< Yesaya 54 >
1 “Tso aseye, o konɔ, wò ame si medzi vi kpɔ o. Wò ame si melé ku kpɔ o. Dzi ha nàdo dzidzɔɣli, elabena nyɔnu si tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu nyɔnu si si srɔ̃ le la.” Yehowae gblɔe.
Sing, O barren one, that thou hast not born: break forth into song, and rejoice aloud, that thou hast not travailed; for more are the children of the desolate than the children of the married wife, saith the Lord.
2 Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe edzi, he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi; he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi, mègatoe ɖe eme o. Didi wò agbadɔkawo ɖe enu, eye nàƒo wò tsyotiwo ɖe to sesĩe,
Enlarge the space of thy tent, and let them stretch forth the curtains of thy habitations, —spare not: lengthen thy cords, and strengthen thy stakes;
3 elabena akeke ta ayi ɖusime kple miame. Wò dzidzimeviwo axɔ dukɔwo ƒe anyigbawo le wo si, eye woatso aƒewo ɖe woƒe du gbagbãwo me, anɔ wo me.
For to the right and to the left shalt thou spread forth; and thy seed shall drive out nations, desolate cities shall they repeople.
4 “Mègavɔ̃ o, elabena wò mo matsi dãa o. Mègavɔ̃ na ŋukpeɖuɖu o, elabena womado vlo wò o. Àŋlɔ wò ɖetugbimeŋukpewo be, eye màgaɖo ŋku wò ahosinyenye ƒe vlododowo dzi o,
Fear not, for thou shalt not be made ashamed; and be not confounded, for thou shalt not be put to the blush; for the shame of thy youth shalt thou forget, and the reproach of thy widowhood shalt thou not remember any more.
5 elabena wò wɔlae nye srɔ̃wò. Eƒe ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ. Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò Ɖela. Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu.
For thy husband is thy Maker, the Lord of hosts is his name; and thy Redeemer is the Holy One of Israel, “The God of all the earth,” shall he be called.
6 Yehowa agbugbɔ ayɔ wò vɛ, abe nyɔnu si gbɔ srɔ̃a gbe nu le, eye eƒe gbɔgbɔ le nu xam la ene. Abe ame si ɖe srɔ̃ le ɖetugbime, eye srɔ̃a gblee ɖi la ene” Wò Mawu lae gblɔe.
For as a woman forsaken and grieved in spirit did the Lord call thee back, and as a wife of youth, that was rejected, saith thy God.
7 “Megble wò ɖi ɣeyiɣi kpui aɖe ko, gake matsɔ dɔmetɔtrɔ si goglo la akplɔ wò agbɔe.
But for a brief moment have I forsaken thee; but with great mercies will I again receive thee.
8 Le nye dziku sesẽ la me meɣla nye mo ɖe wò ɣeyiɣi kpui aɖe, gake matsɔ dɔmenyo si nɔa anyi tegbee la ave nuwòe.” Yehowa, wò Ɖelae gblɔe.
In a little wrath did I hide my face for a moment from thee; but with everlasting kindness will I have mercy on thee, saith thy Redeemer the Lord.
9 “Ele nam ko abe Noa ƒe ɣeyiɣiwo me ene, esi meka atam be ale si tsi ɖe anyigbae le Noa ŋɔli la, magadzɔ nenema akpɔ gbeɖe o. Nenema kee meka atam azɔ be nyemagado dziku ɖe mia ŋuti o eye nyemagaka mo na mi akpɔ o.
For as the waters of Noah is this unto me; as I have sworn that the waters of Noah should no more pass over the earth: so have I sworn that I would not be wroth with thee, nor rebuke thee.
10 Togbɔ be towo aʋa, eye togbɛwo aɖe ɖa hã la, nye lɔlɔ̃ mavɔ si metsɔ lɔ̃ mi la maʋã o, eye nye ŋutifafanubabla mate ɖa o.” Yehowa, wò nublanuikpɔlae gblɔe.
For the mountains may depart, and the hills may be removed; but my kindness shall not depart from thee, neither shall the covenant of my peace be removed, saith he that hath mercy on thee, the Lord.
11 “O! Wò du si kpe hiã, ahom lɔ wò ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o. Matsɔ kpe ŋɔŋɔewo atu wòe, eye matsɔ adzagba aɖo gɔwòme anyi.
O thou afflicted, tossed by the tempest, and not comforted, behold, I will lay thy stones with fair colors, and lay thy foundations with sapphires.
12 Matsɔ gbloti asrã wò xɔtamee, wò agbowo anye lekewɔnu siwo le keklẽm, eye wò gliwo anye kpe xɔasiwo.
And I will make of rubies thy battlements, and thy gates into carbuncle-stones, and all thy borders into precious stones.
13 Yehowa afia nu viwò ŋutsuwo katã, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ fũu.
And all thy children shall be disciples of the Lord; and great shall be the peace of thy children.
14 Woaɖo gɔwòme anyi le dzɔdzɔenyenye me. Ŋutasesẽ anɔ adzɔge na wò. Màvɔ̃ na naneke o. Ŋɔdzi ate ɖa xaa tso gbɔwò, eye mate ɖe ŋuwò o.
In righteousness shalt thou be established: keep far from oppression, for thou shalt not fear; and from terror, for it shall not come near unto thee.
15 Ne ame aɖe wɔ avu kpli wò la, menye nyee dɔe o. Ame si awɔ avu kpli wò la, ana ta.
Behold, they that assemble together, are nothing without me: whatsoever assembleth together against thee shall fall under thy power.
16 “Kpɔ ɖa, nyee wɔ gbede si yɔa ʋu ɖe dzo te wòléna, eye wòtua lãnu si hiã na eƒe dɔ. Nyee wɔ nugblẽla be wòagblẽ nu;
Behold, I have created the smith that bloweth the coals in the fire, and that bringeth forth an instrument for his work; and I have also created the waster to destroy.
17 lãnu sia lãnu si wotu ɖe ŋutiwò la, madze edzi o, eye àɖu aɖe sia aɖe si atso ɖe ŋutiwò le ʋɔnu la dzi. Esiae nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye wòganye afiatsotso na wò tso gbɔnye,” Yehowae gblɔe.
No weapon that is formed against thee shall prosper; and every tongue that will rise against thee in judgment thou shalt condemn. This is the heritage of the servants of the Lord, and their due reward from me, saith the Lord.