< Yesaya 49 >

1 Miɖo tom, mi ƒukpowo, mise nya sia, mi didiƒe dukɔwo: Hafi woava dzim la, Yehowa yɔm. Tso nye vidzĩ me wòyɔ nye ŋkɔ.
海沿いの国々よ、わたしに聞け。遠いところのもろもろの民よ、耳を傾けよ。主はわたしを生れ出た時から召し、母の胎を出た時からわが名を語り告げられた。
2 Ewɔ nye nu abe yi ɖaɖɛ ene. Etsɔm ɣla ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te. Etsɔm wɔ aŋutrɔ ɖaɖɛ, eye wòɣlam ɖe eƒe daku me.
主はわが口を鋭利なつるぎとなし、わたしをみ手の陰にかくし、とぎすました矢となして、箙にわたしを隠された。
3 Egblɔ nam be, “Wòe nye nye dɔla, Israel, si me maɖe nye atsyɔ̃ afia le.”
また、わたしに言われた、「あなたはわがしもべ、わが栄光をあらわすべきイスラエルである」と。
4 Ke megblɔ be, “Nye agbagbadzedzewo nye dzodzro. Megblẽ nye ŋusẽ ɖe yame, eye nyemeɖe vi aɖeke o. Ke hã la, nu si nye tɔnye gome la, le Yehowa ƒe asi me, eye nye fetu le nye Mawu gbɔ.”
しかし、わたしは言った、「わたしはいたずらに働き、益なく、むなしく力を費した。しかもなお、まことにわが正しきは主と共にあり、わが報いはわが神と共にある」と。
5 Azɔ la, ale Yehowa, ame si mem ɖe dɔ me be manye yeƒe dɔla la, be makplɔ Yakob gbɔe ne maƒo ƒu Israel ɖe egbɔ, elabena wode bubu ŋunye le Yehowa ŋkume, eye nye Mawu nye nye ŋusẽ la gblɔe nye esi:
ヤコブをおのれに帰らせ、イスラエルをおのれのもとに集めるために、わたしを腹の中からつくってそのしもべとされた主は言われる。(わたしは主の前に尊ばれ、わが神はわが力となられた)
6 “Nu tsɛ ko wònye le ŋkuwò me be, nènye nye dɔla, be nàgaɖo Israel ƒe towo te, eye nàkplɔ Israel ƒe ame siwo mesusɔ ɖi la gbɔe. Gawu la, mawɔ wò nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o la, be nàhe nye ɖeɖe vɛ na anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”
主は言われる、「あなたがわがしもべとなって、ヤコブのもろもろの部族をおこし、イスラエルのうちの残った者を帰らせることは、いとも軽い事である。わたしはあなたを、もろもろの国びとの光となして、わが救を地の果にまでいたらせよう」と。
7 Ale Yehowa, Ɖela kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ na dziɖulawo ƒe dɔla be, “Fiawo akpɔ wò, eye woatso anɔ tsitre. Fiaviwo akpɔ wò, eye woade ta agu na Yehowa nuteƒewɔla, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si tia wò la ta.”
イスラエルのあがない主、イスラエルの聖者なる主は、人に侮られる者、民に忌みきらわれる者、つかさたちのしもべにむかってこう言われる、「もろもろの王は見て、立ちあがり、もろもろの君は立って、拝する。これは真実なる主、イスラエルの聖者が、あなたを選ばれたゆえである」。
8 Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le nye dɔmenyo ƒe ɣeyiɣiwo me la, matɔ na wò, eye le xɔxɔgbe makpe ɖe ŋu wò. Malé wò ɖe asi, eye mawɔ wò nànye nubabla na amewo, be nàgbugbɔ anyigba aɖo te, eye nagbugbɔ eƒe domenyinu siwo tsi yame la ama,
主はこう言われる、「わたしは恵みの時に、あなたに答え、救の日にあなたを助けた。わたしはあなたを守り、あなたを与えて民の契約とし、国を興し、荒れすたれた地を嗣業として継がせる。
9 ekema nàgblɔ na aboyomenɔlawo be, ‘Mido va’, eye na ame siwo le blukɔ me la be, ‘Miva kekeli nu!’ “Woaɖu nu le mɔwo to, eye woakpɔ gbeɖuƒe le togbɛ ƒuƒluwo tame.
わたしは捕えられた人に『出よ』と言い、暗きにおる者に『あらわれよ』と言う。彼らは道すがら食べることができ、すべての裸の山にも牧草を得る。
10 Dɔ kple tsikɔ magawu wo azɔ o. Dzogbe xɔdzo alo ŋdɔkutsu magaɖu wo azɔ o. Ame si kpɔa nublanui na wo la anye woƒe mɔfiala, eye wòakplɔ wo ayi tɔʋuwo to.
彼らは飢えることがなく、かわくこともない。また熱い風も、太陽も彼らを撃つことはない。彼らをあわれむ者が彼らを導き、泉のほとりに彼らを導かれるからだ。
11 Matrɔ nye towo katã woazu mɔtatawo, eye woakɔ nye mɔ dodowo ɖe dzi.
わたしは、わがもろもろの山を道とし、わが大路を高くする。
12 Kpɔ ɖa, woatso teƒe didiwo ava. Ɖewo atso anyiehe, ɖewo atso ɣetoɖoƒe, eye ɖewo hã atso Aswan nutowo me.”
見よ、人々は遠くから来る。見よ、人々は北から西から、またスエネの地から来る」。
13 Mido dzidzɔɣli, o mi dziƒowo! O! Anyigba netso aseye. Mido ha ɖa kple dzidzɔ. O, mi towo! Elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòakpɔ nublanui na ame siwo ŋu wode abie.
天よ、歌え、地よ、喜べ。もろもろの山よ、声を放って歌え。主はその民を慰め、その苦しむ者をあわれまれるからだ。
14 Ke Zion gblɔ be, “Yehowa gblem ɖi, Aƒetɔ la ŋlɔm be.”
しかしシオンは言った、「主はわたしを捨て、主はわたしを忘れられた」と。
15 “Ɖe nyɔnu aŋlɔ vi si le no nu la be, eye makpɔ nublanui na vi si eya ŋutɔ dzi oa? Togbɔ be ate ŋu aŋlɔe be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be o!
「女がその乳のみ子を忘れて、その腹の子を、あわれまないようなことがあろうか。たとい彼らが忘れるようなことがあっても、わたしは、あなたを忘れることはない。
16 Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ŋkɔ ɖe nye asiƒowo me, eye wò gliwo le ŋkunye me ɖaa.
見よ、わたしは、たなごころにあなたを彫り刻んだ。あなたの石がきは常にわが前にある。
17 Viwò ŋutsuwo ɖe abla trɔ gbɔ, eye ame siwo ha mi la dzo le mia gbɔ.
あなたを建てる者は、あなたをこわす者を追い越し、あなたを荒した者は、あなたから出て行く。
18 Mifɔ mo dzi, eye miatsa ŋku godoo. Mia viŋutsuwo katã aƒo ƒu ava mia gbɔ, zi ale si mele agbe.” Yehowae gblɔe. “Miado wo abe ale si wodoa atsyɔ̃ɖonuwoe ene, eye miatsɔ wo ado abe ale si ŋugbetɔ doa nu ene.
あなたの目をあげて見まわせ。彼らは皆集まって、あなたのもとに来る。主は言われる、わたしは生きている、あなたは彼らを皆、飾りとして身につけ、花嫁の帯のようにこれを結ぶ。
19 “Togbɔ be wogbã mi, miezu aƒedo, eye miaƒe anyigba zu gbegbe hã la, azɔ la, anɔ sue akpa na wò amewo, eye ame siwo vuvu mi la, anɔ adzɔge na mi.
あなたの荒れ、かつすたれた所、こわされた地は、住む人の多いために狭くなり、あなたを、のみつくした者は、はるかに離れ去る。
20 Vi siwo wodzi na mi le miaƒe konyifaɣiwo me la, agblɔ ɖe to me na mi be, ‘Teƒe sia le sue akpa na mí. Mina teƒe keke mí míanɔ.’
あなたが子を失った後に生れた子らは、なおあなたの耳に言う、『この所はわたしには狭すぎる、わたしのために住むべき所を得させよ』と。
21 Ekema àgblɔ le wò dzi me be, ‘Ame kae dzi ame siawo katã nam? Kunyawo dzɔ ɖe dzinye, eye metsi ko. Woɖe aboyom hegbe nu le gbɔnye. Ame kae nyi ame siawo wotsi? Nye ɖeka ko wogblẽ ɖi, ke ame siawo ɖe afi ka wotso?’”
その時あなたは心のうちに言う、『だれがわたしのためにこれらの者を産んだのか。わたしは子を失って、子をもたない。わたしは捕われ、かつ追いやられた。だれがこれらの者を育てたのか。見よ、わたしはひとり残された。これらの者はどこから来たのか』と」。
22 Ale Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi, “Kpɔ ɖa, mamia asi Trɔ̃subɔlawo, makɔ nye aflaga dzi na amewo. Woalé mia viŋutsuwo ɖe woƒe abɔwo dome atsɔ vɛ, eye woakɔ mia vinyɔnuwo ɖe abɔta vɛ.
主なる神はこう言われる、「見よ、わたしは手をもろもろの国にむかってあげ、旗をもろもろの民にむかって立てる。彼らはそのふところにあなたの子らを携え、その肩にあなたの娘たちを載せて来る。
23 Fiawo aɖu fofo na mia viwo, fia nyɔnuwo ana no mia viwo. Woade ta agu, atsyɔ mo anyi na mi le ŋkuwò me, eye woaɖuɖɔ ke le afɔŋu na wò. Ekema ànyae be nyee nye Yehowa, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔwo dana ɖe dzinye la, nyemenana ŋu kpea wo o.”
もろもろの王は、あなたの養父となり、その王妃たちは、あなたの乳母となり、彼らはその顔を地につけて、あなたにひれ伏し、あなたの足のちりをなめる。こうして、あなたはわたしが主であることを知る。わたしを待ち望む者は恥をこうむることがない」。
24 Ɖe woate ŋu axɔ nu siwo kalẽtɔwo ha la le wo si alo axɔ aboyomewo le ŋutasẽlawo sia?
勇士が奪った獲物をどうして取り返すことができようか。暴君がかすめた捕虜をどうして救い出すことができようか。
25 Ke ale Yehowa gblɔ nye esi, “Ɛ̃, woate ŋu axɔ nuhahawo le kalẽtɔwo si, eye woaɖe aboyomewo le ŋutasẽlawo ƒe fego me. Mawɔ avu kple ame siwo awɔ avu kpli wò, eye maɖe viwòwo.
しかし主はこう言われる、「勇士がかすめた捕虜も取り返され、暴君が奪った獲物も救い出される。わたしはあなたと争う者と争い、あなたの子らを救うからである。
26 Mana ame siwo te wò ɖe enyi la naɖu woawo ŋutɔ ƒe ŋutilã, eye woano woawo ŋutɔ ƒe ʋu wòamu wo abe wain ene, ekema amegbetɔƒomea anyae be, nye Yehowae nye wò Ɖela, eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye wò Xɔnametɔ.”
わたしはあなたをしえたげる者にその肉を食わせ、その血を新しい酒のように飲ませて酔わせる。こうして、すべての人はわたしが主であって、あなたの救主、またあなたのあがない主、ヤコブの全能者であることを知るようになる」。

< Yesaya 49 >