< Yesaya 40 >
1 Mifa akɔ, mifa akɔ na nye amewo, miaƒe Mawu lae gblɔe.
“Comfort, comfort My people,” says your God.
2 De dzi ƒo na Yerusalem, eye nàgblɔ nɛ be, eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ wu enu. Woxe fe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta be ekpɔ teƒeɖoɖo eve tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta.
“Speak tenderly to Jerusalem, and proclaim to her that her forced labor has been completed; her iniquity has been pardoned. For she has received from the hand of the LORD double for all her sins.”
3 Ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe enye esi: “Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo le gbegbe. Mita mɔ dzɔdzɔe ɖe gbedadaƒo na miaƒe Mawu la.
A voice of one calling: “Prepare the way for the LORD in the wilderness; make a straight highway for our God in the desert.
4 Balimewo katã akɔ kpo, eye woabɔbɔ to kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi; anyigba tsakliwo katã azu zɔzrɔ̃e, eye teƒe siwo katã kɔ kpo la azu sɔsɔe.
Every valley shall be lifted up, and every mountain and hill made low; the uneven ground will become smooth, and the rugged land a plain.
5 Woaɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go, eye amegbetɔƒomea katã akpɔe, elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.”
And the glory of the LORD will be revealed, and all humanity together will see it.
6 Gbe aɖe ɖi be, “Ɖe gbeƒã!” eye mebia be, “Nu ka ƒe gbeƒã maɖe?” “Amegbetɔwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene.
A voice says, “Cry out!” And I asked, “What should I cry out?” “All flesh is like grass, and all its glory like the flowers of the field.
7 Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖe wo dzi. Vavãe amewo katã le abe gbe ene.
The grass withers and the flowers fall when the breath of the LORD blows on them; indeed, the people are grass.
8 Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke miaƒe Mawu ƒe nya nɔa anyi tegbee.”
The grass withers and the flowers fall, but the word of our God stands forever.”
9 Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Zion, lia to kɔkɔ aɖe. Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Yerusalem, kɔ wò gbe dzi nàdo ɣli, kɔ gbe dzi, mègavɔ̃ o; gblɔ na Yuda ƒe duwo be, “Miaƒe Mawue nye esi!”
Go up on a high mountain, O Zion, herald of good news. Raise your voice loudly, O Jerusalem, herald of good news. Lift it up, do not be afraid! Say to the cities of Judah, “Here is your God!”
10 Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu gbɔna kple ŋusẽ, eye eƒe abɔ le dzi be yeaɖu fia. Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋuti, eye eƒe teƒeɖoɖo hã kpe ɖe eŋuti.
Behold, the Lord GOD comes with might, and His arm establishes His rule. His reward is with Him, and His recompense accompanies Him.
11 Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔla ene; alé alẽviawo ɖe abɔdome, alé wo ɖe eƒe akɔnu, eye wòakplɔ alẽnɔwo kple beléle.
He tends His flock like a shepherd; He gathers the lambs in His arms and carries them close to His heart. He gently leads the nursing ewes.
12 Ame kae dzidze tsi ɖe eƒe asiʋlome alo tsɔ eƒe asi ƒe kekeme dzidze dziƒoe? Ame kae lɔ ke si le anyigba la ɖe nudonu me alo da towo le nudanu me kple togbɛwo le nudanu dzi?
Who has measured the waters in the hollow of his hand, or marked off the heavens with the span of his hand? Who has held the dust of the earth in a basket, or weighed the mountains on a scale and the hills with a balance?
13 Ame kae ase Yehowa ƒe susu gɔme alo anye eƒe aɖaŋudela aɖo aɖaŋu nɛ?
Who has directed the Spirit of the LORD, or informed Him as His counselor?
14 Ame ka gbɔ Yehowa yi be wòaɖe nugɔme nɛ alo wòafia mɔ dzɔdzɔetɔe? Ame kae fia nunya alo gɔmesese ƒe mɔe?
Whom did He consult to enlighten Him, and who taught Him the paths of justice? Who imparted knowledge to Him and showed Him the way of understanding?
15 Vavãe dukɔwo le abe tsi si ge toŋtoŋ tso tɔkpo me ene, wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu dzi ene, eye wòda ƒukpowo le nudanu dzi abe ʋuʋudedi ko wonye ene.
Surely the nations are like a drop in a bucket; they are considered a speck of dust on the scales; He lifts up the islands like fine dust.
16 Lebanon ƒe avemetiwo mesɔ gbɔ woatsɔ awɔ nakee ado dzoe le vɔsamlekpui dzi o, eye eƒe lãhawo hã mesɔ gbɔ ade numevɔsawo nu o.
Lebanon is not sufficient for fuel, nor its animals enough for a burnt offering.
17 Dukɔwo katã menye naneke le eƒe ŋkume o. Ebua wo abe nu maɖinuwo ko ene, eye wonye tofloko.
All the nations are as nothing before Him; He regards them as nothingness and emptiness.
18 Ekema ame ka míatsɔ asɔ kple Mawu, eye nɔnɔme ka míatsɔ asɔ kplii?
To whom will you liken God? To what image will you compare Him?
19 Legba nye aɖaŋuwɔla ƒe nuwɔwɔ. Sikanutulae tsɔ sika fa ɖe eŋu, eye wòtsɔ klosalo wɔ kɔsɔkɔsɔ de nɛ.
To an idol that a craftsman casts and a metalworker overlays with gold and fits with silver chains?
20 Ame dahe si, si nu siawo mele o la wɔa ati si megblẽna o la ŋu dɔ. Edia atikpala si aɖaŋu le mo na be wòakpa aklamakpakpɛ, eye wòalii be mamu adze anyi o.
To one bereft of an offering who chooses wood that will not rot, who seeks a skilled craftsman to set up an idol that will not topple?
21 Ɖe mienya oa? Ɖe miesee oa? Ɖe womegblɔe na mi tso gɔmedzedzea me ke oa? Ɖe miese egɔme tso anyigba ƒe gɔmeɖoanyiɣi ke oa?
Do you not know? Have you not heard? Has it not been declared to you from the beginning? Have you not understood since the foundation of the earth?
22 Eyae nye ame si nɔ fiazi dzi le xexea me godoo tame, eye anyigbadzinɔlawo le abe abɔwo ene le ete. Ekeke dziƒowo abe avɔ ene, eye wòwɔe abe avɔgbadɔ si me wonɔna la ene.
He sits enthroned above the circle of the earth; its dwellers are like grasshoppers. He stretches out the heavens like a curtain, and spreads them out like a tent to dwell in.
23 Eɖea bubu le amegãwo dzi, eye wòwɔa xexe sia me dziɖulawo wozua nu maɖinuwo.
He brings the princes to nothing and makes the rulers of the earth meaningless.
24 Womekpɔ do wo o, womekpɔ ƒã wo o, womekpɔ to ke ɖe anyigba me o, kasia egbɔ ɖe wo dzi, woyrɔ, eye ya va kplɔ wo dzoe abe atsa ene.
No sooner are they planted, no sooner are they sown, no sooner have their stems taken root in the ground, than He blows on them and they wither, and a whirlwind sweeps them away like stubble.
25 Kɔkɔetɔ la be, “Ame ka miatsɔm asɔ kplii alo ame kae sɔ kplim?”
“To whom will you liken Me, or who is My equal?” asks the Holy One.
26 Miwu mo dzi ne miakpɔ dziƒo. Ame ka wɔ nu siawo katã? Ame si ɖe dziƒoŋunuwo ɖe go ɖekaɖeka, eye wòna ŋkɔ ɖe sia ɖe lae. Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe alɔ sesẽ la ta, mena ɖeke bu le wo dome o.
Lift up your eyes on high: Who created all these? He leads forth the starry host by number; He calls each one by name. Because of His great power and mighty strength, not one of them is missing.
27 O! Yakob, nu ka ta nègblɔ ale, eye O! Israel, nu ka ta nègblɔ be, “Nye mo ɣla ɖe Yehowa, eye nye Mawu metsɔ ɖeke le nye nyawo me o?”
Why do you say, O Jacob, and why do you assert, O Israel, “My way is hidden from the LORD, and my claim is ignored by my God”?
28 Ɖe mènyae oa? Ɖe mèsee oa? Yehowae nye Mawu mavɔtɔ la. Eyae nye anyigba ƒe seƒe ke Wɔla. Ɖeɖi metea eŋu alo nu tia kɔ nɛ o. Eƒe nugɔmesese goglo. Ame aɖeke mate ŋu adzro eme akpɔ o.
Do you not know? Have you not heard? The LORD is the everlasting God, the Creator of the ends of the earth. He will not grow tired or weary; His understanding is beyond searching out.
29 Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ.
He gives power to the faint and increases the strength of the weak.
30 Nu tia kɔ na sɔhɛwo gɔ̃ hã, eye wogbɔdzɔna. Nenema ke ŋusẽ vɔna le ɖekakpuiwo ŋu, eye wodzea anyi,
Even youths grow tired and weary, and young men stumble and fall.
31 gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me. Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene. Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o. Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.
But those who wait upon the LORD will renew their strength; they will mount up with wings like eagles; they will run and not grow weary, they will walk and not faint.