< Yesaya 43 >

1 Ke azɔ la, ale Yehowa, ame si wɔ wò, O! Yakob, eye wòme wò, O! Israel, la gblɔe nye esi, “Mègavɔ̃ o, elabena meɖe wò. Metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be tɔnye nènye.
И ныне сице глаголет Господь Бог сотворивый тя, Иакове, и создавый тя, Израилю: не бойся, яко избавих тя, прозвах тя именем твоим: Мой еси ты.
2 Ne èto tɔ me, mato eme kpli wò, ne èto tɔsisiwo me, mato wo me kpli wò be tɔsisi la malé wò o. Ne èto dzo me mame wò o, eye dzo ƒe aɖewo hã mafia wò o,
И аще преходиши сквозе воду, с тобою есмь, и реки не покрыют тебе: и аще скозе огнь пройдеши, не сожжешися, и пламень не опалит тебе,
3 elabena nye Yehowa, wò Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò ɖela. Metsɔ Egipte ƒle tawò, eye Kus kple Seba axɔ ɖe tewòƒe.
яко Аз Господь Бог твой, Святый Израилев, Спасаяй тя: сотворих премену твою Египет и Ефиопию, и Соину за тя.
4 Esi asixɔxɔ kple bubu le ŋutiwò le ŋkunye me, eye melɔ̃ wò ta la, matsɔ ŋutsuwo ana ɖe tewòƒe. Matsɔ amegbetɔwo ana ɖe wò agbe teƒe.
Отнелиже честен был еси предо Мною, прославился еси, и Аз тя возлюбих, и дам человеки за тебе и князи за главу твою.
5 Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò, makplɔ viwòwo tso ɣedzeƒe, eye maƒo mia nu ƒu tso ɣetoɖoƒe.
Не бойся, яко с тобою есмь: от восток приведу семя твое и от запад соберу тя:
6 Magblɔ na anyiehe be, ‘Ɖe asi le wo ŋu.’ Na dziehe be, ‘Megasika wo o.’ Mikplɔ vinye ŋutsuwo tso didiƒe kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke vɛ,
реку северу: приведи: и ливу: не возбраняй, приведи сыны Моя от земли дальния и дщери Моя от краев земных,
7 ame sia ame si ko ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo, ame siwo mewɔ hena nye ŋutikɔkɔe, ame siwo meme, eye mewɔ.”
всех, елицы нарицаются именем Моим: во славе бо Моей устроих его и создах его и сотворих и.
8 Mikplɔ ame siwo ŋku li na, gake womele nu kpɔm o la kple ame siwo to li na, gake womesea nu o la do goe.
И изведох люди слепы, и очи суть такожде слепы, и глуси ушы имущии.
9 Dukɔwo katã kpe ta, eye amewo ƒo takpli. Wo dometɔ kae gblɔ esia da ɖi, eye wòɖe gbeƒã nu siwo dzɔ va yi la na mi? Womekplɔ woƒe ɖasefowo vɛ, ne woaɖee fia be woƒe nya dzɔ, ale be ame bubuwo asee agblɔ be, “Nyateƒee” o.
Вси языцы собрашася вкупе, и соберутся князи от них. Кто возвестит сия? Или яже исперва кто возвестит вам? Да приведут свидетели своя и оправдятся, и да услышат и да рекут истину.
10 Yehowa be, “Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla si metia be mianya, eye miaxɔ dzinye ase, ase egɔme be nyee. Mawu aɖeke medo ŋgɔ nam o, eye ɖeke hã mado ŋgɔ nam o.
Будите Ми свидетелие, и Аз свидетель, глаголет Господь Бог, и отрок Мой, егоже избрах, да увесте и веруете Ми и уразумеете, яко Аз есмь: прежде Мене не бысть ин Бог, и по Мне не будет.
11 Nyee, ɛ̃, nyee. Nyee nye Yehowa. Ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
Аз Бог, и несть разве Мене Спасаяй.
12 Nye la, meɖee fia. Meɖe eme, eye meɖe gbeƒã be nyee, ke menye dzromawu siwo le mia dome lae o. Miawoe nye nye ɖasefowo.”
Аз возвестих и спасох, укорих, и не бе в вас чуждий: вы Мне свидетелие, и Аз свидетель, глаголет Господь Бог,
13 Yehowae gblɔe. “Mianyae be nyee nye Mawu. Ɛ̃, nye koe tso blema ke. Ame aɖeke mate ŋu axɔ ame le asinye o. Ne mewɔ nu la, ame kae ate ŋu atrɔe?”
еще от начала, и несть изимаяй от руку Моею: сотворю, и кто отвратит е?
14 Ale Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Le tawò madɔ ame ɖo ɖe Babilonia woaɖakplɔ Babiloniatɔwo vɛ abe aʋasilawo ene, eye woalɔ wo ɖe woƒe tɔdziʋu siwo dzi wodana ɖo la me.
Тако глаголет Господь Бог, Избавляяй вас, Святый Израилев: вас ради послю в Вавилон и воздвигну вся бежащыя, и Халдее в кораблех свяжутся.
15 Nyee nye Yehowa, miaƒe Kɔkɔetɔ la, Israel Wɔla kple miaƒe Fia.”
Аз Господь Бог Святый ваш, показавый Израиля Царя вашего.
16 Ale Yehowa, ame si ɖe mɔ to atsiaƒu me, ame si ɖe mɔ to tɔsisi gãwo me,
Сице глаголет Господь, даяй путь по морю и по воде сильне стезю:
17 ame si na tasiaɖamwo, sɔwo, aʋakɔwo, kple kalẽtɔwo ho aʋa, va tsi afi si womagafɔ le gbeɖe o. Ame si na wotsrɔ̃, eye wotsi abe akaɖimeɖovu ene la gblɔe nye esi:
изводяй колесницы и кони и народ силен: но успоша и не востанут, угасоша аки лен угашен.
18 “Miŋlɔ blemanuwo be. Migaɖo ŋu ɖe gbe aɖe gbe nuwo ŋu o.
Не поминайте первых, и ветхих не помышляйте,
19 Kpɔ ɖa, mele nu yeye wɔm! Edo mo ɖa xoxo, mèle ekpɔm oa? Mele mɔ tam ɖe gbedzi, eye mana tɔsisiwo nado ɖe kuɖiɖinyigba dzi.
се, Аз творю новая, яже ныне возсияют, и увесте я: и сотворю в пустыни путь и в безводней реки.
20 Gbemelãwo, amegaxiwo kple golowo ade bubu ŋunye, elabena mena tsi do tso gbegbe, eye tɔsisiwo do ɖe kuɖiɖinyigba dzi be mana tsi nye amewo, nye ame tiatiawo,
Возблагословят Мя зверие селнии, сирини и дщери струфовы: яко дах в пустыни воду и реки в безводней, напоити род Мой избранный,
21 ame siwo mewɔ na ɖokuinye be woaɖe gbeƒã nye kafukafu.
люди Моя, яже снабдех, добродетели Моя поведати.
22 “Ke wò, Yakob, mèyɔm o. O! Israel, mèkpe fu ɖe tanye o.
Не ныне призвах тебе, Иакове, ниже трудитися сотворих тя, Израилю.
23 Mètsɔa wò alẽwo saa numevɔ nam loo alo tsɔa wò akpedavɔsa dea bubu ŋunye o. Nyemetsɔ nuɖuvɔsawo do agbae na wò o alo ɖe fu na wo be nàtsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu vɛ nam o.
Не принесл еси Мне овец твоих всесожжения твоего, ни в жертвах твоих прославил Мя еси, не поработих тя в жертвах, ниже утруждена сотворих тя в Ливане:
24 Mètsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ nam alo tsɔa wò lãwo ƒe ami sãa vɔ̃e nam agbadree o, ke boŋ ètsɔ wò nu vɔ̃wo do agbae nam, eye nèɖe fu nam kple wo vodadawo.
не купил еси Мне на сребро фимиама, ниже тука треб твоих возжелах, но во гресех твоих стал еси предо Мною и в неправдах твоих.
25 “Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.
Аз есмь, Аз есмь заглаждаяй беззакония твоя Мене ради и грехи твоя, и не помяну.
26 Ɖo ŋku tsãnuwo dzi nam. Na míahe nya sia kple mía nɔewo. Gblɔ ale si wò nya dzɔe.
Ты же помяни, и да судимся: глаголи ты беззакония твоя прежде, да оправдишися.
27 Fofowò gbãtɔ wɔ nu vɔ̃. Wò nyanuɖelawo dze aglã ɖe ŋutinye,
Отцы ваши первии согрешиша, и князи ваши беззаконноваша на Мя.
28 eya ta mado ŋunyɔ ame ŋkuta siwo le wò gbedoxɔ me. Matsɔ Yakob ade asi na gbegblẽ, eye Israel na fewuɖuɖu.”
И оскверниша князи святая Моя, и дах погубити Иакова и Израиля во укоризну.

< Yesaya 43 >