< Yesaya 9 >

1 Ke hã la, blukɔdodo ƒe ɣeyiɣi kple dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣi manɔ anyi ɖikaa o. Tsã la, èbɔbɔ Zebulonyigba kple Naftalinyigba ɖe anyi. Ke le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, ade bubu dukɔ siwo le Ƒutamɔ dzi kple esiwo le Yɔdan godo la ŋu.
Nevertheless, there will be no more gloom for those in distress. In the past He humbled the land of Zebulun and the land of Naphtali, but in the future He will honor the Way of the Sea, beyond the Jordan, Galilee of the nations:
2 Dukɔ si le viviti me zɔm la kpɔ kekeli gã aɖe, ame siwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ na wo.
The people walking in darkness have seen a great light; on those living in the land of the shadow of death, a light has dawned.
3 Èdzi dukɔ la ɖe edzi, eye nèdzi woƒe dzidzɔkpɔkpɔ hã ɖe edzi. Wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwòme abe ale si amewo kpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi kple abe ale si amewo kpɔa dzidzɔ ne wole aboyonu mam la ene.
You have enlarged the nation and increased its joy. The people rejoice before You as they rejoice at harvest time, as men rejoice in dividing the plunder.
4 Ale si wònɔ le Midiatɔwo ŋɔli ene la, ègbã kɔkuti si nye agba la na wo, èɖe kɔsɔkɔsɔ si le kɔ na wo kple ame siwo te wo ɖe anyi la ƒe ameƒoti ɖa.
For as in the day of Midian You have shattered the yoke of their burden, the bar across their shoulders, and the rod of their oppressor.
5 Woatɔ dzo aʋawɔlawo ƒe afɔkpawo kple awu si bliba ʋu le aʋa me la, eye dzo afia wo,
For every trampling boot of battle and every garment rolled in blood will be burned as fuel for the fire.
6 elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí. Dziɖuɖu le eƒe abɔta, eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be, “Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ, Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia.”
For unto us a child is born, unto us a son is given, and the government will be upon His shoulders. And He will be called Wonderful Counselor, Mighty God, Everlasting Father, Prince of Peace.
7 Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔ eƒe fiaɖuƒe ŋu o. Aɖu fia le fofoa David ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me, ne woafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso ɣe ma ɣi yi ɖe mavɔ me. Nu sia ava eme, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe didi vevie awɔe ade goe.
Of the increase of His government and peace there will be no end. He will reign on the throne of David and over his kingdom, to establish and sustain it with justice and righteousness from that time and forevermore. The zeal of the LORD of Hosts will accomplish this.
8 Aƒetɔ la ɖo du ɖe Yakob, eye wòava ƒo ɖe Israel dzi
The Lord has sent a message against Jacob, and it has fallen upon Israel.
9 ne amewo katã nadze sii hekpe ɖe Efraim kple Samariatɔwo, ame siwo nɔa gbɔgblɔm le dada kple adegbe ƒuƒlu me be,
All the people will know it— Ephraim and the dwellers of Samaria. With pride and arrogance of heart they will say:
10 “Anyikpewo mu dze anyi, gake míagbugbɔ wo atu kple kpe tɔxɛwo; wotso gbotiwo ƒu anyi, ke míado sedatiwo ɖe wo teƒe”,
“The bricks have fallen, but we will rebuild with finished stone; the sycamores have been felled, but we will replace them with cedars.”
11 gake Yehowa do Rezin ƒe futɔwo ɖe dzi ɖe wo ŋu, eye wòde ƒu lãme na eƒe futɔwo.
The LORD has raised up the foes of Rezin against him and joined his enemies together.
12 Aram tso ɣedzeƒe, eye Filistitɔwo tso ɣetoɖoƒe vuvu Israel kple nu siwo ke ɖi baa la. Togbɔ be esiawo katã dzɔ hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ɖe wo ŋu ko.
Aram from the east and Philistia from the west have devoured Israel with open mouths. Despite all this, His anger is not turned away; His hand is still upraised.
13 Gake ame siawo metrɔ ɖe ame si ƒo wo la ŋu o, wogbe be yewomadi Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la yomemɔ o.
But the people did not return to Him who struck them; they did not seek the LORD of Hosts.
14 Ale Yehowa tsrɔ̃ ta kple asike, deʋaya kple keti siaa ɖa tso Israel le ŋkeke ɖeka dzi.
So the LORD will cut off Israel’s head and tail, both palm branch and reed in a single day.
15 Ame tsitsiwo kple ame ŋkutawoe nye ta la, eye nyagblɔɖila siwo fiaa alakpadada lae nye asike la.
The head is the elder and honorable man, and the tail is the prophet who teaches lies.
16 Ame siawo kplɔlawo nye ameblelawo, eye ame siwo blem wole la bu.
For those who guide this people mislead them, and those they mislead are swallowed up.
17 Eya ta Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le ɖekakpuiwo ŋu alo ave tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nu o, elabena wo katã wonye mawumavɔ̃lawo kple ame vɔ̃ɖiwo eye wo katã wogblɔa nya vlowo. Ke le esiawo katã megbe hã la, eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.
Therefore the Lord takes no pleasure in their young men; He has no compassion on their fatherless and widows. For every one of them is godless and wicked, and every mouth speaks folly. Despite all this, His anger is not turned away; His hand is still upraised.
18 Vavã ŋutasesẽ le bibim abe dzo ene. Efia ŋuwo kple aŋɔkawo, eye wòtɔ dzo avekɔewo kple avedodowo, ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.
For wickedness burns like a fire that consumes the thorns and briers and kindles the forest thickets which roll upward in billows of smoke.
19 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔmedzoe na dzo ƒo anyigba, eye dukɔ la anye dzodonu, ame aɖeke makpɔ nɔvia ta o.
By the wrath of the LORD of Hosts the land is scorched, and the people are fuel for the fire. No man even spares his brother.
20 Woavuvu nu le ɖusime, gake dɔ aganɔ wo wum, woaɖu nu le miame, gake womaɖi ƒo o. Ame sia ame aɖu eya ŋutɔ ƒe dɔmevi ƒe lã.
They carve out what is on the right, but they are still hungry; they eat what is on the left, but they are still not satisfied. Each one devours the flesh of his own offspring.
21 Manase aɖu Efraim, eye Efraim aɖu Manase, wo kple eve la siaa woatso ɖe Yuda ŋu. Le esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu metsi o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.
Manasseh devours Ephraim, and Ephraim Manasseh; together they turn against Judah. Despite all this, His anger is not turned away; His hand is still upraised.

< Yesaya 9 >