< Yesaya 65 >

1 “Meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o, eye ame siwo medim o la ke ɖe ŋunye. Dukɔ si meyɔ nye ŋkɔ o la, megblɔ nɛ be, ‘Nyee nye esi, nyee nye esi.’
“I have been inquired of by those who did not ask, I have been found by those who did not seek Me, I have said, Behold Me, behold Me, To a nation not calling on My Name.
2 Ŋkeke blibo la katã mekeke nye abɔwo me na dukɔ sẽto, ame siwo zɔna le mɔ manyomanyowo dzi hedzea wo ŋutɔ ƒe susuwo yome la.
I have spread out My hands all the day To an apostate people, Who are going in the way [that is] not good, After their own thoughts.
3 Ame siwo le dɔmedzoe dom nam ɣe sia ɣi ɖekematsɔlemetɔe. Wosa vɔ le abɔwo me, eye wodoa dzudzɔʋeʋĩwo le anyikpe ƒe vɔsamlekpuiwo dzi,
The people who are continually provoking Me to anger, To My face, Sacrificing in gardens, and making incense on the bricks:
4 ame siwo nɔa ameɖibɔwo me hedɔa ŋu le teƒe ɣaɣlɛwo, eye woɖua halã, woƒe detsizewo yɔna fũu kple lã makɔmakɔ ƒe detsiwo.
Who are dwelling among tombs, And lodge in reserved places, Who are eating flesh of the sow, And a piece of abominations—their vessels.
5 Ame siwo gblɔna be, ‘Nɔ adzɔge, mègate ɖe ŋu nye o, elabena mele kɔkɔe akpa na wò!’ Ame siawo tɔgbi la, dzudzɔe wonye le nye ŋɔtime. Dzo si le bibim ŋkeke blibo la katãe wonye.
Who are saying, Keep to yourself, do not come near to me, For I have declared you unholy. These [are] smoke in My anger, A fire burning all the day.
6 “Kpɔ ɖa, woŋlɔe ɖi ɖe nye ŋkume ɖaa. Nyemazi ɖoɖoe o. Maɖo eteƒe na wo, wòasu wo nyuie. Maɖo eteƒe atsɔ axe fe na wo,
Behold, it is written before Me: I am not silent, but have repaid; And I have repaid into their bosom,
7 miaƒe nu vɔ̃wo kple mia fofowo tɔwo siaa, elabena wosa vɔ le towo tame, eye wodo tokum le togbɛwo dzi. Madzidze woƒe tohehe wòayɔ banaa, maɖo akɔ na wo ɖe woƒe tsã nu vɔ̃wo ta.” Yehowae gblɔe.
Your iniquities, and the iniquities of your fathers together,” said YHWH, “Who have made incense on the mountains, And have reproached Me on the heights, And I have measured their former work into their bosom.”
8 Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Abe ale si wofiaa wain le wain tsetsewo me vɔ, eye amewo gblɔna be, ‘Migatsɔe ƒu gbe o, elabena ɖe gale eme’ ene la, nenemae mawɔ ɖe nye dɔlawo ŋu, nyematsrɔ̃ wo katã o.
Thus said YHWH: “As the new wine is found in the cluster, And one has said, Do not destroy it for a blessing [is] in it, So I do for My servants’ sake, Not to destroy the whole.
9 Mana dzidzimewo nado tso Yakob me, eye ame siwo axɔ nye towo woanye woƒe domenyinu la ado tso Yuda me. Nye ame tiatiawo anyi nu siawo ƒe dome, eye afi mae nye dɔlawo anɔ.
And I have brought out a Seed from Jacob, And from Judah a Possessor of My mountain, And My chosen ones possess it, And My servants dwell there.
10 Saron azu lãnyiƒe na alẽhawo, eye Akor ƒe balime azu nyiwo ƒe gbɔɖemeƒe na nye ame siwo dia nye mɔ.
And Sharon has been for the habitation of a flock, And the Valley of Achor for the lying down of a herd, For My people who have sought Me.
11 “Ke mi ame siwo gblẽ Yehowa ɖi, eye mieŋlɔ nye to kɔkɔe la be, mi ame siwo ɖo kplɔ̃ na Aklama, eye mieku wain si wotɔtɔ la, kplu banaa na Dzɔgbese la,
And you [are] those forsaking YHWH, Who are forgetting My holy mountain, Who are setting a table in array for Gad, And who are filling a mixture for Meni.
12 maɖo mi ɖi na yi, eye mi katã miado dɔgɔ̃e hena wuwu, elabena meyɔ mi gake mietɔ o. Meƒo nu gake mieɖo to o. Miewɔ nu tovo le nye ŋkume, eye mietia nu si metsri.”
And I have numbered you for the sword, And all of you bow down for slaughter, Because I called, and you have not answered, I have spoken, and you have not listened, And you do evil in My eyes, And on that which I did not desire—fixed.”
13 Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la dɔ awu mi. Nye dɔlawo ano nu; miawo la, tsikɔ awu mi. Nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la woado ŋukpe mi.
Therefore, thus said Lord YHWH: “Behold, My servants eat, and you hunger, Behold, My servants drink, and you thirst, Behold, My servants rejoice, and you are ashamed,
14 Nye dɔlawo adzi ha le woƒe dziwo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta, ke miawo la, miafa avi le dzi ƒe vevesese ta, eye miado ɣli le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta.
Behold, My servants sing from joy of heart, And you cry from pain of heart, And you howl from breaking of spirit.
15 Miagblẽ miaƒe ŋkɔwo ɖi na nye ame tiatiawo woawɔ wo ŋu dɔ abe fiƒodenuwo ene. Aƒetɔ Yehowa awu mi, ke eƒe dɔlawo ya la, atsɔ ŋkɔ bubu na wo.
And you have left your name For an oath for My chosen ones, And Lord YHWH has put you to death, And He gives another name to His servants;
16 Ame si ayra eɖokui le anyigba dzi la awɔe le nyateƒe ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me, eye ame si aka atam le anyigba dzi la, akae le nyateƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me, elabena woaŋlɔ fuɖename tsãtɔwo be, eye woaɣla ɖe nye ŋkuwo.
So that he who is blessing himself in the earth, Blesses himself in the God of faithfulness, And he who is swearing in the earth, Swears by the God of faithfulness, Because the former distresses have been forgotten, And because they have been hid from My eyes.
17 “Kpɔ ɖa, mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye. Womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi alo woava ame ƒe susu me o,
For behold, I am creating new heavens and a new earth, And the former things are not remembered, Nor do they ascend on the heart.
18 gake mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye tegbee ɖe nu si mawɔ la ŋu, elabena mawɔ Yerusalem be wòanye dzudzɔdonu, eye eƒe amewo anye dzidzɔkpɔlawo.
But rejoice, and rejoice forever, that I [am] Creator, For behold, I am creating Jerusalem [to be] a rejoicing, And her people a joy.
19 Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye nye amewo ƒe nu ado dzidzɔ nam. Womagase avifafa kple konyifaɣli le eme azɔ o.
And I have rejoiced in Jerusalem, And have rejoiced in My people, And the voice of weeping is not heard in her anymore, and the voice of crying.
20 “Ɖevi si xɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, alo amegãɖeɖi si ƒe ƒewo mede o la maganɔ afi ma o. Woabu ame si xɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku la abe ɖekakpui ene, eye nu vɔ̃ wɔla si mexɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku o la, woabui nɛ abe fiƒode ene.
There is not a suckling of [mere] days there anymore, And an aged man who does not complete his days, For the youth dies one hundred years old, And the sinner, one hundred years old, is lightly esteemed.
21 Woatu xɔwo anɔ wo me. Woade waingble, eye woaɖu eme kutsetse.
And they have built houses, and inhabited, And planted vineyards, and eaten their fruit.
22 Womagatu xɔ, eye ame bubuwo nanɔ wo me, alo woade agble ame bubu naɖu o, elabena abe ale si ati tsinae ene la, nenema nye amewo ƒe agbemeŋkekewo hã anɔ. Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo hena ɣeyiɣi didi aɖe.
They do not build, and another inhabit, They do not plant, and another eat, For as the days of a tree [are] the days of My people, And My chosen wear out the work of their hands.
23 Womadze agbagba dzodzro, alo adzi vi siwo woɖo dzɔgbevɔ̃e ɖi na la o, elabena woanye ame siwo Yehowa yra, woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo siaa.
They do not labor for a vain thing, Nor do they bring forth for trouble, For they [are] the seed of the blessed of YHWH, And their offspring with them.
24 Matɔ hafi woayɔm. Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.
And it has come to pass, They do not yet call, and I answer, They are yet speaking, and I hear.
25 Amegaxi kple alẽvi aɖu gbe le teƒe ɖeka. Dzata aɖu gbe abe nyi ene, ke ʋuʋudedi anye da ya ƒe nuɖuɖu. Womawɔ nu vevi ame alo agblẽ nu le nye to kɔkɔewo katã dzi o.” Yehowae gblɔe.
Wolf and lamb feed as one, And a lion eats straw as an ox, As for the serpent—its food [is] dust, They do no evil, nor destroy, In all My holy mountain,” said YHWH!

< Yesaya 65 >