< Yakobo 2 >

1 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, abe ame si xɔ míaƒe ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ, Yesu Kristo dzi se ene la, migakpɔ ame ŋkume o.
My brethren, do not hold the faith of our glorious Lord Jesus Christ with partial regard for persons.
2 Mítsɔe be ame aɖe va míaƒe ƒuƒoƒe, eye wòde sikasigɛ nyuitɔ, heta avɔ xɔasi, eye ame dahe si do awu vuvu hã ge ɖe sɔlemexɔa me.
For if there enter into your synagogue a man having gold rings on his fingers, and with splendid clothing, and there enter likewise a poor man, with sordid apparel;
3 Ne mietsɔ bubu tɔxɛ na ame si do awu xɔasi hegblɔ nɛ be, “Va nɔ teƒe nyui sia,” gake miegblɔ na ame dahe la be, “Wò ya nɔ tsitre ɖe afi ma” alo “Nɔ anyigba le nye afɔ nu” la,
and you look on him who has the splendid clothing, and say, Sit you here honorably; and to the poor man, Stand you there; or, Sit here at my footstool:
4 ɖe miede vovototo ameawo me le mia dome, eye miezu ʋɔnudrɔ̃la siwo me susu vɔ̃ɖiwo le o mahã?
are you not, then, partial among yourselves, and have become judges who reason wickedly?
5 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, miɖo tom: Ɖe Mawu metia ame siwo xexemetɔwo buna be wonye ame dahewo la be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me, eye be woanyi fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe dome o mahã?
Hearken, beloved brethren: Has not God chosen the poor of the world--rich in faith, and heirs of the kingdom which he has promised to them who love him?
6 Ke miawo la, miedoa vlo ame dahewo. Ɖe menye kesinɔtɔwoe le mia bam oa? Alo menye woawo kee hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã?
Do not the rich exceedingly oppress you, and themselves drag you to the judgment seats?
7 Ɖe menye woawoe le ɖi ƒom ame si ŋu bubuŋkɔ le, ame si tɔ mienye la oa?
Do not they defame that excellent name which is named on you?
8 Ne mielé sedede si le mawunya me, esi gblɔ be, “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene” ɖe asi la, miele nu dzɔdzɔetɔ wɔm.
If, now, indeed, you fulfill a royal law, according to the scripture, "You shall love your neighbor as yourself," you do well.
9 Ke ne miele ame ŋkume kpɔm la, miewɔ nu vɔ̃, eye se la bu fɔ mi be mienye sedzidalawo.
But if you have respect of persons, you commit sin, being convicted by the law of transgressors.
10 Ame si wɔa Mawu ƒe sewo katã dzi, gake wòda le ɖeka pɛ dzi la, eda le wo katã dzi,
For whoever will keep the whole law, yet fails in one point, has become guilty of all.
11 elabena ame si de se be, “Mègawɔ ahasi o” la, eya kee de se be, “Mègawu ame o.” Eya ta ne mèwɔ ahasi o, gake nèwu ame la, ènye sedzidala.
For he who said, "Do not commit adultery," has also said, "Do not kill." Now if you do not commit adultery, yet if you kill, you have become a transgressor of the law.
12 Miaƒe nuƒo kple agbenɔnɔ naɖee fia be wole ʋɔnu drɔ̃ ge mi kple se si naa ablɔɖe.
So speak, and so do, as those who shall be judged by a law of liberty;
13 Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ si me nublanuikpɔkpɔ mele o la woatsɔ na ame si mekpɔa nublanui o. Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi.
for judgment without mercy, will be to him who showed no mercy: but mercy exults over judgment.
14 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, viɖe ka wòanye ne ame aɖe gblɔ be xɔse le ye si, evɔ la, dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o? Ɖe xɔse sia tɔgbi ate ŋu aɖeea?
What is the advantage, my brethren, if any one say he have faith, but have not works? Can faith save him?
15 Mítsɔe be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe li, esi si avɔ kple gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu mele o.
For if a brother or a sister be naked, or destitute of daily food,
16 Ne mia dometɔ aɖe agblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me, naƒu dzo, eye nàɖi ƒo nyuie,” evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wònye?
and any one of you say to him, Depart in peace: be warmed, and be filled; yet give him none of the things needful for the body, what is the advantage?
17 Nenema kee nye xɔse ŋutɔ hã. Ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.
So, also, faith, if it have not works, is dead, being alone.
18 Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la, xɔse le asiwò, ke nye la, dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam, eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me.
Also, one may say, You have faith, and I have works: show me your faith without your works, and I will show you my faith by my works.
19 Èxɔe se be Mawu ɖeka koe li. Enyo, gake gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔe se nenema, eye wodzona nyanyanya kple vɔvɔ̃.
You believe that there is one God; you do well: even the demons believe and tremble.
20 Wò bometsila, ɖe nèle kakaɖedzi dim hafi anya be xɔse dɔwɔwɔ manɔmee nye xɔse kukua?
Besides, would you know, O vain man, that faith, without works, is dead?
21 Ɖe womebu mía tɔgbui Abraham be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ, esi wòtsɔ via Isak be yeasa vɔe na Mawu oa?
Was not Abraham, our father, justified by works, when he had lifted up Isaac, his son, upon the altar?
22 Edze ƒãa be xɔse wɔ dɔ kpe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, ale be eƒe xɔse de blibo to nu si wòwɔ la me.
You see that his faith co-operated with his works, and by works his faith was perfected.
23 Esia wɔ ɖe mawunya si gblɔ be, “Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ” la dzi, eye woyɔe be Mawu xɔlɔ̃.
And so that scripture was fulfilled, which says, "Abraham believed God, and it was counted to him for righteousness; and he was called the friend of God."
24 Edze ƒãa be menye ame ƒe xɔse ɖeɖe koe wotsɔna tsoa afia nɛ o, ke boŋ dɔ siwo wòwɔ hã kpena ɖe eŋu.
You see, that by works a man is justified, and not by faith only.
25 Nenema ke, ɖe womebu Rahab gbolo la gɔ̃ hã be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ, esi wòɣla ŋkutsala siwo dze egbɔ, eye wòna woto mɔ bubu dzo oa?
And in like manner, also, was not Rahab, the harlot, justified by works, having secretly received the messengers, and having sent them away by another road.
26 Ale si ŋutilã gbɔgbɔmanɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔmee hã nye nu kuku.
For, as the body, without the spirit, is dead, so, also, faith, without works, is dead.

< Yakobo 2 >