< Yesaya 37 >
1 Esi fia Hezekia se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
Lorsque le roi Ézéchias l'apprit, il déchira ses vêtements, se couvrit d'un sac et entra dans la maison de l'Éternel.
2 Emegbe la, edɔ eƒe dɔnunɔla, Eliakim kple eƒe agbalẽŋlɔla Sebna kple nunɔla tsitsiwo dometɔ aɖewo, ame siwo katã hã ta akpanya, eye woyi ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi la gbɔ.
Il envoya Eliakim, chef de la maison, Shebna, le scribe, et les anciens des prêtres, couverts de sacs, vers Ésaïe, le prophète, fils d'Amoz.
3 Wogblɔ nɛ be, Ale fia Hezekia gblɔe nye esi: “Egbee nye xaxa, mokaka kple vlodogbe. Enye ɣeyiɣi sesẽ abe nyɔnu si vi ɖo atame na be wòadzi, gake ŋusẽ mele eŋu be woasii adzi o la ene.
Ils lui dirent: « Ézéchias dit: 'C'est aujourd'hui un jour de détresse, de réprimande et de rejet, car les enfants sont nés, et il n'y a pas de force pour enfanter.
4 Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la ase nya siwo aʋafia, si eƒe aƒetɔ Asiria fia dɔ la gblɔ. Ame si wòdɔ be woaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu, eye wòaka mo nɛ ɖe nya siwo Yehowa, wò Mawu la se ta. Eya ta do gbe ɖa ɖe ame mamlɛ siwo tsi agbe la ta.”
Il se peut que Yahvé ton Dieu entende les paroles de Rabschaké, que le roi d'Assyrie son maître a envoyé pour défier le Dieu vivant, et qu'il réprouve les paroles que Yahvé ton Dieu a entendues. C'est pourquoi tu dois élever ta prière pour le reste qui est resté. »
5 Esi fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la,
Et les serviteurs du roi Ézéchias vinrent auprès d'Ésaïe.
6 Yesaya gblɔ na wo be, “Migblɔ na miaƒe aƒetɔ be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: migavɔ̃ nu si miese, busunya siwo Asiria fia teviwo gblɔ ɖe ŋutinye la o.
Ésaïe leur dit: « Dites à votre maître: 'Yahvé dit: Ne craignez pas les paroles que vous avez entendues, par lesquelles les serviteurs du roi d'Assyrie m'ont blasphémé.
7 Ɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’”
Voici, je vais mettre un esprit en lui et il entendra des nouvelles, et il retournera dans son pays. Je le ferai tomber par l'épée dans son pays. »'"
8 Esi aʋafia la se be Asiria fia dzo le Lakis la, eya hã ho dzo, eye wòke ɖe fia la ŋu wònɔ aʋa wɔm kple Libna.
Rabschaké revint donc et trouva le roi d'Assyrie en guerre contre Libna, car il avait appris qu'il était parti de Lakis.
9 Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Esi wòse nya sia la, edɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be,
Il entendit une nouvelle concernant Tirhakah, roi d'Éthiopie: « Il est sorti pour te combattre. » Lorsqu'il l'apprit, il envoya des messagers à Ézéchias, en disant:
10 “Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’
« Tu parleras ainsi à Ézéchias, roi de Juda: « Ne te laisse pas tromper par ton Dieu en qui tu as confiance, en disant: « Jérusalem ne sera pas livrée entre les mains du roi d'Assyrie. »
11 Meka ɖe edzi be, èse nu siwo Asiria fiawo tu kple dukɔwo katã, eye wotsrɔ̃ wo gbidigbidi. Ke woaɖe wò ya?
Voici, vous avez entendu ce que les rois d'Assyrie ont fait à tous les pays, en les détruisant par interdit. Serez-vous délivrés?
12 Ɖe dukɔ siwo mía fofowo tsrɔ̃ va yi la ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Ɖe Gozan, Haran, Rezef kple Edentɔ siwo le Tel Asar la ƒe mawuwo ɖe woa?
Les dieux des nations ont-ils délivré ceux que mes pères ont détruits, Gozan, Haran, Rezeph, et les enfants d'Eden qui étaient à Telassar?
13 Afi ka Hamat fia le, afi ka Arpad fia le, afi ka Sefarvaim dua ƒe fia le, eye afi ka Hena kple Iva ƒe fiawo le?”
Où est le roi de Hamath, et le roi d'Arpad, et le roi de la ville de Sépharvaïm, de Héna et d'Ivva? ».
14 Hezekia xɔ agbalẽ la le ame dɔdɔawo si hexlẽe. Etso heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, eye wòkeke agbalẽ la ɖe Yehowa ŋkume.
Ézéchias reçut la lettre de la main des messagers et la lut. Puis Ézéchias monta à la maison de l'Éternel et la déploya devant l'Éternel.
15 Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be:
Ézéchias pria Yahvé en disant:
16 “O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba.
« Yahvé des armées, le Dieu d'Israël, qui trône entre les chérubins, tu es le Dieu, toi seul, de tous les royaumes de la terre. Tu as fait le ciel et la terre.
17 O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo katã Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa.
Tourne ton oreille, Yahvé, et écoute. Ouvre tes yeux, Yahvé, et regarde. Écoute toutes les paroles de Sennacherib, qui a envoyé défier le Dieu vivant.
18 “O! Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fiawo na be ame siawo kple woƒe anyigbawo zu gbegbe.
En vérité, Yahvé, les rois d'Assyrie ont détruit tous les pays et leurs terres,
19 Wotsɔ woƒe mawuwo ƒu gbe ɖe dzo me hetsrɔ̃ wo, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ ati kple kpe wonye, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe.
et ils ont jeté leurs dieux au feu; car ce n'étaient pas des dieux, mais l'ouvrage de mains d'hommes, du bois et de la pierre; c'est pourquoi ils les ont détruits.
20 Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.”
Maintenant, Yahvé notre Dieu, sauve-nous de sa main, afin que tous les royaumes de la terre sachent que tu es Yahvé, toi seul. »
21 Yesaya, Amoz ƒe vi, ɖo gbedeasi sia ɖe Hezekia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Esi nèdo gbe ɖa nam tso Senakerib, Asiria fia ŋuti ta la,
Alors Ésaïe, fils d'Amoz, envoya à Ézéchias, en disant: « Yahvé, le Dieu d'Israël, dit: « Parce que tu m'as prié contre Sennacherib, roi d'Assyrie,
22 esia nye nya si Yehowa gblɔ ɖe eŋuti.’ “Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o la gbe nu le gbɔwò, eye wòɖu fewu le ŋuwò. Yerusalem vinyɔnu ɖo hehe ɖe tawò esi nèlé du tsɔ.
voici la parole que Yahvé a prononcée à son sujet: La fille vierge de Sion t'a méprisé et s'est moquée de toi. La fille de Jérusalem a secoué la tête devant toi.
23 Ame ka nèdzu hegblɔ busunyawo ɖe eŋuti? Ame ka ta nèle ɣli dom ɖo, eye ame ka nètre ŋku kpɔe dadatɔe? Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋutie!
Qui as-tu défié et blasphémé? Contre qui as-tu élevé ta voix et levé tes yeux en haut? Contre le Saint d'Israël.
24 To wò ame dɔdɔwo dzi nèɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu hegblɔ be, ‘Metsɔ nye tasiaɖamwo, lia yi towo tame ke, yi keke Lebanon tame ke. Melã eƒe sedati kɔkɔwo kple eƒe avemeti nyuitɔwo, meyi eƒe teƒe kɔkɔtɔ kekeake afi si eƒe ave dodowo le.
Par tes serviteurs, tu as défié l'Éternel, et tu as dit: « Avec la multitude de mes chars, je suis monté jusqu'à la hauteur des montagnes, jusqu'au fond du Liban. J'abattrai ses grands cèdres et ses beaux cyprès. J'entrerai dans ses hauteurs les plus lointaines, dans la forêt de son champ fertile.
25 Meɖe vudo ɖe dzronyigbawo dzi, eye meno wo me tsi le afi ma. Mena Egipte tɔʋuwo mie le nye afɔ te.’
J'ai creusé et bu de l'eau, et de la plante de mes pieds j'assécherai tous les fleuves d'Égypte. »
26 “Mèsee do ŋgɔ oa? Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke. Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi; ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo la zu anyiglago.
« N'avez-vous pas entendu que je l'ai fait dès longtemps, que je l'ai formé dans les temps anciens? Maintenant, j'ai fait en sorte que ce soit à toi de détruire les villes fortifiées, en les transformant en tas de ruines.
27 Èxɔ ŋusẽ le dua me nɔlawo si. Woƒe mo wɔ yaa, eye ŋu kpe wo. Wole abe nukuwo le agble dzi ene, nu miemie fɛ̃wo le bo dzi kple gbe siwo mie ɖe xɔ tame la ene. Ŋdɔ sesẽ ɖu wo, eye woyrɔ le esime wometsi o.
Aussi leurs habitants avaient-ils peu de force. Ils étaient consternés et confus. Ils étaient comme l'herbe des champs, comme l'herbe verte, comme l'herbe des toits, et comme un champ qui n'a pas encore poussé.
28 “Ke menya afi si nèle. Menya ɣeyiɣi si nèdona gagbɔna, eye menya ale si nèdo dɔmedzoe ɖe ŋunye.
Mais je sais que tu t'assieds, que tu sors, que tu entres, et que tu te déchaînes contre moi.
29 Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye, eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la, matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò, made numega nu me na wò, eye mana mɔ si nèto va la nàgato eya ke dzi adzo.
Parce que tu t'es déchaîné contre moi, et que ton arrogance est montée jusqu'à mes oreilles, je mettrai mon crochet à ton nez et ma bride à tes lèvres, et je te ferai revenir par le chemin par lequel tu es venu.
30 “O! Hezekia, esia anye dzesi na wò: “Ƒe sia me la, àɖu nuku si mie le eya ŋutɔ ɖokui si, eye le ƒe evelia me la, àɖu nu si mie tso gbãtɔ me. Ke le ƒe etɔ̃lia me la, àƒã nu, eye àxa nu. Àde waingble eye àɖu eƒe tsetsea
"'Voici le signe qui vous sera donné: Vous mangerez cette année ce qui pousse de lui-même, et la seconde année ce qui en jaillit; la troisième année, vous sèmerez et moissonnerez, vous planterez des vignes et vous mangerez leurs fruits.
31 Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la woato ke, eye woatse ku,
Le reste qui s'est échappé de la maison de Juda reprendra racine en bas, et portera du fruit en haut.
32 elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo dome, eye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevie ana esia nava eme.
Car un reste sortira de Jérusalem, et des survivants s'échapperont de la montagne de Sion. C'est le zèle de Yahvé des armées qui accomplira cela ».
33 “Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi, “Mage ɖe du sia me alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o. Mava afi sia kple akpoxɔnu alo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o.
« C'est pourquoi Yahvé dit à propos du roi d'Assyrie: 'Il ne viendra pas dans cette ville, il n'y décochera pas de flèche, il ne s'avancera pas devant elle avec un bouclier et il ne dressera pas de butte contre elle.
34 Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo. Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o.” Yehowae gblɔe.
Il s'en retournera par le chemin qu'il a pris, et il ne viendra pas dans cette ville, dit l'Éternel.
35 “Maʋli du sia ta aɖee le nye ŋutɔ kple David, nye dɔla ta!”
Car je défendrai cette ville pour la sauver, à cause de moi et à cause de mon serviteur David. »
36 Emegbe la, Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ.
Alors l'ange de Yahvé sortit et frappa cent quatre-vingt-cinq mille hommes dans le camp des Assyriens. Quand les hommes se levèrent de bon matin, voici, c'étaient tous des cadavres.
37 Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la, eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive, eye wònɔ afi ma.
Alors Sennacherib, roi d'Assyrie, partit, s'en alla, retourna à Ninive et y resta.
38 Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe.
Comme il se prosternait dans la maison de Nisroch, son dieu, Adrammelech et Sharezer, ses fils, le frappèrent de l'épée, et ils s'enfuirent au pays d'Ararat. Esar Haddon, son fils, régna à sa place.