< Yesaya 48 >

1 “O! Yakob ƒe aƒe, miɖo to nya sia. Mi ame siwo ŋu woyɔ Israel ɖo, eye mietso Yuda ƒe dzidzime me. Mi ame siwo ka atam kple Yehowa ƒe ŋkɔ, eye mieyɔa Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, gake menye le nyateƒe alo dzɔdzɔenyenye me o.
Huis van Jakob, wil dit horen: Die de naam van Israël dragen, en uit Juda ontsproten; Die bij de Naam van Jahweh zweren, Den God van Israël belijden, maar zonder waarheid en deugd;
2 Mi ame siwo yɔa mia ɖokuiwo be du kɔkɔe la me tɔwo, eye mieɖo ŋu ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu, ame si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ.
Toch noemen zij zich naar de heilige stad, Steunen op Israëls God: Jahweh der heirscharen is zijn Naam!
3 Megblɔ nu siwo dzɔ va yi la da ɖi xoxo. Metsɔ nye nu ɖe gbeƒã wo, eye mena mienya wo. Meɖe zɔ, kasia wo katã wova eme,
Wat thans gebeurd is, heb Ik vroeger voorspeld; Uit mijn mond ging het uit, Ik heb het verkondigd: Plotseling voerde Ik het uit, en het kwam!
4 elabena menya ale si miaƒe dzi me sẽe. Miaƒe kɔwo lia abe gakpo ene, eye miaƒe tagbɔ sẽ abe akɔbli ene,
Want Ik wist, dat gij halsstarrig waart, Uw nek een ijzeren stang, Uw voorhoofd van koper.
5 eya ta megblɔ nu siawo na mi gbe aɖe gbe ʋĩi va yi. Hafi woava adzɔ la, meɖe gbeƒã na mi be miagagblɔ be, ‘Nye legbawoe wɔ wo. Nye aklamakpakpɛwo kple akɔblimawue ɖo wo da ɖi,’ o.
Ik had het u tevoren verkondigd; En eer het gebeurde, het u laten horen; Opdat ge niet zeggen zoudt: Mijn afgod heeft het gedaan, Mijn beeld en gietsel heeft het bevolen! Gij hebt dat alles gehoord en gezien:
6 Miese esiawo katã. Mikpɔ wo katã ɖa. Ɖe mialɔ̃ be wole eme oa? “Tso azɔ dzi la, maƒo nu tso nu yeyewo ŋu na mi, tso nu siwo le ɣaɣla, eye mienya wo o la ŋuti na mi.
Moet ge het zelf niet bekennen? Maar van nu af ga Ik u nieuwe dingen verkonden, Geheimen, die ge niet kent;
7 Fifia ko wowɔ wo. Wo wɔɣi medidi o. Miese woƒe ŋkɔ kpɔ abe egbea ene o, eya ta miate ŋu agblɔ be, ‘Ɛ̃ mienya wo’ o.
Nu eerst zijn ze geschapen, niet vroeger, Vóór deze dag hadt gij er nooit van gehoord; Opdat ge niet zegt: Zie, dat wist ik al lang.
8 Miesee kpɔ loo alo se egɔme o. Tso blema ke, miaƒe towo meʋu o. Menya ale si miebaɖae la nyuie. Woyɔa mi tso ɖevime ke be, aglãdzelawo.
Neen, ge hebt er niets van gehoord of geweten, Voorheen was uw oor niet geopend; Want Ik wist, dat gij trouweloos waart, Een afvallige heet van de moederschoot af.
9 Le nye ŋutɔ nye ŋkɔ ta la, mehe nye dɔmedzoe ɖe megbe. Le nye kafukafu ta la, nyemena wòva mia dzi o, be nyematsrɔ̃ mi o.
Ik bleef lankmoedig alleen terwille van mijn Naam, Terwille van mijn glorie spaarde ik u, en vernielde u niet!
10 Kpɔ ɖa, melolõ mi, gake menye abe klosalo ene o. Medo mi kpɔ le fuwɔame ƒe kpodzo me.
Maar thans heb Ik u gereinigd, niet om zilver te krijgen, En u gelouterd in de smeltkroes van jammer!
11 Le nye ŋutɔ ta, mewɔ esia ɖo. Aleke maɖe mɔ be woaɖi gbɔ̃m? Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe na ame bubu o.”
Ik heb het gedaan om Mijnentwil, Terwille ook van mijn Naam; Want hoe mocht die worden ontwijd: Mijn glorie geef Ik geen ander!
12 “O! Yakob, ɖo tom, Israel, ame si meyɔ. Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ hã.
Jakob, och, luister naar Mij, Israël, dien Ik heb geroepen: Ik ben de Eerste, Ik ben de Laatste;
13 Nye ŋutɔe tsɔ nye asiwo ɖo anyigba gɔme anyi, eye nye nuɖusibɔe metsɔ keke dziwo mee. Ne meyɔ wo la, wo katã wotsona ɖekae.
Mijn hand was het ook, die de aarde heeft gegrond; Mijn rechterhand heeft de hemel gespannen, Ik riep ze: Daar stonden ze allen!
14 “Mi katã miva ƒo ƒu ne miaɖo to afii. Legbawo dometɔ kae gblɔ nu siawo da ɖi? Ame si Yehowa tia la ana Yehowa ƒe tameɖoɖo ɖe Babilonia ŋu nava eme, eye wòakɔ eƒe abɔ dzi ɖe Babiloniatɔwo ŋu.
Verzamelt u allen, en hoort: Wie heeft onder u dit voorspeld? De geliefde van Jahweh gaat zijn wil volbrengen Over Babel en het ras der Chaldeën!
15 Nye, nye koe ƒo nu. Ɛ̃, nyee yɔe. Makplɔe vɛ, eye wòakpɔ dzidzedze le eƒe dɔdeasi la me.
Ik heb het gezegd, Ik heb hem geroepen, Ik heb hem doen komen, en zijn plannen doen slagen!
16 “Mite ɖe ŋunye kpokploe ne miaɖo to nya sia, nyemeƒo nu le bebeme o.” Esi wòva eme la, menɔ afi ma? Azɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la dɔm kple eƒe Gbɔgbɔ.
Nadert tot Mij, En wilt hiernaar horen: Van de aanvang af heb Ik niet in ‘t verborgen gesproken, En nu ‘t gaat gebeuren, ben Ik er bij; Thans zend Ik hem, Ik Jahweh de Heer, Thans zend Ik hem met zijn geest!
17 Ale Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si fiaa nu si nyo na wò la wò, ame si fiaa mɔ si nàto la wò.
Zo spreekt Jahweh, Uw Verlosser, Israëls Heilige: Ik ben Jahweh, uw God, Die u leert tot uw heil; Die u leidt op de weg, die gij bewandelen moet:
18 Nenye ɖe nèɖo to nye sededewo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ sisim abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoe ene.
Ach, neemt toch mijn geboden ter harte! Dan zal uw vrede zijn als een stroom, Uw heil als de golven der zee;
19 Wò dzidzimeviwo ɖe woasɔ gbɔ abe ke ene, eye viwòwo abe ƒutake si womate ŋu axlẽ o la ene. Womaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa loo alo woatsrɔ̃ le ŋkunye me o.”
Uw zaad als het zand, Uw kroost als zijn korrels; Nooit wordt dan uitgeroeid noch verdelgd Uw naam voor mijn aanschijn!
20 Midzo le Babilonia, misi le Babiloniatɔwo gbɔ! Mitsɔ dzidzɔɣli ɖe gbeƒã esia, eye mido bobloe. Miɖo du ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke be, “Yehowa ɖe eƒe dɔla Yakob”
Trekt weg uit Babel, Ontvlucht de Chaldeën! Verkondigt het met het gejubel, En maakt het bekend, Draagt het uit tot het einde der aarde: Zegt: Jahweh heeft Jakob, zijn dienaar, verlost!
21 Tsikɔ mewu wo esi wòkplɔ wo to gbedzi o. Ena tsi do tso agakpe me na wo. Egbã agakpe la, eye tsi do bababa.
Neen, zij lijden geen dorst, Die Hij door de steppe laat trekken! Hij laat water voor hen uit de rotsen stromen, Splijt de rotsen vaneen, en de wateren vloeien!
22 Yehowa be, “Ŋutifafa meli na ame vɔ̃ɖiwo o.”
Maar geen vrede voor de goddelozen, Spreekt Jahweh!

< Yesaya 48 >