< Yakobo 5 >
1 Azɔ la, mi kesinɔtɔwo, miɖo to nyuie, mido ɣli, eye mifa avi le fukpekpe si gbɔna mia dzi va ge la ta.
Come now, you who are rich, weep and howl over the miseries that are coming upon you.
2 Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ, eye agbagblaʋui ɖu miaƒe avɔ nyuiwo keŋkeŋ.
Your riches have rotted, and your garments are moth-eaten.
3 Miaƒe sika kple klosalowo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle sia nye ɖaseɖiɖi si tsi tsitre ɖe mia ŋu hele miaƒe ŋutilã ɖum abe dzo ene. Mieha kesinɔnuwo dzra ɖo fũu le ŋkeke mamlɛawo me.
Your gold and silver have rusted, and their rust will be a testimony against you and will eat your flesh like fire. You have laid up treasure in the last days.
4 Mikpɔ ɖa, dɔwɔla siwo ŋlɔ miaƒe agblewo me, eye miegbe fexexe na wo la le avi fam ɖe mia ŋuti. Nenema ke, ame siwo xa nu na mi le agble me la ƒe ɣlidodo va ɖo to me na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ.
Behold, the wages of the workers who harvested your fields, which you kept back by fraud, cry out, and the cries of the reapers have reached the ears of the Lord of hosts.
5 Mienɔ xexea me le agbeɖuɖu blibo me, eye mietsɔ mia ɖokuiwo de vivisese geɖe me. Mienyi mia ɖokuiwo heda ami le wuwuŋkeke la lalam.
You have lived on the earth in luxury and self-indulgence. You have nourished your hearts as in a day of slaughter.
6 Miebu fɔ amewo, eye miewu ame maɖifɔ siwo metsi tsitre ɖe mia ŋu o la.
You have condemned and murdered the righteous man; he does not resist you.
7 Eya ta nɔvinyewo, migbɔ dzi ɖi blewu va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vava. Mienya ale si agbledela lalana na eƒe agblemenukuwo be woatse ku, eye wògbɔa dzi ɖi na adametsi kple kelemetsi.
Therefore be patient, brothers, until the coming of the Lord. Behold, the farmer waits for the precious fruit of the earth, being patient for it until it receives the early and latter rain.
8 Alea ke wòle be miawo hã miagbɔ dzi ɖi, eye mianɔ tsitre sesĩe elabena Aƒetɔ la ƒe vava ɖo vɔ.
You also must be patient. Establish your hearts, for the coming of the Lord has drawn near.
9 Nɔviwo, migalĩ liʋĩliʋĩ le mia nɔewo ŋu o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi. Ʋɔnudrɔ̃la la ƒe afɔ le ʋɔtru la nu.
Do not complain against one another, brothers, so that you will not be judged. Behold, the Judge is standing at the door.
10 Nɔviwo, mina nyagblɔɖila siwo gblɔ Mawu ƒe nya na amewo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la nanye kpɔɖeŋu na mi le fukpekpewo me.
As an example of suffering and patience, my brothers, take the prophets who spoke in the name of the Lord.
11 Abe ale si wòle nyanya me na mi ene la, míebua ame siwo do dzi le xaxawo me la be wonye yayramewo. Miese Hiob ƒe dzidodo le fukpekpe me ƒe nyawo, eye mienya ale si Aƒetɔ la wɔ nɛ le nuwuwu. Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ kple nublanuikpɔla gã aɖe.
Behold, we regard as blessed those who endure. You have heard of the endurance of Job. Now consider the purpose of the Lord, how he is full of compassion and mercy.
12 Gawu la, nɔvinyewo, migata nu o, eɖanye anyigba alo dziƒo alo nu bubu aɖe o. Miaƒe ɛ̃ nanye ɛ̃, eye miaƒe o nanye o; ne menye nenema o la, miadze na ʋɔnudɔdrɔ̃.
Above all, my brothers, do not swear, neither by heaven, nor by earth, nor by any other oath. But let your “Yes” be “Yes” and your “No” be “No,” so that you will not fall into hypocrisy.
13 Mia dometɔ aɖe le fu kpema? Nedo gbe ɖa. Mia dometɔ aɖe le dzidzɔ kpɔma? Nedzi kafukafuhawo.
Is anyone among you suffering? He should pray. Is anyone of good cheer? He should sing praise.
14 Ame aɖe le dɔ lém le mia domea? Neyɔ hanunɔlawo ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.
Is anyone among you sick? He should call for the elders of the church, and they should pray over him, anointing him with oil in the name of the Lord.
15 Eye gbe si wodo ɖa le xɔse me la ana be amea ƒe lãme nasẽ, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre. Ne ewɔ nu vɔ̃ hã la, woatsɔe akee.
The prayer of faith will save the one who is sick, and the Lord will raise him up. And if he has committed sins, he will be forgiven.
16 Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me na mia nɔewo, eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna, eye wòwɔa dɔ.
Confess your trespasses to one another and pray for one another so that you may be healed. The prayer of a righteous person is very powerful and effective.
17 Eliya nye amegbetɔ abe míawo ke ene. Edo gbe ɖa vevie be tsi megadza o, eye tsi medza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ.
Elijah was a man with a nature like ours, and he prayed earnestly that it would not rain, and for three years and six months it did not rain on the land.
18 Emegbe la, egado gbe ɖa, dziƒo nu ʋu, eye tsi dza, ale be anyigba gatse eƒe kutsetsewo.
Then he prayed again, and the sky gave rain, and the land produced its fruit.
19 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, ne mia dometɔ aɖe tra tso nyateƒe la gbɔ, eye ame aɖe kplɔe gbɔe la,
Brothers, if anyone among you wanders from the truth and someone turns him back,
20 kakaɖedzi nenɔ mia si be ame sia ame si na nu vɔ̃ wɔla trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi la aɖe vɔ̃wɔla la tso ku me, eye woatsɔ eƒe nu vɔ̃ gbogboawo akee.
be assured that whoever turns a sinner back from the error of his way will save a soul from death and cover a multitude of sins.