< Yesaya 39 >

1 Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ agbalẽ kple nunana ayi na Hezekia elabena ese eƒe dɔdzedze kple hayahaya.
En ce temps-là, Mérodac-Baladan, fils de Baladan, roi de Babylone, envoya des lettres avec un présent à Ézéchias, ayant appris qu'il avait été malade et qu'il était guéri.
2 Hezekia xɔ ame dɔdɔawo kple dzidzɔ, eye wòtsɔ nu siwo katã le eƒe nudzraɖoƒe la fia wo; esiwo nye klosalo, sika, atike ʋeʋĩwo, ami tɔxɛwo, aʋawɔnu siwo katã le esi kple nu sia nu si le eƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe. Naneke mele fiasã alo fiaɖuƒe blibo la me si Hezekia mefia wo o.
Et Ézéchias en eut de la joie, et il leur montra son trésor, l'argent, l'or, et les aromates, et l'huile précieuse, tout son arsenal et tout ce qui se trouvait dans ses trésors. Il n'y eut rien qu'Ézéchias ne leur montrât dans sa maison et dans tout son domaine.
3 Emegbe la, Nyagblɔɖila Yesaya yi ɖe Fia Hezekia gbɔ ɖabiae be, “Nya ka ame siawo gblɔ, eye afi ka wotso?” Hezekia ɖo eŋu be, “Wotso anyigba didi aɖe dzi, tso keke Babilonia.”
Puis le prophète Ésaïe vint vers le roi Ézéchias, et lui dit: Qu'ont dit ces gens-là, et d'où sont-ils venus vers toi? Et Ézéchias répondit: Ils sont venus vers moi d'un pays éloigné, de Babylone.
4 Nyagblɔɖila la biae be, “Nu ka wokpɔ le wò fiasã me?” Hezekia ɖo eŋu be, “Wokpɔ nu sia nu si le nye fiasã la me. Naneke mele nye kesinɔnuwo dome si nyemefia wo o.”
Et Ésaïe dit: Qu'ont-ils vu dans ta maison? Et Ézéchias répondit: Ils ont vu tout ce qui est dans ma maison; il n'y a rien dans mes trésors que je ne leur aie montré.
5 Tete Yesaya gblɔ na Hezekia be, “Ɖo to nya si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ.
Alors Ésaïe dit à Ézéchias: Écoute la parole de l'Éternel des armées:
6 Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe.
Voici, les jours viennent où tout ce qui est dans ta maison, et ce que tes pères ont amassé dans leurs trésors jusqu'à ce jour, sera emporté à Babylone. Il n'en demeurera rien de reste, dit l'Éternel.
7 Wò dzidzimevi aɖewo kple vi siwo wodzi na wò ŋutɔ hã, woakplɔ wo adzoe, eye woazu ŋutsu tata siwo anye aƒedzikpɔlawo le Babilonia fia ƒe fiasã me.”
On prendra même de tes fils, qui seront issus de toi et que tu auras engendrés, pour être eunuques dans le palais du roi de Babylone.
8 Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya siwo nègblɔ la nyo,” elabena esusu be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ anɔ yeƒe agbemeŋkekewo me.”
Et Ézéchias répondit à Ésaïe: La parole de l'Éternel que tu as prononcée est bonne. Et il ajouta: Du moins il y aura paix et sûreté pendant mes jours.

< Yesaya 39 >