< Yesaya 38 >

1 Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ, eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, yi egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye màhaya o.’”
In those days Hezekiah became mortally ill. The prophet Isaiah son of Amoz came to him and said, “This is what the LORD says: ‘Put your house in order, for you are about to die; you will not recover.’”
2 Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu, eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be,
Then Hezekiah turned his face to the wall and prayed to the LORD,
3 “O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ le ŋkuwò mee, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hezekia fa avi kple ɣli.
saying, “Please, O LORD, remember how I have walked before You faithfully and with wholehearted devotion; I have done what was good in Your sight.” And Hezekiah wept bitterly.
4 Tete Yehowa ƒe gbe va na Yesaya be:
And the word of the LORD came to Isaiah, saying,
5 “Yi nàgblɔ na Hezekia be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi, “Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò agbenɔƒewo ŋu.”
“Go and tell Hezekiah that this is what the LORD, the God of your father David, says: ‘I have heard your prayer; I have seen your tears. Behold, I will add fifteen years to your life.
6 Maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta.
And I will deliver you and this city from the hand of the king of Assyria. I will defend this city.
7 “‘Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò, be Yehowa awɔ nu si ŋugbe wòdo.
This will be a sign to you from the LORD that He will do what He has promised:
8 Mana be vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Ahaz ƒe ɣetrɔti gbɔ.’” Ale ɣe ƒe vɔvɔli he ɖe megbe ɖoƒe ewo.
I will make the sun’s shadow that falls on the stairway of Ahaz go back ten steps.’” So the sunlight went back the ten steps it had descended.
9 Esiae nye Yuda fia, Hezekia, ƒe nyaŋlɔɖiwo, esi wòhaya tso eƒe dɔléle la me vɔ megbe:
This is a writing by Hezekiah king of Judah after his illness and recovery:
10 Megblɔ be, “Le nye agbe ƒe kekeli me, ɖe mato ku ƒe agbowo me, eye woaxɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo le asinyea?” (Sheol h7585)
I said, “In the prime of my life I must go through the gates of Sheol and be deprived of the remainder of my years.” (Sheol h7585)
11 Megblɔ be, “Nyemagakpɔ Yehowa o. Nyemagakpɔ Yehowa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o; nyemagakpɔ amegbetɔwo alo anɔ anyi kple ame siwo le xexe sia me o.
I said, “I will never again see the LORD, even the LORD, in the land of the living; I will no longer look on mankind with those who dwell in this world.
12 Womu nye agbadɔ hexɔe le asinye abe ale si wowɔa alẽkplɔla ƒe agbadɔe ene. Abe ale si avɔlɔ̃la ŋlɔa eƒe avɔe heɖenɛ tso agbati me ene la, nenemae meŋlɔ nye agbee, eye nèna nye agbe wu enu zã kple keli.
My dwelling has been picked up and removed from me like a shepherd’s tent. I have rolled up my life like a weaver; He cuts me off from the loom; from day until night You make an end of me.
13 Melala dzigbɔɖitɔe va se ɖe fɔŋli, gake èŋe nye ƒuwo abe dzata ene, eye zã kple keli nèna nye agbe wu enu.
I composed myself until the morning. Like a lion He breaks all my bones; from day until night You make an end of me.
14 Medo ɣli abe sagbadre alo tsalĩ ene, eye mele xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ si tsi akogo ene. Nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ esi mewu mo dzi le dziƒo kpɔm. O! Aƒetɔ, mele nu xam, va nàkpe ɖe ŋutinye.”
I chirp like a swallow or crane; I moan like a dove. My eyes grow weak as I look upward. O Lord, I am oppressed; be my security.”
15 Nu ka gblɔ ge mala? Egblɔ nya nam, eye eya ŋutɔ wɔ ɖe edzi. Eya ta mazɔ ɖokuibɔbɔtɔe. Le nye agbemeŋkekewo katã me, le nye luʋɔ ƒe vevesese ta.
What can I say? He has spoken to me, and He Himself has done this. I will walk slowly all my years because of the anguish of my soul.
16 O! Aƒetɔ, nu siawo ŋue amewo nɔa agbe ɖo, eye nye hã nye gbɔgbɔ kpɔ agbe le wo me. Èna mehaya, eye nègana mele agbe.
O Lord, by such things men live, and in all of them my spirit finds life. You have restored me to health and have let me live.
17 Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae nèna meto vevesese mawo me. Wò lɔlɔ̃ na be nèɖem tso gbegblẽ ƒe do globo me, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbe wò.
Surely for my own welfare I had such great anguish; but Your love has delivered me from the pit of oblivion, for You have cast all my sins behind Your back.
18 Elabena yɔdo mate ŋu akafu wò o, ku mate ŋu adzi kafukafuhawo na wò o, eye ame siwo yi aʋlime la mate ŋu akpɔ mɔ na wò nuteƒewɔwɔ o. (Sheol h7585)
For Sheol cannot thank You; Death cannot praise You. Those who descend to the Pit cannot hope for Your faithfulness. (Sheol h7585)
19 Ame gbagbewo koe akafu wò abe ale si mele wɔwɔm egbe ene, eye fofowo agblɔ wò nuteƒewɔwɔ na wo viwo.
The living, only the living, can thank You, as I do today; fathers will tell their children about Your faithfulness.
20 Yehowa aɖem, eye míadzi ha kple kasaŋkuwo le míaƒe agbemeŋkekewo katã me, le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
The LORD will save me; we will play songs on stringed instruments all the days of our lives in the house of the LORD.
21 Azɔ Yesaya gblɔ be, “Mitsɔ gbotsetse miaɖu, atikee. Mitsɔe ɖo ƒoƒoea dzi nɛ ekema ahaya.”
Now Isaiah had said, “Prepare a lump of pressed figs and apply it to the boil, and he will recover.”
22 Hezekia bia be, “Nu kae anye dzesi be magayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me?”
And Hezekiah had asked, “What will be the sign that I will go up to the house of the LORD?”

< Yesaya 38 >