< Yesaya 66 >

1 Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Dziƒoe nye nye fiazikpui, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Afi ka xɔ si miatu nam la le? Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ.
Thus saith Jehovah: Heaven is my throne, And the earth my footstool; Where is the house that ye can build me, And where is the place of my rest?
2 Menye nye asie wɔ esiawo katã, eye wova dzɔ oa?” Yehowae gblɔe. “Esiae nye ame si mebuna; ame si bɔbɔ eɖokui, da ahe le gbɔgbɔ me, eye ne ese nye nya la, wòdzona nyanyanya.
For all these things hath my hand made; By it do all these things exist, saith Jehovah. But to this man will I look, Even to him who is humble and of a contrite spirit, And who trembleth at my word.
3 Ke ame si tsɔ nyitsu sa vɔe la, sɔ kple ame si wu ame, eye ame si tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple ame si ŋe kɔ na avu. Ame si sa nuɖuvɔ la, sɔ kple ame si tsɔ ha ƒe ʋu sa vɔe, eye ame si do ŋkuɖodzi ƒe dzudzɔ ʋeʋĩ la, sɔ kple ame si subɔ legba. Wotia woawo ŋutɔ ƒe mɔwo, eye woƒe luʋɔ dzɔa dzi le woƒe ŋunyɔnuawo ŋu,
He that slayeth an ox killeth a man; He that sacrificeth a lamb beheadeth a dog; He that maketh an oblation offereth swine's blood; He that burneth incense blesseth an idol. Yea, they have chosen their own ways, And in their abominations their souls delight.
4 eya ta nye hã masẽ ŋuta le wo ŋu, eye mana nu si le ŋɔ dzim na wo la nava wo dzi, elabena esi meyɔ wo la, ame aɖeke metɔ o, eye esi meƒo nu la, ame aɖeke meɖo to o. Wowɔ nu vɔ̃ɖi le nye ŋkume, eye wotia nu si medoa dzidzɔ nam o.”
I also will choose their calamities; What they dread I will bring upon them; Because I called, and no one answered, I spake, and they did not hear; But they did what is evil in my sight, And chose that in which I have no delight.
5 Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la, mise Yehowa ƒe nya. “Mia nɔviŋutsu siwo lé fu mi, eye woɖe mi ɖe aga le nye ŋkɔ ta la, gblɔ be, ‘Wonetsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa be miakpɔ miaƒe dzidzɔ’, gake ŋukpe alé wo.
Hear the word of Jehovah, Ye that tremble at his word! “Your brethren that hate you, And thrust you out for my name's sake, have said, “May Jehovah be glorified, that we may see your joy!” But they shall be confounded.
6 Se hoowɔwɔ ma si tso dua me kple ɣli si le ɖiɖim tso gbedoxɔ me la ɖa. Gbeɖiɖi la nye Yehowa ƒe gbe. Ele fetu si dze na eƒe futɔwo la xem na wo.
A voice of tumult from the city! A voice from the temple! The voice of Jehovah, rendering recompense to his enemies!
7 “Edzi vi hafi lé ku. Edzi ŋutsuvi hafi fu ɖui.
Before she was in travail, she brought forth, Before her pangs came, she was delivered of a son.
8 Ame kae se esia tɔgbi kpɔ? Ame kae kpɔ esiawo kpɔ? Ɖe woate ŋu adzi dukɔ aɖe le ŋkeke ɖeka me, alo woadzi anyigba aɖe zi ɖeka kpoyia? Ke Zion ya léa ku hedzia viawo zi ɖeka kpoyi.
Who hath heard such a thing? Who hath seen such things? Is a country brought forth in a day? Is a nation born at once? For as soon as Zion was in travail, she brought forth her children.
9 Ɖe mana be vidziɣi naɖo, gake magbe vixexea?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nye ame si ɖe mɔ be woadzi vi la, natu vidzidɔa?” Wò Mawu lae gblɔe.
Shall I bring to the birth, and not cause to bring forth, saith Jehovah; Shall I, who beget, restrain the birth? saith thy God.
10 “Mitso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye mikpɔ dzidzɔ kplii, mi ame siwo katã lɔ̃e. Mitso dzidzɔ ƒe aseye kplii, mi ame siwo katã fa konyi ɖe eta,
Rejoice ye with Jerusalem, And exult for her, all ye that love her! Be very joyful with her, all ye that mourn for her!
11 elabena miano eƒe akɔfafa ƒe no, eye miaɖi kɔ. Mianoe fũu, eye ale si notsi la le dodom bababa la, ana miaƒe dziwo nadze eme.”
That ye may suck, and be satisfied, from the breast of her consolations, That ye may suck and be delighted with the fulness of her glory.
12 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, “Matsɔ ŋutifafa nɛ wòasi abe tɔsisi ene, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava nɛ abe tɔʋu si ɖɔ gbã go la ene. Àno eƒe no, akɔ wò ɖe eƒe abɔwo me, eye àfe le eƒe atata.
For thus saith Jehovah: Behold, I will bring prosperity to her like a river, And the wealth of the nations like an overflowing stream; Ye shall suck at the breast, Ye shall be carried on the arm, And on the knees shall ye be dandled.
13 Abe ale si vi dada faa akɔe na via ene la, nenema mafa akɔ na mi, eye woafa akɔ na mi le Yerusalem ta.”
As one whom his mother comforteth, So will I comfort you; And in Jerusalem shall ye be comforted.
14 Ne miekpɔ esia la, miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ, eye miatsi abe gbe ene. Woaɖe Yehowa ƒe asi ɖe go afia eƒe dɔlawo. Ke woaɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la, afia eƒe futɔwo.
Ye shall see, and your heart shall rejoice, And your bones shall flourish like a green plant, And the hand of Jehovah shall be manifested to his servants, And be moved with indignation against his enemies.
15 Kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna kple dzo bibi, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahomya ene. Aɖe eƒe dziku ɖe go le dɔmedzoe helĩhelĩ me, eye wòaɖe eƒe mokaname afia le dzo ƒe aɖewo me,
For behold, Jehovah cometh with fire, Like a whirlwind are his chariots, To breathe forth his anger in a glowing heat, And his rebuke in flames of fire.
16 elabena Yehowa atsɔ dzo kple eƒe yi ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava amewo katã dzi. Ame geɖewoe nye ame siwo Yehowa awu.
For with fire will Jehovah contend, And with his sword, with all flesh, And many shall be the slain of Jehovah.
17 Yehowa be, “Ame siwo wɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe hekɔ wo ɖokuiwo ŋu nyuie be woayi ɖe abɔwo me, eye wokplɔ ame si le titina na halã, alegeli kple ŋunyɔnu bubuwo ɖulawo ɖo la, wo katã woatsrɔ̃ ɖekae.
They who sanctify and purify themselves in the groves, Following one in the midst, Who eat swine's flesh, and the abomination, and the mouse. They shall all perish together, saith Jehovah.
18 “Ke nye la, le woƒe nuwɔnawo kple tameɖoɖo ta la, esusɔ vie mava ƒo dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo katã nu ƒu be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe.
For I know their works, and their thoughts; The time cometh to gather all nations and tongues together; They shall come, and behold my glory.
19 “Maɖo dzesi anyi ɖe wo dome, eye maɖo ame siwo tsi agbe la ƒe ɖewo ɖe dukɔwo dome, ɖe Tarsis, Libia kple Lidiatɔwo dome, ame siwo xɔ ŋkɔ le aŋutrɔdada me. Maɖo ɖewo ɖe Tubal, Griknyigba dzi kple didiƒeƒukpowo dzi, afi si womese nye gãnyenye alo kpɔ nye ŋutikɔkɔe le kpɔ o. Woaɖe gbeƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome.
And I will give a sign among them, And of those that escape I will send to the nations, To Tarshish, Phul, and Lud, who draw the bow, to Tubal and Javan, To the distant coasts, who never heard my name, And who never saw my glory; And they shall declare my glory among the nations.
20 Woakplɔ nɔviwò ŋutsuwo katã ɖe asi vɛ, woanɔ sɔwo dzi, woanɔ tasiaɖamwo me, woanɔ kekewo, tedzisɔwo kple kposɔwo dzi, tso dukɔwo katã dome ava nye to kɔkɔe, Yerusalem dzi abe vɔsa ene na Yehowa. Woatsɔ wo vɛ abe ale si Israelviwo tsɔa nuɖuvɔsa vaa Yehowa ƒe gbedoxɔ me ɖe agba gbadzɛwo me ene,
And they shall bring all your brethren From all the nations, an offering to Jehovah, Upon horses, and in chariots, and in litters, and upon mules and dromedaries, To my holy mountain, Jerusalem, saith Jehovah, As the sons of Israel bring their gifts In pure vessels to the house of Jehovah.
21 eye matia wo dometɔ aɖewo be woanye nunɔlawo kple Leviviwo.” Yehowae gblɔe.
And of them will I also take For priests and for Levites, saith Jehovah.
22 Yehowa be, “Abe ale si dziƒo kple anyigba yeye siwo mewɔ la anɔ anyi tegbee le nye ŋkume ene la, nenema ke wò ŋkɔ kple wò dzidzimeviwo anɔ anyi tegbee.
For as the new heavens, And the new earth, which I make, Endure before me, saith Jehovah, So shall your race and your name endure.
23 Tso Dzinu Yeye yi Dzinu Yeye, tso Dzudzɔgbe ɖeka yi Dzudzɔgbe bubu, amegbetɔwo katã ava ade ta agu ɖe nye ŋkume.
And it shall be, from new moon to new moon, And from sabbath to sabbath, That all flesh shall come and worship before me, saith Jehovah.
24 Woado go aɖakpɔ ame siwo dze aglã ɖe ŋunye la ƒe kukuawo, elabena woƒe nyewo maku o, woƒe dzowo matsi o, eye woanye ŋunyɔ na amegbetɔƒomea katã.”
Then shall they go forth and see The dead bodies of the men that rebelled against me! For their worm shall not die, And their fire shall not be quenched, And they shall be an abhorrence to all flesh.

< Yesaya 66 >