< Yesaya 42 >
1 “Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si melé ɖe te, nye ame tiatia si ŋu mekpɔa ŋudzedze le; matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi ne wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo.
看哪,我的僕人- 我所扶持所揀選、心裏所喜悅的! 我已將我的靈賜給他; 他必將公理傳給外邦。
2 Mafa avi alo ado ɣli alo woase eƒe ŋkɔ le mɔtata dzi o.
他不喧嚷,不揚聲, 也不使街上聽見他的聲音。
3 Maɖe aƒla ŋeŋe la ɖa o, eye matsi akaɖimeɖovu si le bibim ɖɔɖɔɖɔ la o. Adrɔ̃ ʋɔnu le nyateƒe me.
壓傷的蘆葦,他不折斷; 將殘的燈火,他不吹滅。 他憑真實將公理傳開。
4 Maʋuʋu alo dzi naɖe le eƒo o va se ɖe esime wòɖo dzɔdzɔenyenye ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe anyi ɖe anyigba dzi, eye ƒukpowo ada woƒe mɔkpɔkpɔwo ɖe eƒe se la dzi.”
他不灰心,也不喪膽, 直到他在地上設立公理; 海島都等候他的訓誨。
5 Ale Yehowa, Mawu, ame si wɔ dziƒo, eye wòhe eme, ame si keke anyigba kple nu siwo katã doa go tso eme, ame si na agbegbɔgbɔ edzinɔlawo, eye wòna agbe ame siwo zɔna le edzi la gblɔe nye esi.
創造諸天,鋪張穹蒼, 將地和地所出的一併鋪開, 賜氣息給地上的眾人, 又賜靈性給行在其上之人的上帝耶和華, 他如此說:
6 “Nye, Yehowa, meyɔ wò le dzɔdzɔenyenye me. Malé wò alɔnu. Makpɔ tawò, ana nànye nubabla na amewo kple kekeli na dukɔwo,
我-耶和華憑公義召你, 必攙扶你的手,保守你, 使你作眾民的中保, 作外邦人的光,
7 be nàʋu ŋku na ŋkugbagbãtɔwo, be nàɖe ga gamenɔlawo, eye nàɖe ame siwo nɔ do globo me la tso viviti me.
開瞎子的眼, 領被囚的出牢獄, 領坐黑暗的出監牢。
8 “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee ma! Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe alo kafukafu ana legbawo o.
我是耶和華,這是我的名; 我必不將我的榮耀歸給假神, 也不將我的稱讚歸給雕刻的偶像。
9 Kpɔ ɖa, blemanyawo va eme, eye megale yeyewo gblɔm. Hafi woava dzɔ la, meɖe gbeƒã tso wo ŋuti na mi xoxo.”
看哪,先前的事已經成就, 現在我將新事說明, 這事未發以先,我就說給你們聽。
10 Mi ame siwo toa atsiaƒu dzi, mi nu siwo le atsiaƒu me, mi ƒukpowo kple ame siwo le wo dzi, midzi ha yeye na Yehowa. Midzi eƒe kafukafuha le anyigba ƒe mlɔenuwo ke.
航海的和海中所有的, 海島和其上的居民, 都當向耶和華唱新歌, 從地極讚美他。
11 Gbegbe kple du siwo le afi ma nekɔ woƒe gbe dzi. Kedar ƒe kɔƒewo me nɔlawo netso aseye. Ame siwo le Sela la nedzi ha kple dzidzɔ. Wonedo ɣli tso towo tame.
曠野和其中的城邑, 並基達人居住的村莊都當揚聲; 西拉的居民當歡呼, 在山頂上吶喊。
12 Wonetsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa, eye woaɖe gbeƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi.
他們當將榮耀歸給耶和華, 在海島中傳揚他的頌讚。
13 Yehowa ado abe kalẽtɔ ene. Ade dzo eɖokui me abe aʋawɔla ene. Atsɔ eƒe gbe ado aʋaɣli, eye wòaɖu eƒe futɔwo dzi.
耶和華必像勇士出去, 必像戰士激動熱心, 要喊叫,大聲吶喊, 要用大力攻擊仇敵。
14 “Mezi kpi eteƒe didi, mezi ɖoɖoe, eye melé ɖokuinye kpoo, ke azɔ la, abe nyɔnu si le ku lém ene la, mado ɣli, alɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo, eye manɔ gbɔgbɔm fuxefuxe.
我許久閉口不言,靜默不語; 現在我要喊叫,像產難的婦人; 我要急氣而喘哮。
15 Makaka towo kple togbɛwo, mana gbe damawo katã naƒu, mana tɔsisiwo nazu tɔdomekpowo, eye mana tɔʋuwo namie keŋkeŋ.
我要使大山小岡變為荒場, 使其上的花草都枯乾; 我要使江河變為洲島, 使水池都乾涸。
16 Makplɔ ŋkugbagbãtɔwo ato mɔ si womenya tsã o la dzi, eye makplɔ wo to mɔ manyamanya dzi. Mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye mana toƒe tsakliwo nazu zɔzrɔ̃e na wo. Esiawoe nye nu siwo mawɔ, nyemagble wo ɖi o.
我要引瞎子行不認識的道, 領他們走不知道的路; 在他們面前使黑暗變為光明, 使彎曲變為平直。 這些事我都要行, 並不離棄他們。
17 Ke ame siwo ɖoa dzi ɖe aklamakpakpɛwo ŋu, ame siwo gblɔna na legbawo be, ‘Míaƒe mawuwoe mienye’ la, woagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe gã.
倚靠雕刻的偶像, 對鑄造的偶像說: 你是我們的神; 這等人要退後,全然蒙羞。
18 “Mi tokunɔwo, mise nu, mi ŋkugbagbãtɔwo, mifɔ mo dzi, miakpɔ nu!
你們這耳聾的,聽吧! 你們這眼瞎的,看吧! 使你們能看見。
19 Ame kae tsi ŋku, eye wòku to abe nye dɔla si medɔ la ene, ɖe menye nye dɔlae oa? Ame kae nye ŋkunɔ abe xɔ̃nye ene, eye wòtsi ŋku abe Yehowa ƒe dɔla ene?
誰比我的僕人眼瞎呢? 誰比我差遣的使者耳聾呢? 誰瞎眼像那與我和好的? 誰瞎眼像耶和華的僕人呢?
20 Èkpɔ nu geɖe, gake mètsɔ wo de ta me o, wò towo le ʋuʋu ɖi, gake mèse naneke o.”
你看見許多事卻不領會, 耳朵開通卻不聽見。
21 Edze Yehowa ŋu le eƒe dzɔdzɔenyenye ta be, wòade gãnyenye kple bubu eƒe se ŋu.
耶和華因自己公義的緣故, 喜歡使律法為大,為尊。
22 Ke esia nye ame siwo woda adzoe, eye woha wo; mɔ ɖe wo katã le dowo me, eye wobe ɖe gaxɔwo me. Wozu nuhaha, eye ame aɖeke meli axɔ na wo o. Wozu nu siwo woda adzoe, eye ame aɖeke meli agblɔ be, “Mitrɔ wo yii o.”
但這百姓是被搶被奪的, 都牢籠在坑中,隱藏在獄裏; 他們作掠物,無人拯救, 作擄物,無人說交還。
23 Mia dometɔ kae aɖo to nu sia alo alé to ɖe nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋu tsitotsito?
你們中間誰肯側耳聽此, 誰肯留心而聽,以防將來呢?
24 Ame kae de Yakob asi be wòazu nuhaha, eye wòde Israel asi na adzodalawo? Ɖe menye Yehowa, ame si ŋu miewɔ nu vɔ̃ ɖo lae oa? Elabena wogbe eƒe mɔwo dzi toto, eye womewɔ ɖe eƒe sewo dzi o.
誰將雅各交出當作擄物, 將以色列交給搶奪的呢? 豈不是耶和華嗎? 就是我們所得罪的那位。 他們不肯遵行他的道, 也不聽從他的訓誨。
25 Eya ta wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la kple aʋawɔwɔ ƒe nu vlowo kɔ ɖe wo dzi. Ena dzo bi ƒo xlã wo, gake womese egɔme o. Dzo la fia wo, gake mede dzi gbɔ na wo o.
所以,他將猛烈的怒氣和爭戰的勇力 傾倒在以色列的身上。 在他四圍如火着起,他還不知道, 燒着他,他也不介意。