< Yesaya 5 >

1 Azɔ mele ha dzi ge na nye lɔlɔ̃tɔ tso eƒe waingble ŋuti. Waingble aɖe le nye lɔlɔ̃tɔ si le togbɛ si nyoa nuku la dzi.
われわが愛する者のために歌をつくり 我があいするものの葡萄園のことをうたはん わが愛するものは土肥たる山にひとつの葡萄園をもてり
2 Edzobo eme heɖe kpewo le eme, eye wòdo wainka nyuitɔwo ɖe eme. Etu gbetakpɔxɔ ɖe agble la titina, eye wòtu wainfiaƒe hã ɖe afi ma. Ele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo, gake wotse wain vevewo.
彼その園をすきかへし石をのぞきて嘉ぶだうをうゑ そのなかに望樓をたて酒榨をほりて嘉葡萄のむすぶを望みまてり 然るに結びたるものは野葡萄なりき
3 “Azɔ, Yerusalem ŋutsuwo kple Yuda ŋutsuwo, miese ale si nya la katã va yii, eya ta midrɔ̃ ʋɔnu le nye kple nye waingble la dome.
さればヱルサレムに住るものとユダの人よ 請なんぢら我とわがぶだうぞのとの間をさばけ
4 Nu ka wòle be mawɔ na nye waingble la esi nyemewɔ nɛ o? Ekema nu ka ta mele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo, gake wain vevewo ko wòtse?
わが葡萄園にわれの作たるほか何のなすべき事ありや 我はよきぶだうの結ぶをのぞみまちしに 何なれば野葡萄をむすびしや
5 Azɔ magblɔ nu si wɔ ge mala nye waingble la na mi. Magbã kpɔ ɖa le eŋuti, eye lãwo aɖui. Magbã gli le eŋu ne amewo nafanyae.
然ばわれわが葡萄園になさんとすることを汝等につげん 我はぶだうぞのの籬芭をとりさりてその食あらさるるにまかせ その垣をこぼちてその踐あらさるるにまかせん
6 Mawɔe wòazu gbegbe, womake eƒe alɔwo alo aga eme o, eye ŋuwo kple aŋɔkawo amie ɖe afi ma. Made se na lilikpowo be womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.”
我これを荒してふたたび剪ことをせず耕すことをせず棘と荊とをはえいでしめん また雲に命せてそのうへに雨ふることなからしめん
7 Israel ƒe aƒee nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe waingble, eye Yuda ŋutsuwoe nye eƒe dzidzɔ ƒe wainka siwo wòdo. Ekpɔ mɔ na afia nyui tsotso, ke ʋukɔkɔɖi wòkpɔ; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifavi koe ɖi.
それ萬軍のヱホバの葡萄園はイスラエルの家なり その喜びたまふところの植物はユダの人なり これに公平をのぞみたまひしに反りて血をながし これに正義をのぞみ給ひしにかへりて號呼あり
8 Baba na mi ame siwo le xɔ tsiam ɖe xɔ nu, eye wole agble tsiam ɖe agble nu be teƒe aɖeke megasusɔ o, be woawo ɖeɖe naxɔ anyigba la dzi!
禍ひなるかな彼らは家に家をたてつらね 田圃に田圃をましくはへて 餘地をあまさず 己ひとり國のうちに住んとす
9 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ka atam mese kple nye towo, “Ne xɔ gãwo mezu gbegbe, eye dziƒoxɔ gãwo mezu aƒedowo o fĩi!
萬軍のヱホバ我耳につげて宣はく 實におほくの家はあれすたれ大にして美しき家は人のすむことなきにいたらん
10 Woakpɔ wain adzafi ɖeka kple afã pɛ ko le waingble agbleka ewo sɔŋ me, eye ne woƒã bli agba ɖeka la, bli kotoku ɖeka pɛ ko woakpɔ le eme.”
十段のぶだうぞの僅かに一バテをみのり一ホメルの穀種はわづかに一エパを實るべし
11 Baba na mi, ame siwo fɔna fɔŋli henɔa ho ʋlim le aha muame nono me, eye mienɔa wain yome va se ɖe zãtiƒe, eye wòmua mi tsiɖitsiɖi.
禍ひなるかなかれらは朝つとにおきて濃酒をおひもとめ 夜のふくるまで止まりてのみ 酒にその身をやかるるなり
12 Kasaŋkuwo kple saŋkuwo ɖina le miaƒe kplɔ̃ɖoƒewo, axatsɛwo, kpẽwo kple wain bɔna ɖe eŋu, gake wometsɔ ɖeke le eme na Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo alo ade bubu eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu o.
かれらの酒宴には琴あり 瑟あり 鼓あり 笛あり 葡萄酒あり されどヱホバの作爲をかへりみずその手のなしたまふところに目をとめず
13 Eya ta nye amewo ayi ɖe aboyome le nugɔmemasemase ta; dɔwuame awu woƒe ame ŋkutawo, eye tsikɔ awu ame haho la.
斯るが故にわが民は無知にして虜にせられ その貴顯者はうゑ そのもろもろの民は渇によりて疲れはてん
14 Eya ta nuɖuɖu le yɔdo dzrom vevie, eye wòke eƒe nu ɖi baa, eya ta Yerusalem ƒe ame ŋkutawo kple ame hahoawo age dze eme kple woƒe dzidzɔkpɔkpɔwo kple aglotutuwo katã. (Sheol h7585)
また陰府はその欲望をひろくし その度られざる口をはる かれらの榮華 かれらの群衆 かれらの饒富 および喜びたのしめる人みなその中におつべし (Sheol h7585)
15 Ale woaɖiɖi ame ɖe anyi, woabɔbɔ amegbetɔƒomea ɖe anyi, eye woate dadalawo ƒe ŋku ɖe to.
賤しき者はかがめられ 貴きものは卑くせられ 目をあげて高ぶる者はひくくせらるべし
16 Ke woado Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖe dzi le eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye Mawu Kɔkɔe la aɖe eƒe kɔkɔenyenye afia to eƒe dzɔdzɔenyenye me.
されど萬軍のヱホバは公平によりてあがめられ 聖なる神は正義によりて聖とせられ給ふべし
17 Ekema alẽwo aɖu gbe abe woawo ŋutɔ ƒe lãnyiƒee wole ene; eye alẽviwo aɖu nu le kesinɔtɔwo ƒe aƒedowo me.
而して小羊おのが牧場にあるごとくに草をはみ 豐かなるものの田はあれて旅客にくらはれん
18 Baba na ame siwo tsɔ beble ƒe kawo de dzidada le hehem, eye wode kekehekawo nu vɔ̃ hele hehem,
禍ひなるかな彼等はいつはりを繩となして惡をひき 索にて車をひくごとく罪をひけり
19 ame siwo gblɔna be “Mawu newɔ kaba. Nedo tsɔtsɔe eƒe dɔ be miakpɔe; Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe aɖaŋudede neva kaba ne mianyae.”
かれらは云 その成んとする事をいそぎて速かになせ 我儕これを見ん イスラエルの聖者のさだむることを逼來らせよ われらこれを知んと
20 Baba na ame siwo yɔ vɔ̃ be nyui, eye woyɔ nyui be vɔ̃, ame siwo tsɔ viviti ɖɔli kekeli, eye wotsɔ kekeli ɖɔli viviti. Ame siwo yɔa veve be vivi, eye woyɔa vivi be veve.
禍ひなるかな かれらは惡をよびて善とし善をよびて惡とし 暗をもて光とし光をもて暗とし 苦をもて甘とし甘をもて苦とする者なり
21 Baba na ame siwo bua wo ɖokuiwo nunyalawoe, eye wonye aɖaŋudelawo le woawo ŋutɔ ɖokuiwo gbɔ.
わざはひなる哉 かれらは己をみて智しとし自らかへりみて聰とする者なり
22 Baba na ame siwo nye kalẽawo le wain gã nono me, eye wonye dziɖulawo le ahamuamewo tɔtɔ me,
禍ひなるかな かれらは葡萄酒をのむに丈夫なり 濃酒を和するに勇者なり
23 ame siwo xɔa zãnu, eye wotsoa afia ŋkunɔ na agɔdzelawo; ke ame siwo ƒe nya dzɔ la, wodea wo nya me.
かれらは賄賂によりて惡きものを義となし 義人よりその義をうばふ
24 Eya ta abe ale si dzo ƒe aɖe fiaa bee, eye gbe ƒuƒu bina le dzo me ene la, nenema kee woƒe kewo anyunyɔ, eye ya aƒo woƒe seƒoƒowo adzoe abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo ŋu,
此によりて火舌の刈株をくらふがごとく また枯草の火焰のなかにおつるがごとく その根はくちはてその花は塵のごとくに飛さらん かれらは萬軍のヱホバの律法をすててイスラエルの聖者のことばを蔑したればなり
25 Eya ta Yehowa ƒe dziku bi ɖe eƒe amewo ŋu. Ekɔ eƒe alɔ dzi, eye wòƒo wo ƒu anyi. Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye ŋutilã kukuwo le abe gbeɖuɖɔ le aɖukpo dzi ene. To esiawo katã gbɔ hã la, eƒe dziku nu mefa o, eƒe alɔ gale dzi ko.
この故にヱホバその民にむかひて怒をはなち 手をのべてかれらを撃たまへり 山はふるひうごきかれらの屍は衢のなかにて糞土のごとくなれり 然はあれどヱホバの怒やまずして尚その手を伸したまふ
26 Ekɔ aflaga dzi na didiƒe dukɔwo, eye wòlia aku na ame siwo le anyigba ƒe mlɔenuwo ke. Kpɔ ɖa, wova kaba kple du!
かくて旗をたててとほき國々をまねき彼等をよびて地の極より來らしめたまはん 視よかれら趨りて速かにきたるべし
27 Ɖeɖi mete wo dometɔ aɖeke ŋu alo nu nati kɔ nɛ o. Ɖeka pɛ hã medɔ akɔlɔ̃e alo dɔ alɔ̃ o. Alidziblanu metu le ɖeke ƒe ali o, eye tokota metso le ɖeke ƒe afɔ o.
その中には疲れたふるるものなく眠りまたは寢るものなし その腰の帶はとけずその履の紐はきれず
28 Woƒe datiwo le ɖaɖam, eye woku woƒe dawo me. Woƒe sɔwo ƒe afɔwo le abe dzosigbewo ene, eye woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo le abe yali ene.
その矢は鋭その弓はことごとく張り その馬のひづめは石のごとくその車の輪は疾風のごとしと稱へられん
29 Woƒe gbeɖeɖe le abe dzata tɔ ene, eye woɖea gbe abe dzataviwo ene. Wotea gbe heléa nu, eye wotsɔa nu si wolé la dzonae, ame aɖeke mate ŋu axɔe le wo si o.
その嘷ること獅のごとく また小獅のごとく嘷うなりつつ獲物をつかみて掠去れども之をすくふ者なし
30 Gbe ma gbe la, woaɖe gbe ɖe edzi abe atsiaƒu ene. Ne ame aɖe nye kɔ kpɔ anyigba la, viviti kple hiã ko wòakpɔ, eye lilikpowo gɔ̃ hã ana kekeli nado viviti.
その日かれらが嘯響めくこと海のなりどよめくがごとし もし地をのぞまば暗と難とありて光は黑雲のなかにくらくなりたるを見ん

< Yesaya 5 >