< Yesaya 1 >

1 Esiawoe nye gbedeasi siwo Yesaya, Amoz ƒe vi, xɔ tso Yehowa gbɔ le ŋutega me, tso nu siwo ava dzɔ ɖe Yuda kple Yerusalem dzi la ŋuti. Exɔ gbedeasi siawo le Yuda fiawo, Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli.
Visión que Isaías, hijo de Amós, tuvo acerca de Judá y Jerusalén en los días de Ocías, Joatán, Acaz y Ezequías, reyes de Judá.
2 O! Dziƒo kple anyigba, miɖo to miase nya si gblɔm Yehowa le. Yehowa be: “Ɖevi siwo menyi hekplɔ wo kple beléle la dze aglã ɖe ŋunye.
Oíd, cielos, y tú, tierra, escucha; porque habla Yahvé: “He criado hijos y los he engrandecido, mas ellos se han rebelado contra Mí.
3 Nyitsu nyaa eƒe aƒetɔ, eye tedzi nyaa eƒe nuɖuƒe, ke Israel menyam o, eye nye amewo mese nye nyawo gɔme o.”
El buey conoce al que lo posee, y el asno el pesebre de su amo; pero Israel no (me) conoce; mi pueblo no tiene inteligencia.”
4 O! Dukɔ si wɔ nu vɔ̃, ame siwo dzi nu vɔ̃ do agba ɖo, nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, vi siwo nye nu tovo wɔlawo, wogbe nu le Yehowa gbɔ, wodo ŋunyɔ Israel ƒe kɔkɔetɔ la, eye wotrɔ megbe dee.
¡Ay de ti, nación pecadora, pueblo cargado de culpa, raza de malvados, hijos corrompidos! Han abandonado a Yahvé, han despreciado al Santo de Israel, se han vuelto atrás.
5 Nu ka ta miedi be woanɔ mia ƒoƒo dzi? Nu ka ta miegale aglãdzedze dzi? Miaƒe ta katã xɔ abi, eye miaƒe dzi katã hã xɔ abi.
¿De qué sirve daros golpes, si seguís rebelándoos? La cabeza toda está enferma, y todo el corazón doliente.
6 Tso miaƒe afɔƒome va se ɖe miaƒe dzodome la, teƒe nyui aɖeke meli o, negbe abiwo, dodrowo, abi mumu siwo womeklɔ haɖe o alo ɖo amii loo alo bla o la koe li.
Desde la planta del pie hasta la cabeza, no queda en él nada sano; hay solo heridas, contusiones y llagas inflamadas, que no han sido cerradas, ni vendadas, ni suavizadas con aceite.
7 Miaƒe anyigba zu gbegbe, wotɔ dzo miaƒe duwo le miawo ŋutɔ ƒe ŋkume, du bubu me tɔwo va ha miaƒe agblemenukuwo, eye wogblẽ miaƒe anyigba abe ale si amedzrowo wɔna ene.
Vuestra tierra es un desierto; vuestras ciudades han sido quemadas, a vuestra vista los extranjeros devoran vuestro suelo, que está desolado como si fuese destruido por extraños.
8 Zion nyɔnuvi tsi akogo abe agbadɔ si le waingble me ene, abe agblexɔe le dzamatregble me ene, eye abe du si ŋu futɔwo ɖe to ɖo ene.
Y la hija de Sión queda como cabaña de viña, como choza de melonar, como ciudad sitiada.
9 Ɖe menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ye kpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi na mi o la, anye ne woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, abe ale si wotsrɔ̃ ame sia ame le Sodom kple Gomora ene.
Si Yahvé de los ejércitos no nos hubiera dejado un pequeño resto, seríamos como Sodoma y semejantes a Gomorra.
10 Mise Yehowa ƒe nya, mi Sodom dziɖulawo, milé fɔ ɖe míaƒe Mawu la ƒe se la ŋu, mi Gomoratɔwo!
¡Oíd la palabra de Yahvé, príncipes de Sodoma! ¡Escucha la ley de nuestro Dios, oh pueblo de Gomorra!
11 “Miaƒe vɔsa gbogboawo ɖe, nu ka wonye nam?” Yehowae gblɔe. “Miaƒe numevɔsa siwo miewɔna kple agbowo kple lã damiwo ƒe ami la, wu tsɔtsɔ nam. Nyitsuwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu medoa dzidzɔ nam o.
¿De qué me sirve la multitud de vuestros sacrificios? dice Yahvé. Harto estoy de los holocaustos de carneros y del sebo de animales cebados; no me agrada la sangre de toros, ni la de corderos y machos cabríos.
12 Ne miedo ɖe nye ŋkume la, ame kae bia esia tso mia si be, mianɔ afɔɖi ƒom nye xɔxɔnuwo?
¡Y venís a presentaros delante de Mí! ¿Quién os ha pedido que holléis mis atrios?
13 Midzudzɔ vɔsa gbɔlo siawo tsɔtsɔ vɛ! Miaƒe dzudzɔʋeʋĩwo dodo medoa dzidzɔ nam o. Nyemate ŋu atsɔ miaƒe takpekpe vɔ̃ɖi siwo nye dzinu yeyewo, Dzudzɔgbewo kple gbeƒãɖeɖe takpegbewo o.
No traigáis más vanas ofrendas; abominable es para Mí el incienso; no aguanto más las neomenias ni los sábados, ni las asambleas solemnes; son asambleas solemnes con crimen.
14 Melé fu miaƒe dzinu yeye ŋkekenyuiwo kple ŋkekenyui bubuawo. Wozu agba nam, eye nu ti kɔ nam le wo tsɔtsɔ me.
Mi alma aborrece vuestras neomenias y vuestras fiestas; me son una carga, cansado estoy de soportarlas.
15 Ne miele gbe dom ɖa, keke miaƒe abɔwo me la, maɣla nye ŋkume ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemaɖo to mi o, elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu.
Cuando extendéis vuestras manos, cierro ante vosotros mis ojos, y cuando multiplicáis las oraciones, no escucho; vuestras manos están manchadas de sangre.
16 “Mile tsi ne mia ŋuti nakɔ. Miɖe miaƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖa le nye ŋkume! Midzudzɔ vɔ̃wɔwɔ,
Lavaos, purificaos; quitad de ante mis ojos la maldad de vuestras obras; cesad de obrar mal.
17 ne miasrɔ̃ nyuiwɔwɔ! Midi nuteƒewɔwɔ, eye mide dzi ƒo na ame siwo wote ɖe anyi. Miʋli tsyɔ̃eviwo ta, eye miaxɔ nya ɖe ahosiwo nu.
Aprended a hacer el bien, buscad lo justo, poned coto al opresor, haced justicia al huérfano, defended la causa de la viuda.
18 “Miva, mina míade ŋugble ɖekae,” Yehowa gblɔe. “Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Ne wobiã abe ʋu ene hã la, woafu abe alẽfu ɣi ene.
Venid, discutamos juntos, dice Yahvé. Aunque vuestros pecados fuesen como la grana, quedarán blancos como la nieve. Aunque fuesen rojos como el carmesí, vendrán a ser como lana.
19 Ne mielɔ̃, eye mieɖo to la, miaɖu anyigba la ƒe nu nyuitɔwo.
Si queréis y si me escucháis, comeréis de lo mejor de la tierra.
20 Ke ne miesẽ to, dze aglã la, yi atsrɔ̃ mi.” Elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.
Pero si no queréis y os rebeláis, seréis devorados por la espada; porque la boca de Yahvé ha hablado.
21 Tsã la, wokpɔa nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye le eme, ezu hlɔ̃dolawo ƒe du.
¡Cómo se ha convertido en prostituta la ciudad fiel! Llena estaba de justicia, la rectitud moraba en ella; pero ahora es (ciudad) de homicidas.
22 Tsã la, klosalo si le keklẽm la wònye, ke azɔ la, elé ɣebia eye wòzu abe wain nyuitɔ si wotɔ tsii ene.
Tu plata se ha tornado escoria; tu vino fue adulterado con agua;
23 Wò dumegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃, wolɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wotia nunanawo yome. Womeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o, eye ahosiwo ƒe nya medzɔna le woƒe ʋɔnu o.
tus príncipes son unos obstinados y compañeros de ladrones; todos aman el soborno y van tras los presentes; no hacen justicia al huérfano, ni llega a ellos la causa de la viuda.
24 Eya ta ale Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Ŋusẽtɔ la gblɔe nye esi. “O! Makpɔ gbɔɖeme tso nye ketɔwo ƒe asi me, eye mabia hlɔ̃ nye futɔwo.
Por esto dice el Señor, Yahvé de los ejércitos, el Fuerte de Israel: “Voy a tomar satisfacción de mis adversarios y venganza de mis enemigos, quitaré de ti todo el metal impuro.
25 Matrɔ atsi tsitre ɖe mia ŋu, atsra mia me, eye maɖe nu kuklui siwo nye ɖiƒoƒo la ɖa le mia me.
Volveré mi mano sobre ti, y limpiaré como con lejía tus escorias,
26 Emegbe la, maɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na mi abe tsã ene, eye mana aɖaŋudelawo mi abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene. Emegbe la, woayɔ mi be Dzɔdzɔenyenye kple Nuteƒewɔwɔ ƒe Du.”
Restituiré tus jueces como fueron al principio, y tus consejeros como eran antes; después de lo cual serás llamada ciudad de justicia, ciudad fiel.”
27 Woaɖe Zion kple afia nyui tsotso, eye woaɖe eƒe dzimetrɔlawo kple dzɔdzɔenyenye.
Sión será redimida con justicia, y sus convertidos, con equidad.
28 Ke woagbã aglãdzelawo kple nu vɔ̃ wɔlawo siaa gudugudu, eye woatsrɔ̃ ame siwo gbe nu le Yehowa gbɔ.
Los transgresores y los pecadores serán quebrantados juntamente, y anonadados los que abandonan a Yahvé.
29 “Ŋu akpe mi le logoti siwo ŋu miekpɔa dzidzɔ le la ŋu; woade ŋukpe mo na mi le abɔ siwo mielɔ̃na la ta.
Pues os avergonzareis de las encinas que habéis amado, y os abochornaréis por los jardines que habéis escogido.
30 Miazu abe logoti aɖe si ƒe aŋgbawo yrɔ kple abɔ si me tsi aɖeke mele o la ene.
Seréis como encina cuya hoja se marchita, y como huerto sin agua.
31 Ame sesẽ la azu gbe ƒuƒu, eƒe dɔwɔwɔ azu dzoxi, wo ame eve la woabi, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.”
Será el fuerte como estopa, y su obra cual chispa; arderán los dos juntos, y no habrá quien apague el fuego.

< Yesaya 1 >