< Yakobo 4 >
1 Nu kae hea avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ vaa mia dome? Ɖe menye miaƒe dzimedidi siwo le aʋa wɔm le mia me lae oa?
Whence come wars and fightings among you? Come they not hence? even of your carnal appetites making war in your bodies?
2 Miedia nu, gake miekpɔnɛ o, miewua ame, xɔa eƒe nuwo, gake nu si dim miele la masu mia si o. Miewɔa dzre, eye miewɔa avu hã, gake nuawo mesua mia si o, elabena miebiaa Mawu o.
Ye desire, and ye have not: ye are envious, and jealous, and cannot obtain: ye fight and contend; but ye have not, because ye ask not.
3 Ne miebia la, miaƒe asi mesua edzi o, elabe miebia kple susu vɔ̃ɖi, miebia nu siwo miawɔ yakayaka na mía ɖokuiwo.
Ye ask and receive not, because ye ask wickedly; that ye may spend it in your pleasures.
4 Mi ahasiwɔlawo! Ɖe mienya be ne miedze xɔlɔ̃ xexea me la, ekema mielé fu Mawu oa? Ame sia ame si dze xɔlɔ̃ xexea me la nye Mawu ƒe futɔ.
Ye adulterers and adulteresses, know ye not that the friendship of the world is enmity to God? whosoever therefore will be a friend of the world becomes an enemy of God.
5 Alo ɖe miesusu be dzodzroe mawunya gblɔ be gbɔgbɔ si wòde mía me la ʋãa ŋu veviea?
Do ye think the scripture speaks in vain? or does the Spirit that dwelleth in us, excite to envy?
6 Ke ena amenuveve geɖe mí. Esia ta mawunya gblɔ be, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.”
No, He giveth more grace: wherefore it is said, God resisteth the proud, but sheweth favor to the humble.
7 Eya ta mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu te. Mitsi tsitre sesĩe ɖe Abosam ŋuti, ekema asi le mia nu.
Submit yourselves therefore to God: resist the devil, and he will flee from you.
8 Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe, eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi, nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzi eve me susulawo la, miklɔ miaƒe dziwo me.
Draw near to God, and He will draw near to you: cleanse your hands, O sinners, and purify your hearts, ye double minded.
9 Milé blanui, mifa konyi, eye mifa avi. Mina miaƒe nukoko nazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nazu blanuiléle.
Be grieved, and mourn, and weep: let your mirth be turned into mourning, and your joy to sadness.
10 Mibɔbɔ mia ɖokui na Aƒetɔ la, ekema ado mi ɖe dzi.
Be humbled before the Lord, and He will exalt you.
11 Nɔviwo, migagblẽ mia nɔewo ŋu o, ame si gblẽ nɔvia ŋu alo drɔ̃ ʋɔnui la tsi tsitre ɖe se la ŋu hedrɔ̃ ʋɔnui. Ne èdrɔ̃ ʋɔnu se la la, mèle edzi wɔm o, ke boŋ ènɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi hele ʋɔnu drɔ̃m se la.
Speak not against one another, my brethren; he that speaketh against his brother, and judgeth his brother, speaketh against the law, and judgeth the law; but if thou judge the law, thou art not a doer of the law, but a judge.
12 Senala kple ʋɔnudrɔ̃la ɖeka koe li, ame si tea ŋu ɖea ame, eye wotsrɔ̃a ame hã. Ke wò la, ame ka nènye be nàdrɔ̃ ʋɔnu hawòvi?
Now there is but one lawgiver, who is able to save and to destroy: who art thou then that judgest another?
13 Azɔ la, miɖo to nyuie, mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Egbe alo etsɔ míayi du si alo ekemɛ me, anɔ anyi ƒe ɖeka, atsa asi, eye míakpɔ ga.”
Come now, ye that say, To-day or to-morrow we will go to such a city, and spend a year there, and trade and get gain;
14 Nu ka ta? Elabena mienya nu si ava adzɔ etsɔ si gbɔna la gɔ̃ hã o. Nu ka miaƒe agbe nye? Miele abe afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe, eye wògabuna la ene.
(though ye know not what will be on the morrow; for what is your life? a vapor, which appeareth for a little while, and then vanisheth away: ) whereas ye ought to say,
15 Ke boŋ migblɔ be, “Nenye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la, míanɔ agbe, eye míawɔ nu si kple ekemɛ.”
If the Lord will, and we should live, and do this or that:
16 Ke nu si miewɔna la nye dada kple ɖokuidodoɖedzi ƒuƒlu. Adegbeƒoƒo siawo tɔgbi katã nye nu vɔ̃,
but ye glory in your presumption: all such glorying is wicked.
17 eya ta ne ame aɖe nya nu nyui si wòle be wòawɔ, gake mewɔe o la, ewɔ nu vɔ̃.
To him therefore that knoweth to do good, and doth it not, to him it is sin.