< Yesaya 45 >

1 “Ale Yehowa gblɔ na Sirus, eƒe amesiamina, ame si ƒe nuɖusibɔ melé be matsɔ abɔbɔ dukɔwo ɖe anyi le eŋkume be maxɔ aʋawɔnuwo le fiawo si, ne maʋu mɔwo le eŋgɔ be agbowo matu le eŋgɔ o.
Сице глаголет Господь Бог помазанному Моему Киру, егоже удержах за десницу, повинути пред ним языки, и крепость царей разрушу, отверзу пред ним врата, и гради не злтворятся:
2 Madze ŋgɔ na wò, agbã towo le ŋgɔwò. Magbã akɔbligbowo, eye maŋe gayibɔ ƒe gametiwo.
Аз пред тобою пойду и горы уравню, врата медяная сокрушу и вереи железныя сломлю,
3 Matsɔ kesinɔnu siwo le blukɔ me kple nu xɔasi siwo wodzra ɖo ɖe ɣaɣlaƒe la na wò, ne nànya be nyee nye Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ame si tsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe.
и дам ти сокровища темная сокровенная: невидимая отверзу тебе, да увеси, яко Аз Господь Бог твой прозывая имя твое, Бог Израилев.
4 Le Yakob, nye dɔla kple Israel, nye ame tiatia ta la, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe heda bubuŋkɔ ɖe dziwò, togbɔ be mèdze sim o hã.
Ради раба Моего Иакова и Израиля избраннаго Моего, Аз прозову тя именем твоим и прииму тя:
5 Nyee nye Yehowa. Bubu aɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o. Mado ŋusẽ wò togbɔ be mèdze sim o hã.
ты же не познал еси Мене, яко Аз Господь Бог, и несть разве Мене еще Бога: укрепих тя, и не познал еси Мене,
6 Ale be tso afi si ɣe dzena tsona va se ɖe afi si wòɖoa to ɖo la, amewo nanya be Mawu bubu aɖeke mesɔ kplim o. Nyee nye Yehowa. Bubu aɖeke megali o.
да быша уведели, иже от восток солнечных и иже от запад, яко несть Бог разве Мене: Аз Господь Бог, и несть еще.
7 Nyee na kekeli dona. Nyee wɔ viviti. Nyee he dzidzedzekpɔkpɔ vɛ, eye nye kee he gbegblẽ hã vɛ. Nye Yehowae wɔ esiawo katã.
Аз устроивый свет и сотворивый тму, творяй мир и зиждяй злая, Аз Господь Бог, творяй сия вся.
8 “Mi dziŋgɔlĩwo, midza dzɔdzɔenyenye abe tsi ene. Lilikpowo nena wòadza. Na anyigba nake nu baa. Na ɖeɖe nado tso eme, eye na dzɔdzɔenyenye natsi kplii. Nye Yehowae wɔe.
Да возрадуется небо свыше, и облацы да кропят правду: да прозябнет земля, и да прорастит милость, и правду да прозябнет вкупе: Аз есмь Господь создавый тя.
9 “Baba na ame si le dzre wɔm kple eƒe Wɔla. Ame si lé nɛ ko abe ze le ze bubuwo dome le anyigba ene. Ɖe anyi abia zemela be, ‘Nu ka mem nèle mahã?’ Ɖe wò dɔ si wɔm nèle la, abia be, ‘Asi mele asiwò oa?’
Что лучшее устроих яко глину скудельничу? Еда оряй орати будет землю весь день? Еда речет брение скудельнику: что твориши, яко не делаеши, ниже имаши рук? Еда отвещает здание создавшему е?
10 Baba na ame si gblɔna na fofoa be, ‘Nu ka ta nèdzim ɖo?’ alo na dadaa be, ‘Nu ka ta nèlé ku ɖo?’
Еда глаголет отцу: что родиши? И матери: что чревоболиши?
11 “Ale Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ kple ekplɔla gblɔe nye esi: Ɖe nàbia gbem tso vinyewo ŋu alo aɖe gbe nam tso nye asinudɔwɔwɔwo ŋutia?
Яко тако глаголет Господь Бог, Святый Израилев, Сотворивый грядущая: вопросите Мене о сынех Моих и о дщерех Моих, и о делех руку моею заповедите Мне.
12 Nyee wɔ anyigba kple ame siwo le edzi. Nye ŋutɔ nye asiwoe keke dziƒowo me. Nyee wɔ dziƒoŋunuwo katã.
Аз сотворих землю и человека на ней, Аз рукою Моею утвердих небо, Аз всем звездам заповедах.
13 Le nye dzɔdzɔenyenye me, mado ŋusẽ Sirus. Mana eƒe mɔwo nanɔ dzɔdzɔe. Agbugbɔ nye du atso, eye wòaɖe asi le nye aboyomewo ŋuti nam. Ke maxɔ teƒeɖoɖo aɖeke o, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
Аз возставих его со правдою царя, и вси путие его правы: сей созиждет град Мой и пленение людий Моих возвратит, не по мзде, ни по даром, рече Господь Саваоф.
14 Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Nu siwo wowɔ le Egipte, Kus ƒe adzɔdonuwo kple Sabeatɔ tsrala mawo katã woava gbɔwò azu tɔwò. Woaɖo fli ɖe megbewò, eye woanɔ hame ava gbɔwò. Woade ta agu na wò, aɖe kuku agblɔ be ‘Vavãe, Mawu li kpli wò, eye bubu aɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke megali o.’”
Тако глаголет Господь Саваоф: утрудися Египет и купли Ефиопския, и Саваимстии мужие высоцыи к тебе прейдут и тебе будут раби, и вслед тебе пойдут связани узами ручными, и прейдут к тебе и поклонятся тебе, и в тебе помолятся, яко в тебе Бог есть, и рекут: несть Бога разве тебе:
15 Vavãe, ènye Mawu si ɣlaa eɖokui. O! Mawu kple Israel ƒe Ɖela.
Ты бо еси Бог, и не ведехом, Бог Израилев Спас.
16 Aklamakpakpɛwɔlawo katã aɖu ŋukpe, eye woakpɔ vlododo. Wo katã woaɖu ŋukpe.
Постыдятся и посрамятся вси противящиися ему и пойдут в студе: обновляйтеся ко мне, острови.
17 Ke Yehowa aɖe Israel kple ɖeɖe mavɔ. Màɖu ŋukpe alo akpɔ vlododo yi ɖe mavɔ me o,
Израиль спасается от Господа спасением вечным: не постыдятся, ни посрамятся даже до века ктому.
18 elabena ale Yehowa, ame si wɔ dziƒo, eye wònye Mawu, ame si wɔ anyigba, eye wòna wòva dzɔ, meyɔe be wòatsi gbɔlo o, ke boŋ ewɔe be nuwo nanɔ edzi. Eyae gblɔ be, “Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o.
Зане тако глаголет Господь сотворивый небо, Сей Бог показавый землю и сотворивый ю, Той раздели ю, не вотще сотвори ю, но на вселение созда ю: Аз есмь Господь, и несть ктому.
19 Nyemeƒo nu le ɣaɣlaƒe le anyigba aɖe si do blukɔ la dzi o. Nyemegblɔ na Yakob ƒe dzidzimeviwo be, ‘Midim dzodzro’ o. Nye Yehowa, nyateƒe ko megblɔna, eye nu si le eteƒe la ko meɖea gbeƒãe.
Не отай глаголах, ни в темне месте земли: не рекох племени Иаковлю: суетнаго взыщите. Аз есмь, Аз есмь Господь глаголяй правду и возвещаяй истину.
20 “Miƒo ƒu ne miava. Miƒo takpli, mi aboyome siwo tso dukɔwo me. Abunɛtɔwoe nye ame siwo lé aklamakpakpɛwo ɖe ta, eye wodoa gbe ɖa na mawu siwo mate ŋu aɖe ame o.
Соберитеся и приидите, совещайтеся вкупе, спасаемии от язык. Не разумеша воздвижущии древо изваяние свое и молящеся богом, иже не спасают.
21 Miɖe gbeƒã nu si ava dzɔ. Migblɔe ne woase. Mina woaƒo ƒu ade aɖaŋu. Ame kae gblɔ nya sia ɖi le blema, eye wòɖe gbeƒãe gbe aɖe gbe ʋĩi va yi? Ɖe menye nye Yehowae oa? Mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. Nye la, Mawu dzɔdzɔetɔ kple Ɖelae menye. Ɖeke megali o, negbe nye koe.
Аще возвестят, да приближатся, да уведят вкупе, кто слышана сотвори сия исперва? Тогда возвестися вам: Аз Бог, и несть иного разве Мене, праведен и Спаситель, несть кроме Мене.
22 “Mitrɔ ɖe ŋunye ne miakpɔ ɖeɖe, mi anyigba ƒe mlɔenuwo ke, elabena nyee nye Mawu, eye ɖeke megali o.
Обратитеся ко Мне и спасетеся, иже от края земнаго: Аз есмь Бог, и несть иного.
23 Nye ŋutɔ meka atam. Nye nu gblɔ nya si mede megbe na, nya si womatrɔ gbeɖe o. Klo sia klo adze nam, eye aɖe sia aɖe ayɔm aka atamue.
Кленуся Мною Самим, аще не изыдет изо уст Моих правда, словеса Моя не возвратятся: яко Мне поклонится всяко колено, и исповестся всяк язык Богови, глаголя:
24 Woagblɔ le ŋunye be, ‘Yehowa ɖeka hɔ̃ɔ me ko dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le.’” Ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe eŋuti la, atrɔ ava egbɔ kple ŋukpe.
правда и слава к Нему приидет: и посрамятся вси отлучающиися.
25 Ke Yehowa mee Israel ƒe dzidzimeviwo katã akpɔ dzɔdzɔenyenye kple dodoɖedzi le.
От Господа оправдятся, и о Бозе прославится все семя сынов Израилевых.

< Yesaya 45 >