< Yesaya 33 >

1 Baba na wò, o nugblẽla! Wò ame si womegblẽ o. Baba na wò, o ametatrɔla! Wò ame si womede asi o. Ne èdzudzɔ nugbegblẽ la, woagblẽ wò hã ne èdzudzɔ ametatɔtrɔ la, woatrɔ wò hã tawò.
¡Ay de ti, destructor que no fuiste destruido, y del que traiciona y no fue traicionado! Tan pronto como acabes de destruir serás destruido. Tan pronto como acabes de traicionar, serás traicionado.
2 O! Yehowa, ve mía nu; míele diwòm vevie. Nye míaƒe ŋusẽ ŋdi sia ŋdi. Nye mía ɖela le xaxaɣeyiɣiwo me.
Oh Yavé, ten misericordia de nosotros. En Ti fijamos nuestra esperanza. Sé nuestra fortaleza cada mañana. Sé también nuestra salvación en el tiempo de aflicción.
3 Ne èɖe gbe la, amewo sina, ne ètso la, dukɔwo kakana hlẽna.
Los pueblos huyen ante el sonido de tu voz atronadora. Al levantarte se dispersan las naciones.
4 O! Dukɔwo, woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu abe ale si woƒoa ŋɔviwo nu ƒue ene, eye amewo adze wo dzi abe ale si ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe dzea nu dzi ene.
Tu despojo será recogido como el saltamonte recoge. Se abalanzarán sobre él como langostas.
5 Wodo Yehowa ɖe dzi, elabena etsɔ dziƒo wɔ nɔƒee. Atsɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye ayɔ Zion.
Exaltado es Yavé porque Él mora en las alturas. Él llenó de justicia y equidad a Sion.
6 Anye gɔmeɖokpe sesẽ na míaƒe ɣeyiɣiwo. Anye nudzraɖoƒe gã na ɖeɖekpɔkpɔ, dziƒonunya kple sidzedze, eye Yehowavɔvɔ̃ anye safui na kesinɔnu sia.
Habrá estabilidad de los tiempos de ustedes, una abundancia de salvación, sabiduría y conocimiento. El temor reverente a Yavé es el tesoro de Él.
7 Kpɔ ɖa woƒe kalẽtɔwo le avi fam sesĩe le mɔtatawo dzi. Ŋutifafa ƒe ame dɔdɔwo fa avi vevie.
Ciertamente sus valientes claman en las calles. Los embajadores de paz lloran amargamente.
8 Gbedzimɔwo ɖi gbɔlo, eye mɔzɔla aɖeke mele mɔtatawo dzi o. Nubabla la me gblẽ. Wodo ŋunyɔ eƒe ɖasefowo, eye womede bubu ame aɖeke ŋuti o.
Los caminos están abandonados, los caminantes cesaron. Él anuló el Pacto, desprecia las ciudades, a ningún hombre tiene en cuenta.
9 Anyigba la ƒu kplakplakpla, eye naneke megale edzi o. Ŋu kpe Lebanon, eye wòyrɔ sũu. Saron le abe Araba gbegbe ene. Basan kple Karmel lũ xɛ abe ati ene.
La tierra gime y languidece. El Líbano está confundido y se marchita. Sarón es como un llano desolado. Basán y la montaña Carmelo pierden [su follaje].
10 Yehowa be, “Matso azɔ, woadom ɖe dzi, eye woakɔ nye alɔ ɖe dzi azɔ.
Ahora me levantaré, dice Yavé. Ahora seré exaltado. Ahora seré engrandecido.
11 Atsakiti nye fu nèfɔ, eye nèdzi gbe ƒuƒu. Wò gbɔgbɔ nye dzo si fia wò.
Concibieron hojarasca y dieron a luz rastrojo. Su propia respiración será un fuego que los consumirá.
12 Woafiã abe akalo ene, eye woatɔ dzo wo abe ŋuve si wolã kɔ ɖi ene.”
Los pueblos serán completamente calcinados. Como espinos cortados serán quemados en el fuego.
13 Mi ame siwo le adzɔge, mise nu si mewɔ. Mi ame siwo tso kpuiƒe, mide dzesi nye ŋusẽ!
Ustedes quienes están lejos, escuchen lo que hice. Ustedes quienes están cerca conozcan mi poder.
14 Ŋɔdzi lé nu vɔ̃ wɔla siwo le Zion, eye vɔvɔ̃ dze Mawumavɔ̃lawo dzi, wobia be, “Mía dometɔ kae anɔ te ɖe dzobinu la nu? Mía dometɔ kae anɔ anyi ɖe dzo mavɔ̃ sia me.”
Los pecadores están atemorizados en Sion. El temblor se apoderó de los impíos. ¿Quién de nosotros puede vivir en el fuego consumidor? ¿Quién de nosotros puede vivir eternamente en carbones encendidos?
15 Ame si zɔna le dzɔdzɔenyenye me, eye wògblɔa nu si le eteƒe, ame si tsri viɖe si wokpɔ to amebaba me, eye mexɔa zãnu o, ame si xe eƒe towo be magase hlɔ̃donyawo o, ame si mia eƒe ŋkuwo be makpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ o.
El que anda en justicia y habla con rectitud, el que rehúsa el lucro de violencias, el que sacude su mano para no recibir soborno, el que tapa sus oídos para no escuchar propuestas sanguinarias, el que cierra sus ojos para no ver lo malo.
16 Esiae nye ame si anɔ kɔkɔƒe, eye eƒe bebeƒe anye mɔ sesẽ si le towo tame. Akpɔ abolo aɖu ɖaa, eye tsinono mahiãe o.
Éste vivirá en las alturas. Una fortaleza de roca será su refugio. Se le dará su pan, y sus aguas estarán seguras.
17 Wò ŋkuwo akpɔ fia la le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo gã me, eye àkpɔ anyigba keke la le adzɔge.
Tus ojos contemplarán al Rey en su esplendor. Verán una gran tierra a la distancia.
18 Àbu ŋɔdzinu siwo nèwɔ va yi le wò susu me be, “Afi ka amegã ma le? Afi ka ame si dzɔa adzɔga la le? Afi ka amegã si kpɔa gbetakpɔxɔwo dzi la le?”
Tu corazón reflexionará con respecto al horror y dirá: ¿Dónde está el escriba? ¿Dónde está el que pesaba el tributo? ¿Dónde está el que inspeccionaba las torres?
19 Màgakpɔ ɖokuiŋudzela mawo azɔ o, ame siwo fiana, eye woƒe nuƒo gɔme menyasena o.
Ya no verás más a aquel pueblo fiero, aquel pueblo de lengua difícil de entender, que pronuncia un lenguaje incomprensible.
20 Wò ŋku nenɔ Zion dzi. Du si me mieɖua miaƒe ŋkekenyuiwo le; wò ŋkuwo akpɔ Yerusalem, ŋutifafaƒe kple agbadɔ si womaɖe ɖa akpɔ o. Womaho eƒe tsyotiwo le tome alo alã ka siwo wohe ɖe wo ŋuti o.
Contempla a Sion, la ciudad de nuestras solemnidades. Tus ojos verán a Jerusalén, morada tranquila, tienda que nunca será desamparada. Sus estacas nunca se arrancarán, ni será rota alguna de sus cuerdas.
21 Afi mae Yehowa, le eƒe ŋutikɔkɔe me, anye míaƒe Ŋusẽtɔ le. Anɔ abe teƒe si tɔ gbadzawo kple tɔʋuwo le la ene. Tɔdziʋu siwo wokuna kple tablu la, made afi ma o eye meli gã aɖeke hã mato edzi ayi o,
Porque ciertamente allí Yavé será poderoso con nosotros, en un lugar de ríos y corrientes amplias en los cuales no navegarán embarcaciones de remos, ni por ellas pasará nave grande.
22 elabena Yehowae nye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la. Yehowae nye ame si wɔ sewo na mí, eye Yehowae nye míaƒe fia. Eyae nye ame si aɖe mí.
Porque Yavé es nuestro Juez. Yavé es nuestro Legislador. Yavé es nuestro Rey. Él mismo nos salvará.
23 Wò abaladokawo me gbɔdzɔ; womebla wò abaladotiawo sesĩe o; ale wò abalawo me meke o, eya ta woama afunyinu gbogboawo, eye tekunɔwo gɔ̃ hã atsɔ nuhahawo adzoe.
Tus cuerdas se aflojaron. No afirmaron su mástil. No entesaron la vela. Entonces se repartirá un botín de muchos despojos. Los cojos arrebatarán el botín.
24 Ame siwo le Zion la dometɔ aɖeke magblɔ be, “Mele dɔ lém” o, eye woatsɔ ame siwo le afi ma la ƒe nu vɔ̃wo ake wo.
Ningún habitante dirá: Estoy enfermo, pues al pueblo que more en ella le será perdonada su iniquidad.

< Yesaya 33 >