< Yesaya 7 >

1 Le Yuda fia, Ahaz, Uzia ƒe vi, Yotam ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli la, Siria fia Rezin kple Israel fia, Peka, Remalia ƒe vi, woho aʋa va dze Yerusalem dzi, gake womete ŋu xɔ du la o, du la gale te ko.
And it happened in the days of Ahaz, the son of Jotham, the son of Uzziah, the king of Judah, that Rezin, the king of Syria, and Pekah, the son of Remaliah, king of Israel, ascended to Jerusalem to battle against it. But they were not able to defeat it.
2 Azɔ wogblɔ na David ƒe aƒe la be, Siria wɔ ɖeka kple Efraim, eya ta Ahaz kple dukɔ la katã ƒe dzi ʋuʋu abe ale si ya ʋuʋua avemetiwoe ene.
And they reported to the house of David, saying: “Syria has withdrawn to Ephraim.” And his heart was shaken, with the heart of his people, just as the trees of the forest are moved by the face of the wind.
3 Yehowa gblɔ na Yesaya be, “Wò kple viwò ŋutsu, Seya Yasub, mido go ne miakpe Ahaz le dzigbeta si le avɔnyala ƒe mɔdzi la ƒe nuwuƒe.
And the Lord said to Isaiah: Go out to meet Ahaz, you and your son, Jashub, who was left behind, to the end of the aqueduct, at the upper pool, on the road to the fuller’s field.
4 Gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ nyuie, lé dzi ɖe ƒo, eye mègavɔ̃ o. Dzi megaɖe le ƒo wò le dzoti takpo eve siawo, Rezin kple Siria kpakple Remalia ƒe vi ƒe dziku sesẽ la ta o.
And you shall say to him: “See to it that you are silent. Do not be afraid. And have no dread in your heart over the two tails of these firebrands, nearly extinguished, which are the wrath of the fury of Rezin, king of Syria, and of the son of Remaliah.”
5 Siria, Efraim kple Remalia ƒe vi woɖo nugbe ɖe wò gbegblẽ ŋu be,
For Syria has undertaken a plan against you, with the evil of Ephraim and the son of Remaliah, saying:
6 “Mina míadze Yuda dzi; mina míavuvui, míamae ɖe mía ɖokuiwo dome, eye míatsɔ Tabel ƒe vi aɖo fiae ɖe enu.”
“Let us ascend to Judah, and stir it up, and tear it away for ourselves, and appoint the son of Tabeel as a king in its midst.”
7 Gake ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “‘Madze edzi o, mava eme o,
Thus says the Lord God: This shall not stand, and this shall not be.
8 elabena Siria ƒe tae nye Damasko, eye Damasko ƒe tae nye Rezin. Le ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ la me, woagbã Efraim gudugudu, ale womaganɔ te o.
For the head of Syria is Damascus, and the head of Damascus is Rezin; and within sixty-five years from now, Ephraim will cease to be a people.
9 Efraim ƒe tae nye Samaria, eye Samaria ƒe tae nye Remalia ƒe viŋutsu. Ne mienɔ te sesĩe le xɔse me o la, ekema mianɔ te hã o.’”
For the head of Ephraim is Samaria, and the head of Samaria is the son of Remaliah. If you will not believe, you will not continue.
10 Yehowa gaƒo nu na Ahaz be,
And the Lord spoke further to Ahaz, saying:
11 “Bia dzesi Yehowa, wò Mawu la. Eɖanye gogloƒe ke loo alo kɔkɔƒe ke o.” (Sheol h7585)
Ask for a sign for yourself from the Lord your God, from the depths below, even to the heights above. (Sheol h7585)
12 Ke Ahaz ɖo eŋu nɛ be, “Nyemabia o; nyemado Yehowa akpɔ o.”
And Ahaz said, “I will not ask, for I will not tempt the Lord.”
13 Tete Yesaya gblɔ be “Azɔ la, David ƒe aƒe, see. Ɖe mesɔ gbɔ be miado amegbetɔ ƒe dzigbɔɖi akpɔ oa? Ɖe miado nye Mawu hã ƒe dzigbɔɖi akpɔa?
And he said: “Then listen, O house of David. Is it such a small thing for you to trouble men, that you must also trouble my God?
14 Eya ta Aƒetɔ la ŋutɔ ana dzesi mi. Ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, ana ŋkɔe be Imanuel.
For this reason, the Lord himself will grant to you a sign. Behold, a virgin will conceive, and she will give birth to a son, and his name will be called Immanuel.
15 Ano nyinotsi babla kple anyitsi va se ɖe esime wòanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome,
He will eat butter and honey, so that he may know to reject evil and to choose good.
16 gake hafi ɖevi la nanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ domee la, fia eve siwo mievɔ̃na na vevie la ƒe anyigba azu gbegbe.
But even before the boy knows to refuse evil and to choose good, the land that you detest will be abandoned by the face of her two kings.
17 Yehowa ana be ŋɔdzinu si tɔgbi medzɔ kpɔ tso keke esime Efraim ma ɖa tso Yuda gbɔ o la nadzɔ ɖe wò kple wò amewo kple fofowò ƒe aƒe dzi. Akplɔ Asiria fia aƒu wò.”
The Lord will lead over you, and over your people, and over the house of your father, such days as have not occurred since the days of the separation of Ephraim from Judah by the king of the Assyrians.
18 Gbe ma gbe la, Yehowa alia aku ayɔ nudzodzoewo tso Egipte tɔʋuwo ƒe mlɔewo nu ke kple anyiwo tso Asirianyigba dzi
And this shall be in that day: the Lord will call for the fly, which is in the most distant parts of the rivers of Egypt, and for the swarm, which is in the land of Assur.
19 Woava adze ɖe bali globowo kple kpetowo me. Woava dze ɖe ŋuvewo kple tsiʋewo katã me.
And they will arrive, and they all will rest in the torrents of the valleys, and in the caverns of the rocks, and in every thicket, and in every opening.
20 Gbe ma gbe la, Aƒetɔ la atsɔ lãnu si wòɣe le tɔ la godo, Asiria fia, be wòalũ ta na mi, alũ ɖa siwo le miaƒe afɔwo ŋu, eye wòalũ ge hã na mi.
In that day, the Lord will shave with a razor the ones hired by those who are across the river, by the king of the Assyrians, from the head to the hairs of the feet, with the entire beard.
21 Gbe ma gbe la, nyivi ɖeka kple gbɔ̃ eve pɛ koe atsi ame ɖeka si.
And this shall be in that day: a man will raise a cow among oxen, and two sheep,
22 Ɖe nyinotsi gbogbo si wonana ta la, ame sia ame akpɔ nyinotsi babla aɖu. Ame siwo katã susɔ ɖe anyigba la dzi la, aɖu nyinotsi kpekẽ la, eye woano anyitsi hã.
and, instead of an abundance of milk, he will eat butter. For all who are left behind in the midst of the land will eat butter and honey.
23 Gbe ma gbe la, afi sia afi si wainka akpe le, eye wòxɔa klosaloga akpe ɖeka la, ŋu kple aŋɔkawo koe amie ɖe teƒe ma.
And this shall be in that day: every place, where there were a thousand grapevines worth a thousand pieces of silver, will become thorns and briers.
24 Ŋutsuwo ayi afi ma kple da kple dati, elabena ŋu kple aŋɔkawo koe axɔ anyigba la dzi.
They will enter such places with arrows and bows. For briers and thorns will be throughout the entire land.
25 Ke hena togbɛ siwo woŋlɔna kple kodzoe tsã la, miagate ŋu ayi afi mawo o, ɖe vɔvɔ̃ na ŋu kple aŋɔkawo ta, ke woava zu nyiwo kple alẽwo nyiƒe.
But as for all the mountains, which will be dug with a hoe, the terror of thorns and briers will not approach those places. And there will be pasture land for oxen, and a range for cattle.”

< Yesaya 7 >