< Yesaya 59 >

1 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ mele kpuie akpa be mate ŋu aɖe ame, alo eƒe to mexe be mate ŋu ase nu o;
הן לא קצרה יד יהוה מהושיע ולא כבדה אזנו משמוע
2 ke boŋ miaƒe nu vɔ̃woe ma mi kple miaƒe Mawu dome. Miaƒe nu vɔ̃woe na wòɣla eƒe ŋkume ɖe mi be maɖo to mi o,
כי אם עונתיכם היו מבדלים בינכם לבין אלהיכם וחטאותיכם הסתירו פנים מכם--משמוע
3 elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu, eye vodada le asibidɛ ŋu na mi. Miaƒe nuyiwo da alakpa, eye miaƒe aɖewo gblɔ nya tovowo.
כי כפיכם נגאלו בדם ואצבעותיכם בעון שפתותיכם דברו שקר--לשונכם עולה תהגה
4 Ame aɖeke meli si gblɔna be wometso afia dzɔdzɔe o. Ame aɖeke meʋlia eɖokui ta to mɔ dzɔdzɔe dzi o, ke boŋ woɖoa ŋu ɖe nyahehe dzodzrowo ŋu. Wodaa alakpa. Wofɔa fuɖename ƒe fu hedzia nu vɔ̃ɖi.
אין קרא בצדק ואין נשפט באמונה בטוח על תהו ודבר שוא הרו עמל והוליד און
5 Woƒoa da ƒe aziwo, eye wolɔ̃a yiyiɖɔ. Ame si ɖu woƒe aziwo la, aku, eye ne ɖe gbã la, ƒli ado tso eme.
ביצי צפעוני בקעו וקורי עכביש יארגו האכל מביציהם ימות והזורה תבקע אפעה
6 Woƒe yiyiɖɔ menyo na avɔ o. Womate ŋu atsyɔ nu si wowɔ la o. Woƒe dɔwɔwɔwo nye dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo, eye nu baɖa wɔwɔ le woƒe asiwo me.
קוריהם לא יהיו לבגד ולא יתכסו במעשיהם מעשיהם מעשי און ופעל חמס בכפיהם
7 Woƒe afɔwo ƒua du gena ɖe nu vɔ̃ me, eye woɖea abla le ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi me. Woƒe susuwo nye susu vɔ̃ɖiwo. Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ bɔ ɖe woƒe mɔwo dzi.
רגליהם לרע ירצו וימהרו לשפך דם נקי מחשבותיהם מחשבות און--שד ושבר במסלותם
8 Womenya ŋutifafa ƒe mɔ o. Nu dzɔdzɔe wɔwɔ mele woƒe mɔwo dzi o. Wotrɔ woƒe mɔwo wozu mɔ gɔglɔ̃wo, eye ame siwo azɔ wo dzi ayi la, manya ŋutifafa o,
דרך שלום לא ידעו ואין משפט במעגלותם נתיבותיהם עקשו להם--כל דרך בה לא ידע שלום
9 eya ta nuteƒewɔwɔ le adzɔge na mi, eye dzɔdzɔenyenye metsɔ ɖe mia gbɔ o. Miekpɔ mɔ na kekeli, ke viviti sɔŋ ƒo xlã mi. Míekpɔ mɔ na xexea me ƒe kɔkɔ, ke blukɔ me boŋ ko zɔm miele.
על כן רחק משפט ממנו ולא תשיגנו צדקה נקוה לאור והנה חשך לנגהות באפלות נהלך
10 Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkugbagbãtɔwo ene, eye miele mɔ dim kple asi abe ame siwo mele nu kpɔm o la ene. Miele nu klim le ŋdɔkutsu dzatsi abe zã me ene, eye míele lãmesesẽtɔwo dome abe ame kukuwo ene.
נגששה כעורים קיר וכאין עינים נגששה כשלנו בצהרים כנשף באשמנים כמתים
11 Mi katã miele gbe tem abe sisiblisiwo ene, eye miele xɔxlɔ̃m nublanuitɔe abe ahɔnɛwo ene. Miele mɔ kpɔm na ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, gake miekpɔ ɖeke o. Miele mɔ kpɔm na ɖeɖe, gake metsɔ ɖe mia gbɔ o,
נהמה כדבים כלנו וכיונים הגה נהגה נקוה למשפט ואין לישועה רחקה ממנו
12 elabena míaƒe dzidadawo sɔ gbɔ le ŋkuwò me eye míaƒe nu vɔ̃wo le mía nu tsom. Míenya míaƒe dzidadawo, eye míedze si miaƒe nu vɔ̃,
כי רבו פשעינו נגדך וחטאותינו ענתה בנו כי פשעינו אתנו ועונתינו ידענום
13 siwo nye aglãdzedze, nugbeɖoɖo ɖe Yehowa ŋu, megbetɔtrɔ̃ de míaƒe Mawu la, ameteteɖeto, tsitretsitsi ɖe ame ŋu kple alakpanya siwo míeɣla ɖe míaƒe dzi me la gbɔgblɔ.
פשע וכחש ביהוה ונסוג מאחר אלהינו דבר עשק וסרה הרו והגו מלב דברי שקר
14 Ale wonya ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ do ɖe megbe, eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ tsi tsitre ɖe adzɔge. Nyateƒe le nu klim le kpɔdomewo, eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe ame o.
והסג אחור משפט וצדקה מרחוק תעמד כי כשלה ברחוב אמת ונכחה לא תוכל לבוא
15 Ale nyateƒe mele afi aɖeke woakpɔ o, eye ame si gbe nu le nu vɔ̃ɖi gbɔ la zu nuhaha. Yehowa ɖo ŋku anyi hekpɔ nu, ke mekpɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ le afi aɖeke o, eye medzɔ dzi nɛ o.
ותהי האמת נעדרת וסר מרע משתולל וירא יהוה וירע בעיניו כי אין משפט
16 Yehowa kpɔ be ame aɖeke meli o. Ewɔ moya nɛ be ame aɖeke meli si alé avu o, ale wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe alɔ xɔ na eɖokui, eye eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye lée ɖe te.
וירא כי אין איש וישתומם כי אין מפגיע ותושע לו זרעו וצדקתו היא סמכתהו
17 Edo dzɔdzɔenyenye abe eƒe akɔtakpoxɔnu ene, eye xɔxɔ ƒe gakuku le ta nɛ. Etsɔ hlɔ̃biabia ƒe awuwo do, eye wòtsɔ ŋuʋaʋã xatsa ɖe eɖokui ŋu abe doɖedzi ene.
וילבש צדקה כשרין וכובע ישועה בראשו וילבש בגדי נקם תלבשת ויעט כמעיל קנאה
18 Axe fe na wo ɖe nu siwo wowɔ la nu. Atsɔ dɔmedzoe axe fee na eƒe futɔwo, eye wòatsɔ teƒeɖoɖo axe fee na eƒe ketɔwo. Atsɔ nu si dze la axe fee na ƒukpowo.
כעל גמלות כעל ישלם--חמה לצריו גמול לאיביו לאיים גמול ישלם
19 Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo ade bubu eƒe ŋutikɔkɔe ŋu, elabena ele vava ge abe tsiɖɔɖɔ si le sisim kple ŋusẽ, eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ nyae ɖe du nu la ene.
ויראו ממערב את שם יהוה וממזרח שמש את כבודו כי יבוא כנהר צר רוח יהוה נססה בו
20 Yehowa be, “Ɖela ava Zion na Yakob ƒe ame siwo trɔ tso woƒe nu vɔ̃wo me.”
ובא לציון גואל ולשבי פשע ביעקב--נאם יהוה
21 Yehowa be, “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wo. Nye Gbɔgbɔ si le dziwò, nye nya siwo metsɔ de nuwò la madzo le nuwò alo le viwòwo ƒe nu alo le wò dzidzimeviwo ƒe nu tso azɔ dzi yi ɖe mavɔ me o,” Yehowae gblɔe.
ואני זאת בריתי אותם אמר יהוה--רוחי אשר עליך ודברי אשר שמתי בפיך לא ימושו מפיך ומפי זרעך ומפי זרע זרעך אמר יהוה מעתה ועד עולם

< Yesaya 59 >