< Yesaya 44 >

1 “Ke azɔ la, ɖo to, o nye dɔla Yakob, Israel, ame si metia.
But now listen, O Jacob My servant, Israel, whom I have chosen.
2 Ale Yehowa ame si wɔ wò, ame si me wò ɖe vidzidɔ me, ame si akpe ɖe ŋuwò la gblɔe nye esi, Mègavɔ̃ o, O! Yakob, nye dɔla. Yerusalem, ame si metia,
This is the word of the LORD, your Maker, who formed you from the womb and who will help you: “Do not be afraid, O Jacob My servant, Jeshurun, whom I have chosen.
3 elabena makɔ tsi ɖe kuɖiɖinyigba dzi kple tɔʋuwo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Makɔ nye gbɔgbɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi.
For I will pour water on the thirsty land, and currents on the dry ground. I will pour out My Spirit on your descendants, and My blessing on your offspring.
4 Woamie abe gbe si le gbedzi ene, eye woanɔ abe amutiwo le tɔʋuwo to ene.
They will sprout among the grass like willows by flowing streams.
5 Ɖeka agblɔ be, ‘Yehowa tɔ menye.’ Bubu atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui, eye ame bubu hã aŋlɔ ɖe eƒe asi ŋuti be, ‘Yehowa tɔ,’ eye wòatsɔ ŋkɔ be Israel.
One will say, ‘I belong to the LORD,’ another will call himself by the name of Jacob, and still another will write on his hand, ‘The LORD’s,’ and will take the name of Israel.”
6 “Ale Yehowa, Israel ƒe Fia kple Ɖela, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: Nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ. Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
Thus says the LORD, the King and Redeemer of Israel, the LORD of Hosts: “I am the first and I am the last, and there is no God but Me.
7 Ekema ame kae sɔ kplim? Neɖe gbeƒãe. Neva gblɔe, eye wòaɖee afia le ŋkunye me, nu siwo dzɔ tso esime meɖo nye blemamewo gɔme anyi kple nu si gbɔna eme va ge. Ɛ̃, negblɔ nu si ava dzɔ.
Who then is like Me? Let him say so! Let him declare his case before Me, since I established an ancient people. Let him foretell the things to come, and what is to take place.
8 Migadzo nyanyanya o. Migavɔ̃ o. Ɖe nyemeɖe gbeƒã esia, eye megblɔe da ɖi gbe aɖe gbe ke oa? Miawoe nye nye ɖasefowo. Ɖe Mawu bubu aɖe gali kpe ɖe ŋunyea? Ao, Agakpe aɖeke megali o.”
Do not tremble or fear. Have I not told you and declared it long ago? You are My witnesses! Is there any God but Me? There is no other Rock; I know not one.”
9 Ame siwo katã ha legbawo la, mele ɖeke me o, eye nu siwo ŋu wode asixɔxɔe la nye tofloko. Ame siwo ƒoa nu ɖe wo nu la nye ŋkugbagbãtɔwo, numanyala siwo menya ŋukpe o.
All makers of idols are nothing, and the things they treasure are worthless. Their witnesses fail to see or comprehend, so they are put to shame.
10 Ame kae kpa aklamakpakpɛ mawo, eye wòli legba si mahe viɖe aɖeke vɛ nɛ o?
Who fashions a god or casts an idol which profits him nothing?
11 Woado ŋukpe aklamakpakpɛwɔla kple aklamakpakpɛ la siaa, elabena aɖaŋudɔwɔlawo hã, amegbetɔwo ko wonye. Wo katã neƒo ƒu ne woaɖo kpe nu dzi, ke hã la, woaƒo wo aƒu anyi kple ŋɔdzi kple dɔléle.
Behold, all his companions will be put to shame, for the craftsmen themselves are only human. Let them all assemble and take their stand; they will all be brought to terror and shame.
12 Gbede tsɔ eƒe dɔwɔnu de gayibɔdzo me. Etsɔ eƒe zu wɔ dɔ le gayibɔ la ŋu kple eƒe abɔ sesẽ, eye wòwɔe wòzu legba. Dɔ wui, eye wògbɔdzɔ. Meno tsi o, ale nu ti kɔ nɛ vevie.
The blacksmith takes a tool and labors over the coals; he fashions an idol with hammers and forges it with his strong arms. Yet he grows hungry and loses his strength; he fails to drink water and grows faint.
13 Atikpala tsɔ nudzidzenu, eye wòtsɔ ɣe te fli ɖe teƒe siwo wòdzidze. Etsɔ nukpafi zrɔ̃ teƒeteƒewoe, eye wòtsɔ nudzidzega dzidzee. Ekpae ɖe ame ƒe nɔnɔme me, le ame ƒe dzedze nyuitɔ me be wòate ŋu atsɔe ada ɖe trɔ̃xɔ me.
The woodworker extends a measuring line; he marks it out with a stylus; he shapes it with chisels and outlines it with a compass. He fashions it in the likeness of man, like man in all his glory, that it may dwell in a shrine.
14 Atikpala la lã sedati, papawu alo logoti. Ena wòtsi le avemetiwo dome. Ɖewohĩ edo gboti hã, eye tsidzadza na wòtsi.
He cuts down cedars or retrieves a cypress or oak. He lets it grow strong among the trees of the forest. He plants a laurel, and the rain makes it grow.
15 Ame la tsɔe wɔ nakee. Etsɔ ɖe do dzoe le ƒuƒum. Etsɔ ɖe do dzoe, me abolo. Etsɔ ɖe wɔ mawue. Ke etsɔ ɖe wɔ mawue hesubɔna, eye wòtsɔ ɖe wɔ aklamakpakpɛ hedea ta agu nɛ.
It serves as fuel for man. He takes some of it to warm himself, and he kindles a fire and bakes his bread; he even fashions it into a god and worships it; he makes an idol and bows down to it.
16 Etsɔ ati la ƒe afã do dzoe heɖa nu le edzi. Eme lã le edzi, eye wòɖu nu ɖi ƒo. Azɔ eƒu dzo la hegblɔ be: “Aa! Mekpɔ dzo le ƒuƒum, eye nye lãme xɔ dzo.”
He burns half of it in the fire, and he roasts meat on that half. He eats the roast and is satisfied. Indeed, he warms himself and says, “Ah! I am warm; I see the fire.”
17 Etsɔ ati la ƒe mamlɛa wɔ aklamakpakpɛ, mawu si wòdea ta agu na hesubɔna. Edo gbe ɖa nɛ be, “Ɖem, wòe nye nye mawu.”
From the rest he makes a god, his graven image. He bows down to it and worships; he prays to it and says, “Save me, for you are my god.”
18 Ame siawo menya naneke o. Womese naneke gɔme o. Nu tsyɔ woƒe ŋkuwo dzi be womegakpɔ nu o, eye woƒe susuwo me xe be womagase naneke gɔme o.
They do not comprehend or discern, for He has shut their eyes so they cannot see and closed their minds so they cannot understand.
19 Nunya mele wo dometɔ aɖeke si wòagblɔ be, “Metsɔ afã wɔ nakee. Meme abolo gɔ̃ hã le eƒe dzokawo dzi, eye meme lã hã le edzi heɖu o. Ɖe matsɔ mamlɛa awɔ ŋunyɔnuea? Ɖe madze klo na atikpoa.”
And no one considers in his heart, no one has the knowledge or insight to say, “I burned half of it in the fire, and I baked bread on its coals; I roasted meat and I ate. Shall I make something detestable with the rest of it? Shall I bow down to a block of wood?”
20 Etsɔ eƒe susu da ɖe dzofi dzi, eye dzi si woble la kplɔe trae, ale mate ŋu aɖe eɖokui alo agblɔ be, “Ɖe nu si melé ɖe nye nuɖusime la menye aʋatso oa?”
He feeds on ashes. His deluded heart has led him astray, and he cannot deliver himself or say, “Is not this thing in my right hand a lie?”
21 “Ɖo ŋku nu siawo dzi, O! Yakob, elabena wòe nye nye dɔla, O! Israel. Nyee me wò, eye nye dɔlae nènye. O! Israel, nyemaŋlɔ wò be akpɔ o.
Remember these things, O Jacob, for you are My servant, O Israel. I have made you, and you are My servant; O Israel, I will never forget you.
22 Mekplɔ wò vodadawo dzoe abe lilikpo ene, eye mena wò nu vɔ̃wo nu va yi abe ahũ si dza le fɔŋli ene. Trɔ̃ va gbɔnye, elabena meɖe wò.”
I have blotted out your transgressions like a cloud, and your sins like a mist. Return to Me, for I have redeemed you.
23 O! Dziƒowo, midzi ha kple dzidzɔ, elabena Yehowae wɔ esia. O! Anyigba do ɣli sesĩe. Mido ha ɖa, mi towo, avewo kple avemetiwo, elabena Yehowa ɖe Yakob. Eɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le Israel.
Sing for joy, O heavens, for the LORD has done this; shout aloud, O depths of the earth. Break forth in song, O mountains, you forests and all your trees. For the LORD has redeemed Jacob, and revealed His glory in Israel.
24 “Ale Yehowa, wò Ɖela, ame si me wò ɖe dɔ me la gblɔe nye esi: “Nyee nye Yehowa si wɔ nuwo katã. Ame si he dziƒowo me, eye nye ŋutɔe keke anyigbawo me.
Thus says the LORD, your Redeemer who formed you from the womb: “I am the LORD, who has made all things, who alone stretched out the heavens, who by Myself spread out the earth,
25 Nyee gblẽa alakpanyagblɔɖilawo ƒe dzesiwo me, eye medoa abunɛ bokɔwo ƒe nukakawo, ame si ɖea nunyalawo le zi dzi, eye wòtrɔa woƒe nunya wòzua bometsitsi.
who foils the signs of false prophets and makes fools of diviners, who confounds the wise and turns their knowledge into nonsense,
26 Ame si wɔna ɖe eƒe dɔlawo ƒe biabiawo dzi, eye wònaa eƒe dɔlawo ƒe nyagblɔɖiwo vaa eme. “Ame si gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Amewo aganɔ me wò,’ na Yuda ƒe duwo be, ‘Woagbugbɔ mi atso,’ eye na aƒedowo be, ‘Magbugbɔ mi aɖo te.’
who confirms the message of His servant and fulfills the counsel of His messengers, who says of Jerusalem, ‘She will be inhabited,’ and of the cities of Judah, ‘They will be rebuilt, and I will restore their ruins,’
27 Ame si gblɔ na tɔ goglowo be, ‘Mimie, mana mia me tsiwo namie.’
who says to the depths of the sea, ‘Be dry, and I will dry up your currents,’
28 Ame si gblɔ le fia Sirus ŋu be, ‘Eyae nye nye alẽkplɔla, eye awɔ nu siwo katã dze ŋunye. Agblɔ le Yerusalem ŋu be, “Woagbugbɔe atu,” eye le gbedoxɔ la ŋu be, “Mina woaɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi.”’
who says of Cyrus, ‘My shepherd will fulfill all that I desire,’ who says of Jerusalem, ‘She will be rebuilt,’ and of the temple, ‘Let its foundation be laid.’”

< Yesaya 44 >