< Yesaya 61 >

1 Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be magblɔ nyanyui la na ame dahewo. Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã. Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo, eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;
主なる神の霊がわたしに臨んだ。これは主がわたしに油を注いで、貧しい者に福音を宣べ伝えることをゆだね、わたしをつかわして心のいためる者をいやし、捕われ人に放免を告げ、縛られている者に解放を告げ、
2 ne maɖe gbeƒã. Yehowa ƒe dɔmenyo ƒe ƒe la kple míaƒe Mawu la ƒe hlɔ̃biaŋkeke, eye mafa akɔ na konyifalawo.
主の恵みの年とわれわれの神の報復の日とを告げさせ、また、すべての悲しむ者を慰め、
3 Edɔm be mana nu Zion ƒe nuxalawo, ne maɖɔ atsyɔ̃fiakuku na wo ɖe dzofi teƒe, dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ami ɖe nuxaxa teƒe, kafukafu ƒe awu ɖe gbɔgbɔ si bu mɔkpɔkpɔ teƒe. Woayɔ wo be dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo, ati siwo Yehowa ŋutɔ do, be yeatsɔ aɖe yeƒe bubu afiae.
シオンの中の悲しむ者に喜びを与え、灰にかえて冠を与え、悲しみにかえて喜びの油を与え、憂いの心にかえて、さんびの衣を与えさせるためである。こうして、彼らは義のかしの木ととなえられ、主がその栄光をあらわすために植えられた者ととなえられる。
4 Woagbugbɔ blema ƒe aƒedowo atso, eye teƒe siwo zu glikpowo hena ɣeyiɣi didi aɖe la afɔ ɖe te. Woagbugbɔ du gbagbã siwo zu gbegbe hena dzidzime geɖewo la atso.
彼らはいにしえの荒れた所を建てなおし、さきに荒れすたれた所を興し、荒れた町々を新たにし、世々すたれた所を再び建てる。
5 Amedzroviwo anye miaƒe agbleŋlɔlawo kple waingble dzikpɔlawo.
外国人は立ってあなたがたの群れを飼い、異邦人はあなたがたの畑を耕す者となり、ぶどうを作る者となる。
6 Woayɔ mi be Yehowa ƒe nunɔlawo, eye woatsɔ ŋkɔ na mi be, miaƒe Mawu la ƒe hadɔwɔlawo. Miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye miaƒo adegbe le woƒe nunɔamesi siwo zu mia tɔ la ta.
しかし、あなたがたは主の祭司ととなえられ、われわれの神の役者と呼ばれ、もろもろの国の富を食べ、彼らの宝を得て喜ぶ。
7 Le woƒe ŋukpe teƒe la, nye dukɔ la axɔ gomekpɔkpɔ teƒe eve. Le vlododo teƒe la, woakpɔ dzidzɔ ɖe woƒe domenyinyi ŋuti; ale woaxɔ domenyinyi ƒe teƒe eve le woƒe anyigba dzi, eye dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ anye wo tɔ.
あなたがたは、さきに受けた恥にかえて、二倍の賜物を受け、はずかしめにかえて、その嗣業を得て楽しむ。それゆえ、あなたがたはその地にあって、二倍の賜物を獲、とこしえの喜びを得る。
8 “Elabena nye Yehowa, melɔ̃ nuteƒewɔwɔ. Metsri adzodada kple nu vɔ̃. Maɖo eteƒe na wo le nye nuteƒewɔwɔ me, eye mabla nu mavɔ kpli wo.
主なるわたしは公平を愛し、強奪と邪悪を憎み、真実をもって彼らに報いを与え、彼らと、とこしえの契約を結ぶからである。
9 Woadze si wo viwo le dukɔwo dome kple woƒe dzidzimeviwo le xexemetɔwo dome. Ame siwo akpɔ wo la ade dzesii be woawoe nye ame siwo Yehowa yra.”
彼らの子孫は、もろもろの国の中で知られ、彼らの子らは、もろもろの民の中に知られる。すべてこれを見る者はこれが主の祝福された民であることを認める。
10 Yehowa ƒe nu nyoa ŋunye ŋutɔ, eye nye luʋɔ le dzidzɔ kpɔm le nye Mawu me, elabena etsɔ ɖeɖe ƒe avɔwo ta nam, eye wòtsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya do nam, abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ ɖoa atsyɔ̃ na eƒe ta, abe nunɔla ene kple abe ale si ŋugbetɔ ɖoa atsyɔ̃e kple lekewɔnuwo ene.
わたしは主を大いに喜び、わが魂はわが神を楽しむ。主がわたしに救の衣を着せ、義の上衣をまとわせて、花婿が冠をいただき、花嫁が宝玉をもって飾るようにされたからである。
11 Elabena abe ale si nuku mienae ene kple agble si dzi woƒã nu ɖo nana nuku la tsinae ene la, nenemae Aƒetɔ Yehowa ana be dzɔdzɔenyenye kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋkume.
地が芽をいだし、園がまいたものを生やすように、主なる神は義と誉とを、もろもろの国の前に、生やされる。

< Yesaya 61 >