< Yesaya 34 >

1 Mite va, mi dukɔwo; miɖo to afii, miƒu to anyi, mi amewo! Mina be anyigba kple edzinuwo katã nasee, eye xexea me kple emenuwo katã hã nasee!
קרבו גוים לשמע ולאמים הקשיבו תשמע הארץ ומלאה תבל וכל צאצאיה
2 Yehowa do dziku ɖe dukɔwo katã ŋu, eye eƒe dɔmedzoe bi ɖe woƒe asrafowo ŋu. Atsrɔ̃ wo gbidigbidi ahatsɔ wo ade asi be woawu.
כי קצף ליהוה על כל הגוים וחמה על כל צבאם החרימם נתנם לטבח
3 Woatsɔ woƒe Ame tsiaʋawo aƒu gbe. Woƒe ŋutilã kukuawo aƒaƒã anɔ ʋeʋẽm eye towo aƒo woƒe ʋu bekee.
וחלליהם ישלכו ופגריהם יעלה באשם ונמסו הרים מדמם
4 Ɣletivi siwo katã le dziŋgɔli ŋu la alolo, eye woaŋlɔ dziŋgɔli abe lãgbalẽ ene. Dziƒoŋunuwo katã age adze anyi abe ale si aŋgbawo dudunae le wainka ŋu alo abe ale si aŋgba yrɔna hegena le gboti dzi ene.
ונמקו כל צבא השמים ונגלו כספר השמים וכל צבאם יבול--כנבל עלה מגפן וכנבלת מתאנה
5 Nye yi no nu ɖi kɔ le dziƒo. Kpɔ ɖa eɖiɖi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖe Edom dzi; ame siwo metsrɔ̃ gbidigbidi.
כי רותה בשמים חרבי הנה על אדום תרד ועל עם חרמי למשפט
6 Yehowa ƒe yi ƒo ʋu bekee, eye ami bla ɖe eŋu. Alẽviwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu le eŋu, hekpe ɖe ami si bla ɖe agbowo ƒe ayiku ŋu, elabena Yehowa ɖu vɔsaŋkekenyui le Bozra, eye wòwu lã geɖewo le Edom.
חרב ליהוה מלאה דם הדשנה מחלב מדם כרים ועתודים מחלב כליות אילים כי זבח ליהוה בבצרה וטבח גדול בארץ אדום
7 To wɔadãwo atsrɔ̃ akpe ɖe wo ŋu, nenema kee nye nyitsu viwo kple nyitsu gãwo hã. Ʋu asi to woƒe anyigba dzi bababa, eye lãwo ƒe ami aƒo anyigba bekee,
וירדו ראמים עמם ופרים עם אבירים ורותה ארצם מדם ועפרם מחלב ידשן
8 elabena hlɔ̃biagbe le Yehowa si, ƒe si me wòaxe nu vɔ̃ ŋu fe, eye wòatso afia na Zion.
כי יום נקם ליהוה--שנת שלומים לריב ציון
9 Edom ƒe tɔsisiwo me aƒu kplakplakpla. Ke si le anyigba la abi abe aŋɔe lé dzo ene, eye eƒe anyigba katã abi abe gbe ƒuƒu ene.
ונהפכו נחליה לזפת ועפרה לגפרית והיתה ארצה לזפת בערה
10 Dzo la matsi o, zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi boo. Abi gbegbe tso dzidzime yi dzidzime, eye ame aɖeke magato afi ma ayi akpɔ gbeɖe o.
לילה ויומם לא תכבה לעולם יעלה עשנה מדור לדור תחרב--לנצח נצחים אין עבר בה
11 Azu nɔƒe na adzexewo. Afi ma akpaviã kple xe bubuwo awɔ atɔ ɖo. Mawu atsɔ eƒe dzidzeka aɖo Edom ŋuti, eye wòada wo le gbegblẽ masɔmasɔ ƒe nudanu me.
וירשוה קאת וקפוד וינשוף וערב ישכנו בה ונטה עליה קו תהו ואבני בהו
12 Naneke maganɔ anyi na woƒe bubumewo, woayɔ be fiaɖuƒe o. Woƒe dumegãwo hã nu ava ayi.
חריה ואין שם מלוכה יקראו וכל שריה יהיו אפס
13 Ŋu avu atsyɔ woƒe fiasã kɔkɔwo dzi, gbe fieŋuiwo kple aŋɔkawo amie ɖe woƒe mɔ sesẽwo me, eye anyigba la azu nɔƒe na asilãwo kple aƒe na golowo.
ועלתה ארמנתיה סירים קמוש וחוח במבצריה והיתה נוה תנים חציר לבנות יענה
14 Gbemelã vovovowo ado go kple amegaxiwo, eye gbedzigbɔ̃wo axlɔ̃ na wo nɔewo le afi ma. Anye nɔƒe na xe siwo nɔa zã me eye woakpɔ gbɔɖeme na wo ɖokuiwo le afi ma.
ופגשו ציים את איים ושעיר על רעהו יקרא אך שם הרגיעה לילית ומצאה לה מנוח
15 Adzexe awɔ atɔ, aɖa azi ɖe eme le afi ma, aƒo vi, akpɔ viawo dzi, eye wòatsɔ eƒe aʋalawo atsyɔ wo dzi. Afi siae akagawo aƒo ƒu ɖo, atsu kple asi.
שמה קננה קפוז ותמלט ובקעה ודגרה בצלה אך שם נקבצו דיות אשה רעותה
16 Mikpɔ Yehowa ƒe agbalẽ me, eye mixlẽ nu sia. Nu siawo dometɔ aɖeke mabu o, ɖeke manɔ anyi, atsu alo asi o, elabena eƒe nue de se sia, eye eƒe Gbɔgbɔ aƒo wo nu ƒu.
דרשו מעל ספר יהוה וקראו--אחת מהנה לא נעדרה אשה רעותה לא פקדו כי פי הוא צוה ורוחו הוא קבצן
17 Edzidze woƒe gomekpɔkpɔwo na wo. Eƒe asie wòtsɔ ma nu si wòdzidze la na wo. Azu wo tɔ tegbee, eye woanɔ afi ma tso dzidzime yi dzidzime.
והוא הפיל להן גורל וידו חלקתה להם בקו עד עולם יירשוה--לדור ודור ישכנו בה

< Yesaya 34 >