< Yesaya 56 >
1 Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Minɔ ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ dzi, eye miwɔ nu si le dzɔdzɔe, elabena nye ɖeɖe tsɔ ɖe mia gbɔ, eye esusɔ vie woaɖe nye dzɔdzɔenyenye ɖe go.
Így szól az Örökkévaló: Őrizzétek meg a jogot és cselekedjetek igazságot; mert közel van az én segítségem, hogy eljöjjön és igazságom, hogy megnyilvánuljon.
2 Woayra ame si wɔna alea heléa eme ɖe asi sesĩe, ame si megblẽa kɔ ɖo na Dzudzɔgbe la o, ke boŋ wòléa eme ɖe asi, eye menana eƒe asi wɔa nu vɔ̃ɖi o.”
Boldog a halandó, aki ezt cselekszi és az ember fia, aki ahhoz ragaszkodik, ki megőrzi a szombatot, hogy meg ne szentségtelenítse és megőrzi kezét, hogy semmi rosszat ne cselekedjék.
3 Amedzro si tsɔ eɖokui na Yehowa la megagblɔ be, “Yehowa le ɖe nye ge ɖa le eƒe dukɔ la dome” o. Ŋutsu si wota hã megafa konyi agblɔ be, “Ati ƒuƒu ko menye” o.
És ne mondja az idegen, ki az Örökkévalóhoz csatlakozott, mondván: el fog engem különíteni az Örökkévaló az ő népétől; és ne mondja a herélt: lám én száraz fa vagyok.
4 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, “Ne ŋutsu siwo wota, lé nye Dzudzɔgbe me ɖe asi, hetia nu si dzea ŋunye, eye wolé nye nubabla me ɖe asi goŋgoŋ la,
Mert így szól az Örökkévaló a heréltekről, akik megőrzik szombatjaimat és azt választják, amiben kedvet találok és ragaszkodnak szövetségemhez.
5 mana ŋkuɖodzikpe kple ŋkɔ wo ɖe nye gbedoxɔ kple eƒe gliwo me, esi nyo wu viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Matsɔ ŋkɔ mavɔ si womate ŋu aɖe ɖa akpɔ gbeɖe o la na wo.
Adok nekik házamban és falaim közt emléket és nevet, jobbat fiaknál és leányoknál, örökké tartó nevet adok neki, mely ki nem írtatik.
6 Ke hena amedzro siwo ku ɖe Yehowa ŋu be woanye dɔlawo nɛ, woalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe. Wo ame siwo katã lé nye Dzudzɔgbe me ɖe asi, womegblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye woku ɖe nye nubabla ŋu vevie la,
Az idegenek pedig, akik csatlakoztak az Örökkévalóhoz, hogy őt szolgálják és hogy szeressék az Örökkévaló nevét, lévén neki szolgáivá, mindenki, aki megőrzi a szombatot, hogy meg ne szentségtelenítse, és akik ragaszkodnak szövetségemhez –
7 woawoe makplɔ ava nye to kɔkɔe la dzi, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Maxɔ woƒe numevɔsa kple akpedavɔsa siwo wotsɔ va nye vɔsamlekpui dzi, elabena woayɔ nye aƒe la be dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.”
elviszem őket szent hegyemhez és megörvendeztetem imaházamban, égőáldozataik és vágóáldozataik kedvességül lesznek oltáromon, mert házam imaháznak fog neveztetni mind a népek számára.
8 Aƒetɔ Yehowa, ame si ƒo Israel ƒe amewo nu ƒu la be, “Magaƒo ame bubuwo nu ƒu, akpe ɖe ame siwo ƒo ƒu xoxo la ŋu.”
Úgymond az Úr, az Örökkévaló, összegyűjtője Izrael elszórtjainak; összegyűjtők még hozzája, az ő összegyűjtötteihez.
9 Miva, mi lã wɔadãwo katã. Miva ne miavuvu nu, mi avemelã wɔadãwo katã!
Minden vadja a mezőnek, jöjjetek falni, minden vad az erdőben!
10 Israel ƒe gbetakpɔlawo katã nye ŋkugbagbãtɔwo. Nunya metso aƒe ɖe wo gbɔ o. Avu si ƒe aɖe tu lae wonye. Womate ŋu awo o. Womlɔa anyi hekua drɔ̃e, eye alɔ̃ vivia wo nu.
Őrei vakok valamennyien, mit sem tudnak, mindnyájan néma kutyák, nem tudnak ugatni; álmodozva hevernek, szeretnek szunnyadozni.
11 Wonye avu siwo ɖua nutsu; nu meɖia ƒo na wo o. Wonye alẽkplɔla siwo mesea nugɔme o. Wo katã wolé woƒe mɔ tsɔ, ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe viɖe dim.
És a kutyák erős vágyúak, nem tudnak betelni, és maguk a pásztorok nem tudnak ügyelni; mindnyájan útjukra fordultak, kiki nyereségére egytől-egyig.
12 Ɖe sia ɖe doa ɣli be, “Miva, mina ne maku wain vɛ! Miva ne miano aha muame wòasu mi! Etsɔ hã nanɔ abe egbe ene alo nanyo sãa wu gɔ̃ hã.”
Jertek, hadd hozok bort, hadd igyunk részegítőt; és olyan mint ez lesz a holnapi nap, nagy, felette bőséges.