< Yesaya 52 >

1 Nyɔ! O! Zion, nyɔ ne nàta ŋusẽ. Tsɔ wò atsyɔ̃vɔ nàta. O! Yerusalem, du kɔkɔe. Aʋamatsolawo kple ame makɔmakɔwo magage ɖe mewò azɔ o.
Réveille-toi, réveille toi, Sion; revêts-toi de ta force; Jérusalem, ville de sainteté, revêts-toi de tes vêtements magnifiques; car l'incirconcis et le souillé ne passeront plus désormais parmi toi.
2 Ʋuʋu ke le ŋutiwò. Tsi tsitre! Yerusalem, ne nànɔ fiazi dzi. O! Zion nyɔnuvi si woɖe aboyoe, ɖe ga si wode kɔ na wò la ɖa.
Jérusalem, secoue la poudre de dessus toi, lève-toi, et t'assieds: défais-toi des liens de ton cou, fille de Sion, captive.
3 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, “Wotsɔ mi dzra naneke maxɔmaxɔe, eya ta woagbugbɔ mi axɔ, gake menye kple ga o.”
Car ainsi a dit l'Eternel; vous avez été vendus pour rien, et vous serez aussi rachetés sans argent.
4 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Tsã la, nye dukɔ yi Egipte be wòanɔ afi ma. Emegbe la, Asiriatɔwo tee ɖe to vevie.
Car ainsi a dit le Seigneur l'Eternel; mon peuple descendit au commencement en Egypte pour y séjourner; mais les Assyriens l'ont opprimé pour rien.
5 “Ke azɔ la, nu kae le asinye le afi sia?” Yehowae gblɔe. “Esi me wokplɔ nye dukɔ dzoe yakatsyɔ, eye wo dziɖulawo ɖua fewu le wo ŋu.” Yehowae gblɔe. “Gbe sia gbe wole gbɔ̃ ɖim nye ŋkɔ,
Et maintenant, qu'ai-je à faire ici, dit l'Eternel, que mon peuple ait été enlevé pour rien? Ceux qui dominent sur lui le font hurler, dit l'Eternel, et ils ont fait continuellement chaque jour, que mon Nom est blasphémé.
6 eya ta nye dukɔ anya nye ŋkɔ, eye le ŋkeke ma dzi la, woanya be nyee gblɔe da ɖi. Ɛ̃, be nyee.”
C'est pourquoi mon peuple connaîtra mon Nom: c'est pourquoi [il connaîtra] en ce jour-là que c'est moi qui aurai dit; me voici.
7 Du nyui tsɔlawo ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Ame siwo ɖea gbeƒã ŋutifafa, ame siwo hea gbedeasi nyuiwo vɛ. Ame siwo ɖe gbeƒã ɖeɖekpɔkpɔ, eye wogblɔna na Zion be, “Wò Mawu nye fia ɖaa!”
Combien sont beaux sur les montagnes les pieds de celui qui apporte de bonnes nouvelles, qui publie la paix, qui apporte de bonnes nouvelles touchant le bien, qui publie le salut, et qui dit à Sion; ton Dieu règne!
8 Ɖo to afii, wò gbetakpɔlawo kɔ woƒe gbewo dzi hedo dzidzɔɣli ɖekae. Ne Yehowa trɔ gbɔ va Zion la, woakpɔe kple woƒe ŋkuwo.
Tes sentinelles élèveront leurs voix, et se réjouiront ensemble avec chant de triomphe; car elles verront de leurs deux yeux comment l'Eternel ramènera Sion.
9 Midzi dzidzɔhawo, mi Yerusalem ƒe gli kpowo, elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòɖe Yerusalem.
Déserts de Jérusalem, éclatez, réjouissez-vous ensemble avec chant de triomphe; car l'Eternel a consolé son peuple, il a racheté Jérusalem.
10 Yehowa aklo nu le eƒe abɔ kɔkɔe la ŋu le dukɔwo ƒe ŋkume, eye anyigba ƒe mlɔenuwo ke hã akpɔ mia Mawu la ƒe ɖeɖe.
L'Eternel a manifesté le bras de sa sainteté devant les yeux de toutes les nations; et tous les bouts de la terre verront le salut de notre Dieu.
11 Midzo, midzo, mido go le afi ma! Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o! Mido go le eme, Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o. Mi ame siwo lé Yehowa ƒe kpluwo ɖe asi.
Retirez-vous, retirez-vous, sortez de là, ne touchez point à aucune chose souillée, sortez du milieu d'elle; nettoyez-vous, vous qui portez les vaisseaux de l'Eternel.
12 Ke miadzo kplakplakpla alo asi adzo o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na mi, eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi.
Car vous ne sortirez point en hâte, et vous ne marcherez point en fuyant, parce que l'Eternel ira devant vous, et le Dieu d'Israël sera votre arrière-garde.
13 Kpɔɖa, nye dɔla awɔ nu ɖe nunya me. Woadoe ɖe dzi. Axɔ ŋkɔ, eye woade bubu gã aɖe eŋu.
Voici, mon serviteur prospérera, il sera fort exalté, et élevé, et glorifié.
14 Abe ale si ame geɖewo ƒe nu ku le eŋuti, eƒe dzedzeme tro kpaɖikpaɖi wu ame sia ame tɔ, eye eƒe nɔnɔme gblẽ ale gbegbe be, megaɖi amegbetɔ o ene la,
Comme plusieurs ont été étonnés en te voyant, de ce que tu étais ainsi défait de visage plus que pas un autre, et de forme, plus que pas un des enfants des hommes;
15 nenema kee wòahlẽ nu ɖe dukɔ geɖewo dzi, eye fiawo amia nu le eya amea ta, elabena woakpɔ nu si womegblɔ na wo o, eye woase nu si womese kpɔ o la gɔme.
Ainsi il fera rejaillir [le sang] de plusieurs nations, [et] les Rois fermeront la bouche sur toi; car ceux auxquels on n'en avait point parlé, le verront; et ceux qui n'en avaient rien ouï, l'entendront.

< Yesaya 52 >