< Yesaya 60 >

1 “Tso nàklẽ, elabena wò kekeli do, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe dziwò,
起きよ、光を放て。あなたの光が臨み、主の栄光があなたの上にのぼったから。
2 elabena kpɔ ɖa, viviti ado ɖe anyigba katã dzi, eye blukɔ tsiɖitsiɖi atsyɔ eƒe amewo dzi, gake Yehowa adze ɖe dziwò, eye eƒe ŋutikɔkɔe anɔ dzedzem le dziwò.
見よ、暗きは地をおおい、やみはもろもろの民をおおう。しかし、あなたの上には主が朝日のごとくのぼられ、主の栄光があなたの上にあらわれる。
3 Dukɔwo ava wò kekeli la gbɔ, eye fiawo ava wò agudzedze ƒe keklẽ la gbɔ.
もろもろの国は、あなたの光に来、もろもろの王は、のぼるあなたの輝きに来る。
4 “Fɔ mo dzi, eye nàkpɔ nu siwo ƒo xlã wò. Wo katã woƒo ƒu heva gbɔwò, viwò ŋutsuwo tso didiƒe ke va, eye wolé viwò nyɔnuwo ɖe abɔdome vɛ.
あなたの目をあげて見まわせ、彼らはみな集まってあなたに来る。あなたの子らは遠くから来、あなたの娘らは、かいなにいだかれて来る。
5 Ekema àkpɔe, ahako alɔgbɔnu. Wò dzi ati kpo, avu gblotoo kple dzidzɔkpɔkpɔ. Woatsɔ nu xɔasi siwo le atsiaƒu dzi la vɛ na wò, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava gbɔwò.
その時あなたは見て、喜びに輝き、あなたの心はどよめき、かつ喜ぶ。海の富が移ってあなたに来、もろもろの国の宝が、あなたに来るからである。
6 Kposɔwo ƒe ha axɔ wò anyigba dzi hekpe ɖe Midian kple Efa ƒe kposɔviwo ŋuti. Nenema ke Sebatɔwo katã hã ava ana sika kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo, eye woadzi ha akafu Yehowa.
多くのらくだ、ミデアンおよびエパの若きらくだはあなたをおおい、シバの人々はみな黄金、乳香を携えてきて、主の誉を宣べ伝える。
7 Woakplɔ Kedar ƒe lãhawo aƒo ƒu vɛ na wò, eye Nebayɔt ƒe agbowo asubɔ wò. Woaxɔ wo abe vɔsa ene le nye vɔsamlekpui dzi, eye maɖo atsyɔ̃ na nye gbedoxɔ kɔkɔe la.
ケダルの羊の群れはみなあなたに集まって来、ネバヨテの雄羊はあなたに仕え、わが祭壇の上にのぼって受けいれられる。こうして、わたしはわが栄光の家を輝かす。
8 “Ame kawoe nye ema le dzodzom le yame abe lilikpowo ene, alo abe ahɔnɛwo yina ɖe woƒe atɔwo me ene?
雲のように飛び、はとがその小屋に飛び帰るようにして来る者はだれか。
9 Vavãe ƒukpowo le mɔ kpɔm nam. Tarsis ƒe meliwo le ŋgɔ na wo, lɔ viwò ŋutsuwo tso didiƒewo gbɔnae kple woƒe klosalo kple sika be woatsɔ ade bubu Yehowa, wò Mawu kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu, elabena eyae ɖo atsyɔ̃ na wò.
海沿いの国々はわたしを待ち望み、タルシシの船はいや先にあなたの子らを遠くから載せて来、また彼らの金銀を共に載せて来て、あなたの神、主の名にささげ、イスラエルの聖者にささげる。主があなたを輝かされたからである。
10 “Amedzroviwo agbugbɔ wò gliwo aɖo, eye woƒe fiawo asubɔ wò. Togbɔ be meƒo mi le nye dziku me hã la, le nye dɔmenyo me la, makpɔ nublanui na mi.
異邦人はあなたの城壁を築き、彼らの王たちはあなたに仕える。わたしは怒りをもってあなたを打ったけれども、また恵みをもってあなたをあわれんだからである。
11 Wò agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa. Womatu wo akpɔ gbeɖe le ŋkeke me alo zã me o. Ale be amewo nate ŋu atsɔ dukɔwo ƒe kesinɔnuwo vɛ na mi. Woƒe fiawo anɔ ŋgɔ le dziɖuɖu ƒe asaɖabɔbɔ la me,
あなたの門は常に開いて、昼も夜も閉ざすことはない。これは人々が国々の宝をあなたに携えて来、その王たちを率いて来るためである。
12 eya ta dukɔ alo fiaɖuƒe si agbe be yemasubɔ mi o la, atsrɔ̃, eye woagbãe gudugudu.
あなたに仕えない国と民とは滅び、その国々は全く荒れすたれる。
13 “Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe ava dziwò. Woƒe sesewu, fɔfɔli kple papawu ava na wò be woaɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe la, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ada ɖe nye afɔɖoƒe.
レバノンの栄えはあなたに来、いとすぎ、すずかけ、まつは皆共に来て、わが聖所をかざる。またわたしはわが足をおく所を尊くする。
14 Ame siwo te wò ɖe to la, ƒe ŋutsuviwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò. Ame siwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woayɔ wò be Yehowa ƒe Du, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion.
あなたを苦しめた者の子らは、かがんで、あなたのもとに来、あなたをさげすんだ者は、ことごとくあなたの足もとに伏し、あなたを主の都、イスラエルの聖者のシオンととなえる。
15 “Togbɔ be wogble wò ɖi helé fu wò, eye ame aɖeke meto mewò yi o hã la, matsɔ wò awɔ atsyɔ̃ mavɔ kple dzidzɔe na dzidzimewo katã.
あなたは捨てられ、憎まれて、その中を過ぎる者もなかったが、わたしはあなたを、とこしえの誇、世々の喜びとする。
16 Àno dukɔwo ƒe notsi, eye àno fiawo ƒe no, ekema ànyae be, nye Yehowae nye wò Ɖela, eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye wò xɔnametɔ.
あなたはまた、もろもろの国の乳を吸い、王たちの乳ぶさを吸い、そして主なるわたしが、あなたの救主、また、あなたのあがない主、ヤコブの全能者であることを知るにいたる。
17 Matsɔ sika ana wò ɖe akɔbli teƒe, eye klosalo ɖe gayibɔ teƒe. Le ati teƒe la, matsɔ akɔbli na wò, eye mana gayibɔ wò ɖe kpe teƒe. Mawɔ ŋutifafa wòanye tatɔ na wò, eye dzɔdzɔenyenye nanye dziɖula na wò.
わたしは青銅の代りに黄金を携え、くろがねの代りにしろがねを携え、木の代りに青銅を、石の代りに鉄を携えてきて、あなたのまつりごとを平和にし、あなたのつかさびとを正しくする。
18 Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi, tsɔtsrɔ̃ loo alo gbegblẽ hã manɔ wò liƒowo dzi o. Ke boŋ àyɔ wò gliwo be Ɖeɖekpɔkpɔ, eye wò agbowo be Kafukafu.
暴虐は、もはやあなたの地に聞かれず、荒廃と滅亡は、もはやあなたの境のうちに聞かれず、あなたはその城壁を「救」ととなえ、その門を「誉」ととなえる。
19 Ɣe maganye wò akaɖi le ŋkeke me loo alo ɣleti naklẽ ɖe dziwò o, elabena Yehowa anye wò kekeli tegbee ye wò Mawu anye wò ŋutikɔkɔe.
昼は、もはや太陽があなたの光とならず、夜も月が輝いてあなたを照さず、主はとこしえにあなたの光となり、あなたの神はあなたの栄えとなられる。
20 Wò ɣe magaɖo to azɔ o, eye wò ɣleti hã magaɖo xɔ azɔ o. Yehowa anye wò kekeli mavɔ, eye wò konyifaŋkekewo nu ava ayi.
あなたの太陽は再び没せず、あなたの月はかけることがない。主がとこしえにあなたの光となり、あなたの悲しみの日が終るからである。
21 Ekema wò amewo katã anye dzɔdzɔetɔwo, eye anyigba anye wo tɔ tegbee. Wonye ati fɛ̃ si medo, kple nye asinudɔwɔwɔwo be woaɖe nye ŋutikɔkɔe afia.
あなたの民はことごとく正しい者となって、とこしえに地を所有する。彼らはわたしの植えた若枝、わが手のわざ、わが栄光をあらわすものとなる。
22 Ame ʋɛ siwo le mia dome la azu akpe, eye ame siwo mesɔ gbɔ o la azu dukɔ gã dranyi aɖe. Nyee nye Yehowa, le ewɔɣi la, mawɔ esia wòatsɔ kaba.”
その最も小さい者は氏族となり、その最も弱い者は強い国となる。わたしは主である。その時がくるならば、すみやかにこの事をなす。

< Yesaya 60 >