< Yesaya 51 >

1 “Miɖo tom, mi ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome, eye miedia Yehowa. Mikpɔ agakpe si me woɖe mi tsoe kple fukpekpe si me woɖe mi le la dzi.
Écoutez-moi, vous qui poursuivez la justice, qui cherchez l'Éternel! Portez vos regards sur le rocher d'où vous fûtes détachés, sur la carrière d'où vous fûtes tirés!
2 Mikpɔ mia fofo Abraham kple Sara, ame siwo dzi mi la dzi. Esi meyɔe la, eya ɖeka koe, gake meyrae, eye mewɔe wòzu ame geɖe.
Portez vos regards sur Abraham, votre père, et sur Sara qui vous donna naissance! Car je l'appelai lui seul, et le bénis et le multipliai.
3 Yehowa afa akɔ na Zion godoo, eye anye kɔ akpɔ eƒe gli gbagbãwo kple dɔmetɔtrɔ. Atrɔ eƒe gbegbe wòazu Edenbɔ, eƒe kuɖinyigbawo abe Yehowa ƒe abɔ ene. Dzidzɔ kple vivisese anɔ afi ma eye akpedada kple hadzidzi hã anɔ afi ma.
Oui, l'Éternel prend pitié de Sion, Il prend pitié de toutes ses ruines, et Il changera son désert en un Éden, et son sol aride en un jardin de l'Éternel. La joie et l'allégresse s'y trouveront, les hymnes et les chants.
4 “Nye amehawo, miɖo tom, nye dukɔ, miaƒe to nenɔ ŋunye: Nufiame atso gbɔnye, eye nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anye kekeli na dukɔwo.
Prête-moi attention, mon peuple, et ouvre-moi ton oreille, ô ma nation! Car une loi émanera de moi, et je poserai mon droit comme lumière des peuples.
5 Nye dzɔdzɔenyenye gbɔna kple du, nye ɖeɖe le mɔ dzi gbɔna, eye nye abɔ ahe afia nyui tsotso vɛ na dukɔwo. Ƒukpowo akpɔ mɔ nam, eye woalala kple mɔkpɔkpɔ anɔ nye alɔ sinu kpɔm.
Ma justice est près, mon salut va paraître, et mes bras jugeront les peuples, les îles espéreront en moi et seront dans l'attente de mon bras.
6 Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒo, mide mo to ne miakpɔ anyigba. Dziƒowo nu ava yi abe dzudzɔ ene. Anyigba anyunyɔ abe avɔ ene, eye edzinɔlawo aku abe tagbatsutsu ene, ke nye xɔname anɔ anyi ɖikaa, eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi gbeɖe o.
Levez vos yeux au ciel, et portez-les en bas sur la terre! Car les Cieux s'évanouiront comme une fumée, et la terre s'usera comme un vêtement, et ses habitants périront comme des mouches, mais mon salut durera éternellement, et ma justice ne cessera pas.
7 “Miɖo tom, mi ame siwo nya nu si le dzɔdzɔe. Mi ame siwo ƒe dziwo me nye se la le, migavɔ̃ amewo ƒe mokaname o, eye woƒe dzu megado ŋɔdzi na mi o,
Écoutez-moi, vous qui connaissez la justice, peuple qui a ma loi dans son cœur! Ne redoutez pas les mépris de l'homme, et de leurs outrages ne vous épouvantez pas!
8 elabena gbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene, eye ŋɔ aɖu wo abe ɖetifu ene. Ke nye dzɔdzɔenyenye la anɔ anyi tegbee, eye nye xɔname anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.”
Car la teigne les rongera comme un vêtement, et la gerce les rongera comme la laine, mais ma justice dure éternellement, et mon salut d'âge en âge.
9 Nyɔ, nyɔ! O! Yehowa ƒe alɔ, ne nàtsɔ ŋusẽ ado. Nyɔ abe le tsã ƒe ɣeyiɣiwo kple blemaŋɔliwo ene. Ɖe menye wòe fli Rahab kakɛkakɛ, eye nètsɔ nu ƒo ɖe lã dziŋɔ la oa?
Réveille-toi! réveille-toi! arme-toi de vigueur, bras de l'Éternel! réveille-toi, comme aux jours d'autrefois, dans les anciens âges! N'est-ce pas toi qui abattis Rahab, qui perças le dragon?
10 Ɖe menye wòe na atsiaƒu, tɔ goglo la me tsiwo mie, eye nèta mɔ ɖe atsiaƒu me be ame siwo woɖe la nato edzi ayi oa?
N'est-ce pas toi qui desséchas la mer, les eaux du grand abîme, qui fis du fond de la mer une route pour le trajet des rachetés?
11 Yehowa ƒe ame siwo woɖe la atrɔ agbɔ. Woage ɖe Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔkpɔkpɔ anye fiakuku anɔ woƒe tawo dzi. Vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.
Et les rachetés de l'Éternel reviendront et s'avanceront vers Sion avec allégresse, portant sur leurs fronts une joie éternelle; le contentement et la joie se rencontrent, la douleur et les soupirs s'enfuient.
12 “Nye, nye koe faa akɔ na mi. Ame kae nènye be nèle vɔvɔ̃m na amegbetɔ siwo le abe gbe ko ene?
C'est moi, c'est moi qui vous console. Qui es-tu pour redouter l'homme qui meurt, et l'enfant d'Adam qu'on jette comme l'herbe,
13 Nu ka ta nèŋlɔ Yehowa, wò Wɔla, si keke dziƒowo me, eye wòɖo anyigba ƒe agunu anyi la be? Nu ka ta ŋɔdzi léa wò gbe sia gbe le ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe ta, ame si ɖoe kplikpaa be yeagblẽ nu? Afi ka ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe la le azɔ?
et pour oublier l'Éternel ton créateur, qui déploya les Cieux et fonda la terre, et pour trembler incessamment tout le jour devant la furie de l'oppresseur, quand il ajuste pour faire périr? Et où est maintenant la furie de l'oppresseur?
14 Woaɖe ga gamenɔla siwo le vɔvɔ̃m la kpuie. Womaku ɖe gaxɔ me loo alo abolo nahiã wo o,
Bientôt l'homme courbé sous les fers sera élargi, et il ne mourra pas dans la fosse, et son pain ne lui manquera pas.
15 elabena nyee nye Yehowa, wò Mawu, ame si de adã atsiaƒu me be ƒutsotsoewo dze agbo. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
Je suis l'Éternel, ton Dieu, qui soulève la mer, et ses flots bruissent: l'Éternel des armées est son nom.
16 Metsɔ nye nyawo de nuwò, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te. Nye ame si tsɔ dziƒowo ɖo wo teƒe heɖo anyigba gɔme anyi, eye megblɔ na Zion be, ‘Nye dukɔ nènye.’”
Et je mets mes paroles en ta bouche, et de l'ombre de ma main je te couvre, pour tendre des Cieux [nouveaux] et fonder une terre [nouvelle] et dire à Sion: Tu es mon peuple!
17 Nyɔ, nyɔ! O! Yerusalem, fɔ, wò ame si ƒe dɔmedzoekplu le Yehowa ƒe asi me. Wò ame si no nu muame la wòvɔ ƒioƒioƒio, kplu si nana amewo zɔna sɔgɔsɔgɔ.
Courage! courage! lève-toi, Jérusalem, qui de la main de l'Éternel bus le calice de sa fureur, bus et épuisas le vase, la coupe d'enivrement!
18 Viŋutsu siwo katã wòdzi la ɖeke meli afia mɔe o. Viŋutsu siwo katã wònyi la, ɖeke meli alé eƒe alɔnu o.
Il n'y eut pour la conduire aucun de tous les fils qu'elle avait enfantés, et pour la prendre par la main aucun des fils qu'elle avait élevés.
19 Dzɔgbevɔ̃e evee dzɔ ɖe dziwò, ame kae ate ŋu afa akɔ na wò? Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃, dɔwuame kple yi ƒo go wò, ame ka ate ŋu afa akɔ na wò.
Deux maux te survinrent: qui saurait te plaindre? le ravage et la ruine, la famine et l'épée. Comment te consolerais-je?
20 Nu te viwò ŋutsuwo ŋu. Womlɔ mɔtata ɖe sia ɖe ƒe dzogoewo dzi abe avugbɔ̃e si ɖo mɔ me la ene. Yehowa ƒe dɔmedzoe kple wò Mawu la ƒe mokaname ɖi ƒo na wo,
Tes fils étaient étendus défaillants à tous les carrefours, comme un cerf dans la toile, pleins de la fureur de l'Éternel et des menaces de ton Dieu.
21 eya ta ɖo to afii, wò ame si kpe hiã, eye nèmu aha, evɔ mèno wain hã o.
Aussi entends-le donc, malheureuse, enivrée, mais non pas de vin!
22 Ale wò Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi, wò Mawu si ʋli eƒe dukɔ ta la be, “Kpɔ ɖa, mexɔ kplu si na nèle mumum sɔgɔsɔgɔ la le asiwò. Màgano nye dɔmedzoe ƒe nu muame la le kplu sia me azɔ gbeɖe o.
Ainsi parle ton Seigneur, l'Éternel, et ton Dieu qui venge son peuple: Voici, je reprends de ta main le calice d'enivrement, le vase, la coupe de ma fureur; désormais tu n'y boiras plus!
23 Matsɔe ade asi na wò fuwɔamela siwo gblɔna na wò be, ‘Mlɔ anyi ne míazɔ dziwò ayi’, eye nèwɔ wò dzime abe anyigba kple mɔdodo ene be woato edzi ayi.”
et je le place dans la main de ceux qui t'attristèrent, qui te dirent: « Incline-toi, afin que nous marchions par dessus! » et tu fis de ton dos comme un sol, et comme un chemin pour les passants.

< Yesaya 51 >