< Yesaya 6 >

1 Le ƒe si me Fia Uzia ku la, mekpɔ Aƒetɔ la wònɔ fiazikpui nyui kɔkɔ aɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la katã me.
En el año en que murió el rey Ocías, vi al Señor sentado en un trono alto y excelso y las faldas de su vestido llenaban el Templo.
2 Serafi siwo aʋala ade li na la le etame. Wotsɔ aʋala eve tsyɔ ŋkume, eve tsyɔ woƒe afɔwo, eye wotsɔ eve bubu le dzodzomii.
Encima de Él había serafines, cada uno de los cuales tenía seis alas: con dos se cubrían el rostro, con dos los pies, y con dos volaban.
3 Wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gbɔ be, “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la; anyigba blibo la katã yɔ fũu kple eƒe ŋutikɔkɔe.”
Y clamaban unos a otros, diciendo: “Santo, santo, santo es Yahvé de los ejércitos, llena está toda la tierra de su gloria.”
4 Woƒe gbe ƒe ɖiɖi na be ʋɔtrutiawo kple gbedoxɔ la ƒe agunu ʋuʋu, eye dzudzɔ yɔ gbedoxɔ la me taŋ.
Y los fundamentos de los umbrales se conmovieron a la voz del que clamaba; y la Casa se llenó de humo.
5 Eye megblɔ be, “Alele! Evɔ nam azɔ, elabena nu vɔ̃ wɔla, nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ si ƒe nuyi mekɔ o, eye wonye vɔ̃wɔlawo la dome; evɔ la, metsɔ nye ŋkuwo kpɔ Fia, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la.”
Entonces dije: “¡Ay de mí, que estoy perdido! Pues soy hombre de labios impuros, y habito en un pueblo de labios impuros, y mis ojos han visto al Rey, Señor de los ejércitos.”
6 Kasia Serafiawo dometɔ ɖeka dzo yi ɖe vɔ̃samlekpui la gbɔ, eye wòtsɔ abɛ tsɔ dzoka xɔxɔ le vɔsamlekpui la dzi hedzo va gbɔnye.
Y voló hacia mí uno de los serafines, que tenía en su mano una brasa ardiente, la cual con las tenazas había tomado de encima del altar.
7 Etsɔ dzoka xɔxɔ la tɔ nye nuyi hegblɔ be, “Kpɔ ɖa, woɖe wò vodadawo ɖa, eye wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò, elabena dzoka sia ka wò nuyi ŋuti.”
Con ella tocó mi boca y dijo: “Mira, esto ha tocado tus labios; quitada está tu iniquidad, y expiado tu pecado.”
8 Eye mese Aƒetɔ la ƒe gbe wòbia be, “Ame ka madɔ, eye ame ka ayi na mí?” Meɖo eŋu be, “Aƒetɔ, nyee nye esi, dɔm!”
Y oí la voz del Señor que decía: “¿A quién enviaré, y quién irá por nosotros?” Respondí: “Heme aquí; envíame a mí.”
9 Egblɔ nam be, “Yi nàgblɔ na ame siawo be, ‘Miaƒe towo ase nyawo, gake miase egɔme o. Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu, gake miele si dze gee o.’
Y dijo Él: “Ve y di a este pueblo: Oíd, y no entendáis; ved, y no conozcáis.
10 Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tu woƒe towo, eye nàmia woƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, woava kpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, ase nu kple woƒe towo, ase nu gɔme kple woƒe dziwo, eye woatrɔ akpɔ dɔyɔyɔ.”
Embota el corazón de este pueblo, y haz que sean sordos sus oídos y ciegos sus ojos; no sea que vea con sus ojos, y oiga con sus oídos, y con su corazón entienda, y se convierta y encuentre salud.”
11 Eye megblɔ bena “Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Aƒetɔ?” Eɖo ŋu be, “Va se ɖe esime duwo katã zu aƒedo, eye ame aɖeke megale wo me o. Va se ɖe esime aƒewo katã naɖi gbɔlo, eye anyigba la katã nazu gbegbe.
Yo pregunté: “¿Hasta cuándo, Señor?”. Y respondió: “Hasta que las ciudades queden devastadas y sin moradores, y las casas sin habitantes, y la tierra convertida en ruina completa;
12 Va se ɖe esime Yehowa nya ame sia ame ɖo ɖe aboyome, eye anyigba la katã nagblẽ keŋkeŋkeŋ.
hasta que Yahvé arroje lejos a los hombres, y la desolación abunde en medio de la tierra.
13 Togbɔ be ameawo ƒe akpa ewoliawo dometɔ ɖeka asusɔ ɖe anyigba dzi hã la, woagana wòazu gbegbe, gake abe ale si ne wolã logoti kple gboti, takpoawo susɔna ene la, nenema ke atiku kɔkɔe la azu atitakpo ɖe anyigba la dzi.”
Y si quedare de ellos solo la décima parte, volverán a ser destruidos. Mas como del terebinto y de la encina, aun talados, queda el tronco, así el tronco de (Israel) será semilla santa.”

< Yesaya 6 >