< Yesaya 35 >

1 Gbegbe kple anyigba si ƒu kplakplakpla la akpɔ dzidzɔ. Gbedadaƒo atso aseye ahaƒo se abe dzogbenya ene,
The wilderness and the dry land will be glad. The desert will rejoice and blossom like the crocus.
2 aƒo se, atso aseye, eye wòado dzidzɔɣli. Woagbugbɔ Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe nɛ, Karmel ƒe lãnyiƒe kple Saron ƒe gbe dama ƒe atsyɔ̃ agatrɔ ava na wo, eye woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple míaƒe Mawu la ƒe atsyɔ̃.
It will blossom abundantly, and rejoice even with joy and singing. Lebanon's glory Lebanon will be given to it, the excellence of Carmel and Sharon. They will see the LORD's glory, the excellence of our God.
3 Do ŋusẽ asi beliwo, eye nàli ke klo siwo le ƒoƒom la;
Strengthen the weak hands, and make firm the feeble knees.
4 migblɔ na ame siwo ƒe dzi le vɔvɔ̃m be, “Misẽ ŋu, migavɔ̃ o. Miaƒe Mawu la gbɔna. Ava kple hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo, eye wòaɖe mi.”
Tell those who have a fearful heart, "Be strong. Do not be afraid. Look, your God will come with vengeance, God's retribution. He will come and save you.
5 Ekema ŋkugbagbãtɔwo ƒe ŋkuwo aʋu, eye tokunɔwo ƒe towo aʋu.
Then the eyes of the blind will be opened, and the ears of the deaf will be unstopped.
6 Tekunɔ ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔ ado dzidzɔɣli, Tɔsisi aŋɔ ɖe gbegbe, eye tɔʋuwo asi tso gbedadaƒo.
Then the lame man will leap like a deer, and the tongue of the mute will sing; for waters will break out in the wilderness, and streams in the desert.
7 Blezibleziteƒewo atrɔ azu tsita eye anyigba si ƒu kplakplakpla la agbɔ agbe kple tometsi. Teƒe siwo nye amegaxiwo nɔƒe tsã la atrɔ azu lãnyiƒe azɔ, eye aƒlawo kple ati si ƒe aŋgbawo dzi woŋlɔa nu ɖo tsã la amie ɖe afi ma.
The burning sand will become a pool, and the thirsty ground springs of water. Grass with reeds and rushes will be in the habitation of jackals, where they lay.
8 Mɔtata gbadza aɖe anɔ afi ma. Woayɔe be kɔkɔenyenye ƒe mɔ. Ame makɔmakɔwo mazɔ mɔ sia dzi o. Anye toƒe na ame siwo zɔna le mɔ ma dzi. Gegemewo gɔ̃ hã matra le edzi o.
And a highway will be there, and it will be called the Way of Holiness. The unclean shall not pass over it, but it will be for those who walk in the Way. Wicked fools will not go there.
9 Dzata alo lã wɔadã aɖeke mazɔ afi ma o. Womakpɔ wo dometɔ aɖeke le afi ma o. Ke ame siwo woɖe la koe azɔ afi ma.
No lion will be there, nor will any ravenous animal go up on it. They will not be found there; but the redeemed will walk there.
10 Ame siwo Yehowa xɔ ƒle la koe atrɔ gbɔ. Woatsɔ hadzidzi age ɖe Zion; woatsɔ dzidzɔ mavɔ aɖo atsyɔ̃ na woƒe tawo. Dzidzɔ kple aseyetsotso adze wo ŋgɔ, eye nuxaxa kple hũɖeɖe maganɔ anyi o.
The LORD's ransomed ones will return, and come with singing to Zion; and everlasting joy will be on their heads. They will obtain gladness and joy, and sorrow and sighing will flee away."

< Yesaya 35 >