< Yesaya 53 >

1 Ame kae xɔ miaƒe gbedeasi la dzi se, eye ame ka ŋue woɖe Aƒetɔ la ƒe alɔ fia ɖo?
Who has believed our report? and to whom is the arm of the LORD revealed?
2 Edze abe atilɔ fɛ̃ ene le eŋkume, eye wòle abe ke si woɖe le anyigba ƒuƒu me la ene. Nyonyo alo fianyenye mele eŋu ne eƒe nu nanyo mia ŋu o. Naneke mele eƒe dzedzeme ŋu si awɔe be wòadzro mí o.
For he shall grow up before him as a tender plant, and as a root out of a dry ground: he has no form nor loveliness; and when we shall see him, there is no beauty that we should desire him.
3 Amewo do vloe, eye wogbee. Ŋutsu si dzi vevesese kple fukpekpe le la wònye. Ele abe ame si ta amewo tsɔ nu tsyɔ ŋkume ɖo la ene. Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o.
He is despised and rejected of men; a man of sorrows, and acquainted with grief: and we hid as it were our faces from him; he was despised, and we esteemed him not.
4 Ke le nyateƒe me la, eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo, eye wòde ta míaƒe vevesesewo te, gake míebui abe ame si Mawu ƒo, eye wòtsɔ fukpekpewo da ɖe edzi la ene.
Surely he has borne our sicknesses, and carried our pains: yet we did esteem him stricken, smitten of God, and afflicted.
5 Ke woƒo nu ɖee le míaƒe dzidadawo ta. Wogbãe gudugudu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Tohehe si he ŋutifafa vɛ na mí la le eya amea dzi, eye eƒe abi siwo wòxɔ la yɔ dɔ mí.
But he was wounded for our transgressions, he was bruised for our iniquities: the chastisement of our peace was upon him; and with his stripes we are healed.
6 Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene. Mía dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa tsɔ mí katã ƒe nu vɔ̃wo da ɖe eya amea dzi.
All we like sheep have gone astray; we have turned every one to his own way; and the LORD has laid on him the iniquity of us all.
7 Wotee ɖe to, eye wòkpe fu, gake meke nu o. Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge. Ezi ɖoɖoe kpoo abe alẽ si le eƒe fukolawo ŋkume la ene, eye meke nu o.
He was oppressed, and he was afflicted, yet he opened not his mouth: he is brought as a lamb to the slaughter, and as a sheep before her shearers is dumb, so he opens not his mouth.
8 Wolée, hedrɔ̃ ʋɔnui, eye wokplɔe dzoe. Ame ka ate ŋu aƒo nu le eƒe dzidzimeviwo ŋuti? Woɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Le nye amewo ƒe dzidadawo ta woƒoe ɖo.
He was taken from prison and from judgment: and who shall declare his generation? for he was cut off out of the land of the living: for the transgression of my people was he stricken.
9 Woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome, eye le eƒe ku me, wòmlɔ kesinɔtɔwo dome; evɔ mewɔ vɔ̃ aɖeke loo alo beble nɔ eƒe nu me o.
And he made his grave with the wicked, and with the rich in his death; because he had done no violence, neither was any deceit in his mouth.
10 Ke enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be wòagbãe gudugudu, ana wòakpe fu togbɔ be Yehowa tsɔ eƒe agbe wɔ fɔɖivɔsae hã la, akpɔ eƒe dzidzimeviwo. Adidi eƒe ŋkekewo ɖe edzi, eye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ava eme to eƒe asi dzi.
Yet it pleased the LORD to bruise him; he has put him to grief: when you shall make his soul an offering for sin, he shall see his seed, he shall prolong his days, and the pleasure of the LORD shall prosper in his hand.
11 Ne eƒe luʋɔ kpe fu vɔ la, akpɔ agbe ƒe kekeli, eye eƒe dzi adze eme; to enyanya me, nye dɔla dzɔdzɔe atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe nu vɔ̃wo te,
He shall see of the travail of his soul, and shall be satisfied: by his knowledge shall my righteous servant justify many; for he shall bear their iniquities.
12 eya ta mana gomekpɔkpɔe le ame ŋkutawo dome. Ama afunyinuwo kple kalẽtɔwo, elabena etsɔ eƒe agbe de ku me ke, eye wowui ɖe nu vɔ̃ wɔlawo dome ene; evɔ eyae tsɔ ame geɖewo ƒe nu vɔ̃, eye wòxɔ nya ɖe vodalawo nu.
Therefore will I divide him a portion with the great, and he shall divide the spoil with the strong; because he has poured out his soul unto death: and he was numbered with the transgressors; and he bare the sin of many, and made intercession for the transgressors.

< Yesaya 53 >