< Yesaya 62 >

1 Le Zion ta la, nyemazi ɖoɖoe o, le Yerusalem ta la, nyemazi kpi o, va se ɖe esime eƒe dzɔdzɔenyenye naklẽ abe kekeli ene, eye eƒe ɖeɖe nabi abe akakati ene.
διὰ Σιων οὐ σιωπήσομαι καὶ διὰ Ιερουσαλημ οὐκ ἀνήσω ἕως ἂν ἐξέλθῃ ὡς φῶς ἡ δικαιοσύνη μου τὸ δὲ σωτήριόν μου ὡς λαμπὰς καυθήσεται
2 Dukɔwo akpɔ wò dzɔdzɔenyenye, eye fiawo akpɔ wò ŋutikɔkɔe. Woayɔ ŋkɔ yeye si Yehowa ƒe nu atsɔ na wò la na wò.
καὶ ὄψονται ἔθνη τὴν δικαιοσύνην σου καὶ βασιλεῖς τὴν δόξαν σου καὶ καλέσει σε τὸ ὄνομά σου τὸ καινόν ὃ ὁ κύριος ὀνομάσει αὐτό
3 Ànye atsyɔ̃kuku le Yehowa ƒe asi me kple fiakuku le wò Mawu ƒe asi me.
καὶ ἔσῃ στέφανος κάλλους ἐν χειρὶ κυρίου καὶ διάδημα βασιλείας ἐν χειρὶ θεοῦ σου
4 Womagayɔ wò azɔ be Wogbe nu le egbɔ, alo ayɔ wò anyigba be Gbegbe o. Ke boŋ woayɔ wò be, Hefziba si gɔmee nye Eƒe nu nyo ŋunye, eye woayɔ wò anyigba be Biula, si gɔmee nye eɖe srɔ̃, elabena wò nu anyo Yehowa ŋu, eye wòaɖe wò anyigba abe srɔ̃ ene.
καὶ οὐκέτι κληθήσῃ καταλελειμμένη καὶ ἡ γῆ σου οὐ κληθήσεται ἔρημος σοὶ γὰρ κληθήσεται θέλημα ἐμόν καὶ τῇ γῇ σου οἰκουμένη
5 Abe ale si ɖekakpui ɖea ɖetugbii ene la, nenema ke viwò ŋutsuwo aɖe wòe, eye abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔe ɖe eƒe ŋugbetɔ ŋu ene la, nenemae wò Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwòe.
καὶ ὡς συνοικῶν νεανίσκος παρθένῳ οὕτως κατοικήσουσιν οἱ υἱοί σου μετὰ σοῦ καὶ ἔσται ὃν τρόπον εὐφρανθήσεται νυμφίος ἐπὶ νύμφῃ οὕτως εὐφρανθήσεται κύριος ἐπὶ σοί
6 O! Yerusalem, meɖo gbetakpɔlawo wò gliwo dzi. Womazi ɖoɖoe le ŋkeke me alo zã me o. Mi ame siwo yɔa Yehowa, migagbɔ ɖe eme o,
καὶ ἐπὶ τῶν τειχέων σου Ιερουσαλημ κατέστησα φύλακας ὅλην τὴν ἡμέραν καὶ ὅλην τὴν νύκτα οἳ διὰ τέλους οὐ σιωπήσονται μιμνῃσκόμενοι κυρίου
7 eye migana gbɔdzɔe o, va se ɖe esime wòaɖo Yerusalem te, awɔe wòanye kafukafunu le anyigba dzi.
οὐκ ἔστιν γὰρ ὑμῖν ὅμοιος ἐὰν διορθώσῃ καὶ ποιήσῃ Ιερουσαλημ ἀγαυρίαμα ἐπὶ τῆς γῆς
8 Yehowa ta eƒe ɖusibɔ kple eƒe alɔ sesẽ la be, “Nyemagatsɔ wò bli ana wò futɔwo wòanye nuɖuɖu na wo gbeɖe o, eye wain yeye si ŋuti nèku kutri ɖo la, nyemagana amedzrowo naxɔe ano o.
ὤμοσεν κύριος κατὰ τῆς δεξιᾶς αὐτοῦ καὶ κατὰ τῆς ἰσχύος τοῦ βραχίονος αὐτοῦ εἰ ἔτι δώσω τὸν σῖτόν σου καὶ τὰ βρώματά σου τοῖς ἐχθροῖς σου καὶ εἰ ἔτι πίονται υἱοὶ ἀλλότριοι τὸν οἶνόν σου ἐφ’ ᾧ ἐμόχθησας
9 Ke ame siwo xa nukuawo la, woaɖu wo, akafu Yehowa, eye ame siwo gbe waintsetseawo la, ano wo me ha le nye xɔxɔnu kɔkɔewo.”
ἀλλ’ ἢ οἱ συνάγοντες φάγονται αὐτὰ καὶ αἰνέσουσιν κύριον καὶ οἱ συνάγοντες πίονται αὐτὰ ἐν ταῖς ἐπαύλεσιν ταῖς ἁγίαις μου
10 Mito eme yi, mito agboawo me yi! Midzra mɔ ɖo na dukɔ la. Mido mɔ, mido mɔtatawo. Miɖe kpewo ɖa le mɔa dzi. Mikɔ aflaga dzi na dukɔwo.
πορεύεσθε διὰ τῶν πυλῶν μου καὶ ὁδοποιήσατε τῷ λαῷ μου καὶ τοὺς λίθους τοὺς ἐκ τῆς ὁδοῦ διαρρίψατε ἐξάρατε σύσσημον εἰς τὰ ἔθνη
11 Yehowa na woɖe gbeƒãe le anyigba ƒe mlɔenuwo ke be, “Migblɔ na Zion vinyɔnu la be, ‘Kpɔ ɖa, wò Ɖela gbɔna! Kpɔ ɖa, eƒe fetu kple eƒe teƒeɖoɖo kpe ɖe eŋuti.’”
ἰδοὺ γὰρ κύριος ἐποίησεν ἀκουστὸν ἕως ἐσχάτου τῆς γῆς εἴπατε τῇ θυγατρὶ Σιων ἰδού σοι ὁ σωτὴρ παραγίνεται ἔχων τὸν ἑαυτοῦ μισθὸν καὶ τὸ ἔργον πρὸ προσώπου αὐτοῦ
12 Woayɔ wo be, “Ame kɔkɔewo. Yehowa ƒe Ame siwo wòɖe.” Ke wò la, woayɔ wò be, “Ame si dim wole vevie,” eye woayɔ wò be, “Du si gbɔ womagagbe nu le o.”
καὶ καλέσει αὐτὸν λαὸν ἅγιον λελυτρωμένον ὑπὸ κυρίου σὺ δὲ κληθήσῃ ἐπιζητουμένη πόλις καὶ οὐκ ἐγκαταλελειμμένη

< Yesaya 62 >