< Yesaya 32 >
1 Kpɔ ɖa, fia aɖe aɖu fia le dzɔdzɔenyenye me, eye eƒe dumegãwo aɖu dzi le nuteƒewɔwɔ me.
見よ、ひとりの王が正義をもって統べ治め、君たちは公平をもってつかさどり、
2 Ame ɖe sia ɖe anɔ abe bebeƒe le yaƒoƒo nu kple sitsoƒe le ahom me ene. Anɔ abe tɔsisiwo le gbegbe kple agakpe ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.
おのおの風をさける所、暴風雨をのがれる所のようになり、かわいた所にある水の流れのように、疲れた地にある大きな岩の陰のようになる。
3 Ekema ame siwo kpɔa nu la ƒe ŋkuwo maganye tre o, eye ame siwo ƒe to sea nu la ƒe towo anɔ ʋuʋu.
こうして、見る者の目は開かれ、聞く者の耳はよく聞き、
4 Ame mabutamewo ƒe susu anya nu, ase nu gɔme, eye ame siwo kukɔna la ƒe aɖe aƒo nu tẽe eme nakɔ.
気短な者の心は悟る知識を得、どもりの舌はたやすく、あざやかに語ることができる。
5 Womagayɔ bometsilawo be bubumewo, eye womagayɔ yakamewo be ame ŋkutawo o,
愚かな者は、もはや尊い人と呼ばれることなく、悪人はもはや、りっぱな人と言われることはない。
6 elabena bometsila gblɔa bometsinya, eye eƒe susu yɔ fũu kple nu vɔ̃ɖi. Enɔa agbe le Mawu mavɔmavɔ me, eye wògblɔa nya tatrawo ɖe Yehowa ŋu, menaa nuɖuɖu dɔwuitɔwo o, eye wotea tsi tsikɔwuitɔwo.
それは愚かな者は愚かなことを語り、その心は不義をたくらみ、よこしまを行い、主について誤ったことを語り、飢えた者の望みを満たさず、かわいた者の飲み物を奪い取るからである。
7 Yakamewo ƒe wɔnawo vɔ̃ɖi. Woɖoa nu vɔ̃ɖiwo be woatsrɔ̃ hiãtɔwo kple alakpa, ne hiãtɔwo ƒe nya dzɔ hã.
悪人の行いは悪い。彼は悪い計りごとをめぐらし、偽りの言葉をもって貧しい者をおとしいれ、乏しい者が正しいことを語っても、なお、これをおとしいれる。
8 Ke bubume wɔa ɖoɖo siwo ŋu bubu le la, eye bubunuwɔnawo nana wònɔa te.
しかし尊い人は尊いことを語り、つねに尊いことを行う。
9 Mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mitso ne miaɖo tom. Mi vinyɔnuvi siwo le dziɖeɖi me. Miɖo to nya si magblɔ!
安んじている女たちよ、起きて、わが声を聞け。思い煩いなき娘たちよ、わが言葉に耳を傾けよ。
10 Le ƒe ɖeka kple edzivɔ siwo gbɔna me la, mi ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ la miaʋuʋu. Miaƒe wainkawo agbe tsetse, eye atikutsetse bubuwo hã matse na mi o.
思い煩いなき女たちよ、一年あまりの日をすぎて、あなたがたは震えおののく。ぶどうの収穫がむなしく、実を取り入れる時が来ないからだ。
11 Miʋuʋu, mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ; mixa nu, mi vinyɔnuvi siwo ɖe dzi ɖi! Miɖe miaƒe avɔwo da ɖi, eye miasa akpanya ɖe ali.
安んじている女たちよ、震え恐れよ。思い煩いなき女たちよ、震えおののけ。衣を脱ぎ、裸になって腰に荒布をまとえ。
12 Mifa konyi na miaƒe agble wɔnukuwo, na miaƒe wainkpo siwo tsena nyuie,
良き畑のため、実り豊かなぶどうの木のために胸を打て。
13 eye na nye amewo ƒe anyigba, anyigba si dzi ŋu kple aŋɔkawo mie ɖo. Ɛ̃, mifa na aƒe siwo katã me dzidzɔkpɔkpɔ yia edzi le kple du sia, si me wotua aglo le
いばら、おどろの生えているわが民の地のため、喜びに満ちている町にあるすべての喜びの家のために胸を打て。
14 Mɔ sesẽwo aɖi gbɔlo. Du si me hoowɔwɔ nɔ la, azu aƒedo. Xɔ tsralawo kple gbetakpɔxɔwo azu abe agado ene tegbetegbe anye dzidzɔ na tedziwo kple gbeɖuƒe na lãhawo
宮殿は捨てられ、にぎわった町は荒れすたれ、丘と、やぐらとは、とこしえにほら穴となり、野のろばの楽しむ所、羊の群れの牧場となるからである。
15 va se ɖe esime woakɔ Gbɔgbɔ la ɖe mia dzi tso dziƒo, gbegbewo nagazu agbledeƒewo, eye agbledeƒewo nadze abe ave ene.
しかし、ついには霊が上からわれわれの上にそそがれて、荒野は良き畑となり、良き畑は林のごとく見られるようになる。
16 Nuteƒewɔwɔ anɔ gbegbe, eye dzɔdzɔenyenye anɔ agbledenyigba dzi.
その時、公平は荒野に住み、正義は良き畑にやどる。
17 Dzɔdzɔenyenye ƒe ku anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe metsonu anye tomefafa kple dzideƒo tegbetegbe.
正義は平和を生じ、正義の結ぶ実はとこしえの平安と信頼である。
18 Nye amewo anɔ teƒe siwo ŋutifafa le kple aƒe siwo me dedinɔnɔ le kple teƒe siwo tomefafa kple dziɖeɖi le.
わが民は平和の家におり、安らかなすみかにおり、静かな休み所におる。
19 Togbɔ be kpetsiwo tsrɔ̃ avewo, eye wogbã du la gudugudu hã la,
しかし林はことごとく切り倒され、町もことごとく倒される。
20 woayra mi ne mieƒã nu ɖe tɔʋu ɖe sia ɖe to, eye miena miaƒe nyiwo kple tedziwo ɖu gbe le ablɔɖe me.
すべての水のほとりに種をまき、牛およびろばを自由に放ちおくあなたがたは、さいわいである。