< Yesaya 58 >

1 “Gblɔe kple ɣli, mègadzudzɔ o. Kɔ wò gbe dzi abe kpẽ ene. Gblɔ nye dukɔ ƒe aglãdzedze nɛ kple Yakob ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo nɛ.
"Cry aloud, do not spare, lift up your voice like a trumpet, and declare to my people their disobedience, and to the house of Jacob their sins.
2 Wole diyem gbe sia gbe. Edze abe ɖe wotsi dzi be woanya nye mɔwo abe ɖe wonye dukɔ si wɔa nu dzɔdzɔe, eye womeŋlɔ woƒe Mawu ƒe sewo be o la ene. Wole afiatsotso dzɔdzɔe dim tso gbɔnye, eye wòdze abe ɖe wotsi dzi be Mawu nate ɖe wo ŋu kpokploe ene.
Yet they seek me daily, and delight to know my ways: as a nation that did righteousness, and did not forsake the ordinance of their God, they ask of me righteous judgments; they delight to draw near to God.
3 Wobiana be, ‘Nu ka ŋuti míetsi nu dɔ, gake mède nu eme na mí o, eye míebɔbɔ mia ɖokuiwo, gake mède dze sii o?’ “Evɔ gbe si gbe mietsi nu dɔ la, miewɔ nu si dze mia ŋu, eye mieba miaƒe dɔwɔlawo katã.
'Why have we fasted,' say they, 'and you do not see? Why have we afflicted our soul, and you take no knowledge?' "Look, in the day of your fast you find pleasure, and exact all your labors.
4 Miaƒe nutsitsidɔ la wua enu kple dzrewɔwɔ, kple avuwɔwɔ, gawu la, mietu kɔ mia nɔewo tamesesẽtɔe kple miaƒe asi vɔ̃ɖiwo. Migakpɔ mɔ be ne mietsi nu dɔ nenema la, woase miaƒe gbe le dziƒo o.
Look, you fast for strife and contention, and to strike with the fist of wickedness: you do not fast this day so as to make your voice to be heard on high.
5 Ɖe esia nye nutsitsidɔ si tɔgbi melɔ̃na be ame nabɔbɔ eɖokui le ŋkeke ɖeka ko mea? Tadede agu abe keti ene, akpanyadzimɔmlɔ kple dzofimemɔmlɔ koe nye nutsitsidɔa? Eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke si dzea Yehowa ŋua?
Is such the fast that I have chosen? the day for a man to afflict his soul? Is it to bow down his head as a rush, and to spread sackcloth and ashes under him? Will you call this a fast, and an acceptable day to the LORD?
6 “Ɖe menye esiae nye nutsitsidɔ si metia oa, be woaɖe nu madzɔmadzɔwo ƒe gakɔsɔkɔsɔwo ɖa, woatu kɔkuti ƒe kɔsasawo, ne woana ablɔɖe ame siwo wote ɖe to, eye woaŋe kɔkuti ɖe sia ɖe oa?
"Isn't this the fast that I have chosen: to release the bonds of wickedness, to undo the bands of the yoke, and to let the oppressed go free, and that you break every yoke?
7 Ɖe menye eyae nye be nàna nuɖuɖu dɔwuitɔwo, ana nɔƒe ame dahe si le tsaglãla tsam, ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàta avɔ nɛ, eye màtrɔ megbe ade wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu oa?
Isn't it to distribute your bread to the hungry, and that you bring the poor who are cast out to your house? When you see the naked, that you cover him; and that you not hide yourself from your own flesh?
8 Ekema wò kekeli adze abe agudzedze ene, eye wò dɔyɔyɔ ado kaba. Ekema wò dzɔdzɔenyenye adze ŋgɔ na wò, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe axe megbe na wò.
Then your light shall break forth as the morning, and your healing shall spring forth speedily; and your righteousness shall go before you; the glory of the LORD shall be your rear guard.
9 Ekema àyɔ Yehowa, eye wòatɔ na wò. Àdo ɣli be wòaxɔ na wò, eye wòagblɔ be, ‘Nyee nye esi.’ “Ne èɖe teteɖeanyi ƒe kɔkuti ɖa, asifiafia ame kple ameŋugblẽnyawo gbɔgblɔ,
Then you shall call, and the LORD will answer; you shall cry, and he will say, 'Here I am.' "If you take away from the midst of you the yoke, the putting forth of the finger, and speaking wickedly;
10 ne ètsi nu dɔ hetsɔ wò nuɖuɖu na dɔwuitɔ, eye nèkpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe hiahiãwo gbɔ la, ekema wò kekeli adze le viviti me, eye wò zã anɔ abe ŋdɔkutsu ene.
and if you draw out your soul to the hungry, and satisfy the afflicted soul: then your light shall rise in darkness, and your obscurity be as the noonday;
11 Yehowa akplɔ wò ɖaa. Akpɔ wò hiahiãwo gbɔ le kuɖiɖinyigba dzi, eye wòado ŋusẽ wò ameti blibo la. Ànɔ abe abɔ si wode tsii nyuie kple vudo si memiena o ene.
and the LORD will guide you continually, and satisfy your soul in dry places, and make strong your bones; and you shall be like a watered garden, and like a spring of water, whose waters do not fail.
12 Wò amewo agbugbɔ blemaƒedowo atu, eye woaɖo gli ɖe gbe aɖe gbe tɔwo ƒe gɔmeɖokpe xoxowo dzi. Woayɔ wò be ‘Gli gbagbãwo ɖɔɖola kple mɔtata siwo to duwo me la dzraɖola.’
Those who shall be of you shall build the old waste places; you shall raise up the foundations of many generations; and you shall be called The repairer of the breach, The restorer of paths to dwell in.
13 “Ne èhe ɖe megbe tso Dzudzɔgbe ŋkeke la gbegblẽ gbɔ, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò le ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ke boŋ nèkpɔ dzidzɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu, eye nède bubu Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe la ŋu, ne ède bubu eŋu, mèlé wò mɔ tsɔ o, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò, alo gblɔ nya dzodzrowo o la,
"If you turn away your foot from the Sabbath, from doing your pleasure on my holy day; and call the Sabbath a delight, and the holy of the LORD honorable; and shall honor it, not doing your own ways, nor finding your own pleasure, nor speaking your own words:
14 ekema àkpɔ dzidzɔ le Yehowa me, eye mana be nàɖi tsa ade anyigba ƒe kɔkɔƒewo ahaɖu fofowò, Yakob ƒe domenyinu.” Yehowa ƒe nue gblɔe.
then you shall delight yourself in the LORD; and I will make you to ride on the high places of the earth; and I will feed you with the heritage of Jacob your father:" for the mouth of the LORD has spoken it.

< Yesaya 58 >