσουσιν αὐτά
10 Ke Yehowa koe nye nyateƒe ƒe Mawu, eyae nye Mawu gbagbe kple Fia mavɔ. Ne ebi dzi la, anyigba ʋuʋuna eye dukɔwo mate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu o.
11 “Gblɔ nya sia na wo, ‘mawu siawo, esiwo mewɔ dziƒo kple anyigba o la atsrɔ̃ le anyigba dzi kple dziƒoa te.’”
οὕτως ἐρεῖτε αὐτοῖς θεοί οἳ τὸν οὐρανὸν καὶ τὴν γῆν οὐκ ἐποίησαν ἀπολέσθωσαν ἀπὸ τῆς γῆς καὶ ὑποκάτωθεν τοῦ οὐρανοῦ τούτου
12 Ke Mawue wɔ anyigba kple eƒe ŋusẽ; eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me, eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee.
κύριος ὁ ποιήσας τὴν γῆν ἐν τῇ ἰσχύι αὐτοῦ ὁ ἀνορθώσας τὴν οἰκουμένην ἐν τῇ σοφίᾳ αὐτοῦ καὶ τῇ φρονήσει αὐτοῦ ἐξέτεινεν τὸν οὐρανὸν
13 Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.
καὶ πλῆθος ὕδατος ἐν οὐρανῷ καὶ ἀνήγαγεν νεφέλας ἐξ ἐσχάτου τῆς γῆς ἀστραπὰς εἰς ὑετὸν ἐποίησεν καὶ ἐξήγαγεν φῶς ἐκ θησαυρῶν αὐτοῦ
14 Amegbetɔwo katã nye movitɔwo eye nunya mele tagbɔ na wo o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ. Eƒe legbawo nye beble elabena agbe mele wo me o.
ἐμωράνθη πᾶς ἄνθρωπος ἀπὸ γνώσεως κατῃσχύνθη πᾶς χρυσοχόος ἐπὶ τοῖς γλυπτοῖς αὐτοῦ ὅτι ψευδῆ ἐχώνευσαν οὐκ ἔστιν πνεῦμα ἐν αὐτοῖς
15 Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye, ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃.
μάταιά ἐστιν ἔργα ἐμπεπαιγμένα ἐν καιρῷ ἐπισκοπῆς αὐτῶν ἀπολοῦνται
16 Ke ame si nye Yakob ƒe gome la, mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nu sia nu wɔla kple Israel ƒe ƒome si nye eƒe domenyinu la hã. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
οὐκ ἔστιν τοιαύτη μερὶς τῷ Ιακωβ ὅτι ὁ πλάσας τὰ πάντα αὐτὸς κληρονομία αὐτοῦ κύριος ὄνομα αὐτῷ
17 Miƒo miaƒe nunɔamesiwo nu ƒu ne miadzo le anyigba la dzi, mi ame siwo aʋa xa aƒe na.
συνήγαγεν ἔξωθεν τὴν ὑπόστασίν σου κατοικοῦσα ἐν ἐκλεκτοῖς
18 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le ɣeyiɣi sia me la, matsɔ ame siwo le anyigba sia dzi la aƒu gbe. Mana xaxa nava wo dzi ale be woate ŋu alé wo.”
ὅτι τάδε λέγει κύριος ἰδοὺ ἐγὼ σκελίζω τοὺς κατοικοῦντας τὴν γῆν ταύτην ἐν θλίψει ὅπως εὑρεθῇ ἡ πληγή σου
19 Baba nam le abi si mexɔ la ta. Nye abi la nye abi makumaku! Gake megblɔ na ɖokuinye be, “Esia nye nye dɔléle eya ta ele nam be manɔ te ɖe enu.”
οὐαὶ ἐπὶ συντρίμματί σου ἀλγηρὰ ἡ πληγή σου κἀγὼ εἶπα ὄντως τοῦτο τὸ τραῦμά μου καὶ κατέλαβέν με
20 Wogbã nye agbadɔ eye wolã eƒe kawo. Vinye ŋutsuwo dzo eye womegali o. Ame aɖeke mesusɔ si atu nye agbadɔ nam alo akpe ɖe ŋunye awɔ gbɔɖemeƒe nam o.
ἡ σκηνή μου ἐταλαιπώρησεν ὤλετο καὶ πᾶσαι αἱ δέρρεις μου διεσπάσθησαν οἱ υἱοί μου καὶ τὰ πρόβατά μου οὔκ εἰσιν οὐκ ἔστιν ἔτι τόπος τῆς σκηνῆς μου τόπος τῶν δέρρεών μου
21 Alẽkplɔlawo nye movitɔwo eye womebiaa Yehowa ta sena o, eya ta nu medzea edzi na wo o. Ale woƒe alẽhawo hã kaka.
ὅτι οἱ ποιμένες ἠφρονεύσαντο καὶ τὸν κύριον οὐκ ἐξεζήτησαν διὰ τοῦτο οὐκ ἐνόησεν πᾶσα ἡ νομὴ καὶ διεσκορπίσθησαν
22 Ƒu to anyi, ɣli aɖe ɖi, ƒu to anyi, egbɔna, hoowɔwɔ gã aɖe tso anyiehenyigba dzi gbɔna! Awɔ Yuda duwo woazu aƒedo kple nɔƒe na amegaxiwo.
φωνὴ ἀκοῆς ἰδοὺ ἔρχεται καὶ σεισμὸς μέγας ἐκ γῆς βορρᾶ τοῦ τάξαι τὰς πόλεις Ιουδα εἰς ἀφανισμὸν καὶ κοίτην στρουθῶν
23 O Yehowa, menya be amegbetɔ ƒe agbe menye eya ŋutɔ tɔ o eye menye amegbetɔ ƒe dɔ wònye be wòalé eƒe mɔ atsɔ o.
οἶδα κύριε ὅτι οὐχὶ τοῦ ἀνθρώπου ἡ ὁδὸς αὐτοῦ οὐδὲ ἀνὴρ πορεύσεται καὶ κατορθώσει πορείαν αὐτοῦ
24 Yehowa, ɖɔm ɖo, gake kple afiatsotso nyui, menye le wò dziku me o. Ne menye nenema o la, àwɔm mazu nu maɖinu.
παίδευσον ἡμᾶς κύριε πλὴν ἐν κρίσει καὶ μὴ ἐν θυμῷ ἵνα μὴ ὀλίγους ἡμᾶς ποιήσῃς
25 Trɔ wò dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖe dukɔ siwo menya wò o kple ame siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi. Elabena wovuvu Yakob, wovuvui keŋkeŋ, eye wogblẽ eƒe nɔƒe.
ἔκχεον τὸν θυμόν σου ἐπὶ ἔθνη τὰ μὴ εἰδότα σε καὶ ἐπὶ γενεὰς αἳ τὸ ὄνομά σου οὐκ ἐπεκαλέσαντο ὅτι κατέφαγον τὸν Ιακωβ καὶ ἐξανήλωσαν αὐτὸν καὶ τὴν νομὴν αὐτοῦ ἠρήμωσαν

< Yeremia 10 >