< Yesaya 46 >

1 Bel de ta agu, Nebo do dɔgɔ̃e. Wotsɔ woƒe legbawo do agbae na agbatsɔlãwo. Numeme siawo zu agba wotsɔna nɔa yiyim, eye wozu agba na agbatsɔla siwo gbɔdzɔ.
Bel crouches; Nebo cowers. Their idols weigh down beasts and cattle. The images you carry are burdensome, a load to the weary animal.
2 Wo katã wobɔbɔna hedea ta agu ɖekae, ke womete ŋu ɖe agba la ɖa o, eye woyi aboyome.
The gods cower; they crouch together, unable to relieve the burden; but they themselves go into captivity.
3 “O! Yakob ƒe aƒe, miɖo tom. Mi ame siwo katã susɔ na Israel ƒe aƒe la, mi ame siwo melé ɖe asi tso gbe si gbe wofɔ miaƒe fu, eye metsɔ mi tso gbe si gbe wodzi mi
“Listen to Me, O house of Jacob, all the remnant of the house of Israel, who have been sustained from the womb, carried along since birth.
4 va se ɖe miaƒe tsitsime esime miaƒe taɖa ƒo wɔ ke hã la, nye koe, nye ɖeka koe ate ŋu alé mi ɖe te. Nyee wɔ mi, eye matsɔ mi ada ɖe ɖokuinye dzi.
Even to your old age, I will be the same, and I will bear you up when you turn gray. I have made you, and I will carry you; I will sustain you and deliver you.
5 “Ame ka miebe yewoatsɔm asɔ kplii alo agblɔ be esɔ kplim? Ame ka miagblɔ be mele abe eya ene, ne woatsɔe asɔ kplim?
To whom will you liken Me or count Me equal? To whom will you compare Me, that we should be alike?
6 Wo dometɔ aɖewo dudua sika le woƒe kotokuwo me ɖe anyigba, eye wodaa klosalo le nudanu me. Woyɔa sikanutula be wòatsɔe awɔ mawue na wo, eye wodea ta agu hesubɔnɛ.
They pour out their bags of gold and weigh out silver on scales; they hire a goldsmith to fashion it into a god, so they can bow down and worship.
7 Wotsɔnɛ ɖoa abɔta henɔa yiyim kplii. Wotsɔnɛ ɖoa enɔƒe, eye afi ma ko wònɔa tsitre ɖo. Metea ŋu ɖea zɔ yia teƒe bubu o. Togbɔ be wodoa ɣli nɛ hã la, meɖoa nya ŋu na wo o, eye metea ŋu ɖea wo le woƒe xaxawo me hã o.
They lift it to their shoulder and carry it along; they set it in its place, and there it stands, not budging from that spot. They cry out to it, but it does not answer; it saves no one from his troubles.
8 “Mi aglãdzelawo, miɖo ŋku edzi, milée ɖe susu me, eye wòanɔ dzi me na mi.
Remember this and be brave; take it to heart, you transgressors!
9 Miɖo ŋku blemanuwo dzi, nu siwo dzɔ gbe aɖe gbe ʋĩi va yi. Nyee nye Mawu. Ɖeke megali o. Nyee nye Mawu, mawu bubu aɖeke megali o; Nyee nye Mawu, mawu bubu aɖeke mesɔ kplim o.
Remember what happened long ago, for I am God, and there is no other; I am God, and there is none like Me.
10 Mena mienya nuwuwua tso gɔmedzedzea, eye tso blema ke, mienya nu si ava dzɔ. Megblɔ be, ‘Nye nuɖoɖiwo anɔ anyi tegbee, eye mawɔ nu siwo katã dze ŋunye,’
I declare the end from the beginning, and ancient times from what is still to come. I say, ‘My purpose will stand, and all My good pleasure I will accomplish.’
11 meyɔ xeƒonu tso ɣedzeƒe, eye tso anyigba didi aɖe dzi. Meyɔ ame aɖe be wòana nye tameɖoɖowo nava eme. Nu si megblɔ la, eyae mana wòava eme. Nu si meɖo la, eya ke mawɔ.
I summon a bird of prey from the east, a man for My purpose from a far-off land. Truly I have spoken, and truly I will bring it to pass. I have planned it, and I will surely do it.
12 Miɖo tom, mi dzimesẽlawo kple mi, ame siwo le adzɔge na dzɔdzɔenyenye.
Listen to Me, you stubborn people, far removed from righteousness:
13 Metsɔ nye dzɔdzɔenyenye gbɔnae be wòate ɖe mia ŋu. Manɔ adzɔge tso mia gbɔ o, eye nye ɖeɖe mahe ɖe megbe o. Mana ɖeɖe nado na Zion, eye nye atsyɔ̃ anɔ Israel ŋu.”
I am bringing My righteousness near; it is not far away, and My salvation will not be delayed. I will grant salvation to Zion and adorn Israel with My splendor.

< Yesaya 46 >