< Yakobo 1 >

1 Nye, Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe ame siwo kaka ɖe xexea me godoo: Mele gbe dom na mi katã.
James, bondman of God and of [the] Lord Jesus Christ, to the twelve tribes which [are] in the dispersion, greeting.
2 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne dodokpɔ ƒomevi geɖewo tu mi la, mibui dzidzɔ sɔŋ,
Count it all joy, my brethren, when ye fall into various temptations,
3 elabena mienyae bena miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ hea dzidodo vanɛ.
knowing that the proving of your faith works endurance.
4 Ele be dzidodo nawu eƒe dɔ nu, ale be miatsi, azu blibo, eye naneke mahiã mi o.
But let endurance have [its] perfect work, that ye may be perfect and complete, lacking in nothing.
5 Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee.
But if any one of you lack wisdom, let him ask of God, who gives to all freely and reproaches not, and it shall be given to him:
6 Gake ne ebia la, ele nɛ be wòaxɔe ase ɖikeke manɔmee, elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene.
but let him ask in faith, nothing doubting. For he that doubts is like a wave of the sea driven by the wind and tossed about;
7 Ame ma megasusu be yeaxɔ naneke tso Aƒetɔ la gbɔ o,
for let not that man think that he shall receive anything from the Lord;
8 elabena enye dzi eve me susula, eye meli ke le nu siwo katã wòwɔna la me o.
[he is] a double-minded man, unstable in all his ways.
9 Nɔvi si mele nɔƒe kɔkɔ aɖeke o la neƒo adegbe be wodo ye ɖe dzi.
But let the brother of low degree glory in his elevation,
10 Ke ame si si kesinɔnuwo le la neƒo adegbe be yemenye naneke o, elabena enu ava yi abe seƒoƒo si le gbedzi la ene.
and the rich in his humiliation, because as [the] grass's flower he will pass away.
11 Elabena ɣe dzena, eye ɣe la ƒe ŋusẽ nana gbe yrɔna, eye eƒe seƒoƒo duduna, ale wòbua eƒe nyonyo. Nenema ke kesinɔtɔ hã nu ava yi esime wòɖo eƒe agbe ƒe viviƒe.
For the sun has risen with its burning heat, and has withered the grass, and its flower has fallen, and the comeliness of its look has perished: thus the rich also shall wither in his goings.
12 Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me la, elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la, axɔ agbefiakuku si ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ la.
Blessed [is the] man who endures temptation; for, having been proved, he shall receive the crown of life, which He has promised to them that love him.
13 Ne wote ame aɖe kpɔ la, megagblɔ be, “Mawu le teyem kpɔ o,” elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke kpɔ o.
Let no man, being tempted, say, I am tempted of God. For God cannot be tempted by evil things, and himself tempts no one.
14 Ke boŋ ame sia ame ƒe didi vɔ̃woe tenɛ kpɔ, eye woblea enu hehenɛ dzonae.
But every one is tempted, drawn away, and enticed by his own lust;
15 Emegbe la, didi vɔ̃ la fɔa fu hedzia nu vɔ̃, eye ne nu vɔ̃ tsi nyuie la, edzia ku.
then lust, having conceived, gives birth to sin; but sin fully completed brings forth death.
16 Nɔvi lɔlɔ̃awo, migana woable mi o.
Do not err, my beloved brethren.
17 Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o.
Every good gift and every perfect gift comes down from above, from the Father of lights, with whom is no variation nor shadow of turning.
18 Enye eƒe lɔlɔ̃nu be wòadzi mí to nyateƒe ƒe nya la me, ale be míanye eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe kutsetse gbãtɔ.
According to his own will begat he us by the word of truth, that we should be a certain first-fruits of his creatures.
19 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, milé ŋku ɖe nu sia ŋu be: ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo kple dɔmedzoedodo me,
So that, my beloved brethren, let every man be swift to hear, slow to speak, slow to wrath;
20 elabena ame ƒe dɔmedzoe mehea dzɔdzɔenyenye ƒe agbenɔnɔ si Mawu di la vanɛ o.
for man's wrath does not work God's righteousness.
21 Eya ta miɖe ŋutilãmeɖiƒoƒowo katã ɖi kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si bɔ ɖe mia dome la ɖi, eye miatsɔ ɖokuibɔbɔ axɔ nya si wodo ɖe mia me, esi si ŋusẽ le be wòaɖe miaƒe luʋɔwo.
Wherefore, laying aside all filthiness and abounding of wickedness, accept with meekness the implanted word, which is able to save your souls.
22 Miganye nya la selawo ko, ahanɔ mia ɖokuiwo blem o, ke boŋ miwɔ ɖe nu si nya la gblɔ la dzi,
But be ye doers of [the] word and not hearers only, beguiling yourselves.
23 elabena ame aɖe si se nya la, eye mewɔ ɖe edzi o la ɖi ame aɖe si kpɔ eƒe mo le ahuhɔ̃e me.
For if any man be a hearer of [the] word and not a doer, he is like to a man considering his natural face in a mirror:
24 Ke esi wòdzo le ahuhɔ̃ea gbɔ la, megaɖo ŋku ale si eƒe dzedzeme le la dzi o.
for he has considered himself and is gone away, and straightway he has forgotten what he was like.
25 Ke ame si dzroa Mawu ƒe se si de blibo si naa ablɔɖe ame la me tsitotsito ɣe sia ɣi, eye meŋlɔa nu si wòsrɔ̃ la be o, ke boŋ wòwɔa edzi la, woayrae le nu si wòwɔna la me.
But he that fixes his view on [the] perfect law, that of liberty, and abides in [it], being not a forgetful hearer but a doer of [the] work, he shall be blessed in his doing.
26 Ne ame aɖe gblɔ be yenye xɔsetɔ, ke mede ga eƒe aɖe o la, ele eɖokui blem, eye eƒe xɔse la hã nye dzodzro.
If any one think himself to be religious, not bridling his tongue, but deceiving his heart, this man's religion is vain.
27 Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛe, eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxawo me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.
Pure and undefiled religion before God and the Father is this: to visit orphans and widows in their affliction, to keep oneself unspotted from the world.

< Yakobo 1 >