< Yesaya 4 >
1 Gbe ma gbe la, nyɔnu adre aku ɖe ŋutsu ɖeka ŋu ahagblɔ be, “Míaɖu míawo ŋutɔ ƒe nu, eye míatso avɔ na mía ɖokuiwo. Na woayɔ wò ŋkɔ ɖe mía ŋu ko, nàɖe míaƒe ŋukpe ɖa.”
Sinä päivänä seitsemän naista tarttuu yhteen mieheen sanoen: "Me syömme omaa leipäämme ja vaatetamme itsemme omilla vaatteilla, kunhan vain meidät otetaan sinun nimiisi; poista meidän häpeämme".
2 Gbe ma gbe la, Yehowa ƒe Atilɔ anya kpɔ, eye ŋutikɔkɔe anɔ eŋu. Anyigba ƒe kutsetse anye dada kple ŋutikɔkɔe na ame siwo susɔ ɖe Israel.
Sinä päivänä on Herran vesa oleva Israelin pelastuneille kaunistus ja kunnia ja maan hedelmä heille korkeus ja loisto.
3 Ame siwo susɔ ɖe Zion, ame siwo tsi Yerusalem la, woayɔ wo be kɔkɔe, ame siwo katã ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem.
Ja ne, jotka Siionissa ovat säilyneet ja Jerusalemissa jäljelle jääneet, kutsutaan pyhiksi, kaikki, jotka ovat kirjoitetut Jerusalemissa elävien lukuun-
4 Aƒetɔ la aklɔ ɖiƒoƒo ɖa le Zion nyɔnuwo ŋu. Aklɔ ʋu si kɔ ɖe Yerusalem la ɖa kple nuteƒewɔwɔ ƒe gbɔgbɔ kple dzo ƒe gbɔgbɔ.
silloin kun Herra on pessyt pois Siionin tytärten saastan ja huuhtonut Jerusalemista sen verenviat tuomion ja puhdistuksen hengellä.
5 Ekema Yehowa ana lilikpo nado ɖe Zion to blibo la kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma kple dzudzɔ la dzi le ŋkeke me, eye le zã me la, anye dzo bibi, eye ŋutikɔkɔe anye agbadɔ.
Ja Herra luo Siionin vuorelle koko asuinsijansa ylle ja sen juhlakokousten ylle pilven päivän ajaksi ja savun ynnä tulenliekin hohteen yöksi, sillä kaiken kirkkauden yllä on oleva peite
6 Woanye vɔvɔli na anyigba le ŋkeke me kple bebeƒe le tsidzadza kple ahomwo me.
ja verho varjoamassa päivän helteeltä sekä turvaamassa ja suojaamassa rajuilmalta ja sateelta.