< Yesaya 31 >

1 Baba na ame siwo ƒu du yi ɖe Egipte be woaxɔ na yewo; ame siwo ɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe woƒe tasiaɖam gbogboawo ŋu, hetsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de sɔdolawo ƒe ŋusẽ triakɔ la me. Ke womeɖo ŋu ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu loo alo be yewoabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu o.
הוי הירדים מצרים לעזרה על סוסים ישענו ויבטחו על רכב כי רב ועל פרשים כי עצמו מאד--ולא שעו על קדוש ישראל ואת יהוה לא דרשו
2 Ke nunyala vavã eya hã nye, eye wòate ŋu ahe gbegblẽ vɛ. Magbe nya si wògblɔ la dzi wɔwɔ o. Atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe ŋuti kple ame siwo kpena ɖe nu tovo wɔlawo ŋuti la ŋu.
וגם הוא חכם ויבא רע ואת דבריו לא הסיר וקם על בית מרעים ועל עזרת פעלי און
3 Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo ko wonye, menye Mawu wonye o. Woƒe sɔwo nye ŋutilã, ke menye gbɔgbɔ o. Ne Yehowa do eƒe asi ɖa la, ke aɖe le ame si na kpekpeɖeŋu la te; ame si ŋu wòkpe ɖo la hã amu adze anyi, eye wo kple eve la katã atsrɔ̃.
ומצרים אדם ולא אל וסוסיהם בשר ולא רוח ויהוה יטה ידו וכשל עוזר ונפל עזר--ויחדו כלם יכליון
4 Ale Yehowa gblɔ nam nye esi, “Abe ale si dzata alo dzatavi tea gbee ne elé nu, eye togbɔ be woyɔa alẽkplɔlawo ƒe ha katã ɖe eŋu, gake woƒe ɣlidodo medoa ŋɔdzi nɛ o, woƒe hoowɔwɔ hã meɖia naneke nɛ o ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖi va anyi ne wòawɔ aʋa le Zion to la kple eƒe to kɔkɔwo dzi.
כי כה אמר יהוה אלי כאשר יהגה האריה והכפיר על טרפו אשר יקרא עליו מלא רעים מקולם לא יחת ומהמונם לא יענה כן ירד יהוה צבאות לצבא על הר ציון ועל גבעתה
5 Abe ale si xeviwo saa agbae le yame ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsyɔ nu Yerusalem dzie ahaxɔ nɛ. Ato etame ayi eye wòaɖee.”
כצפרים עפות--כן יגן יהוה צבאות על ירושלם גנון והציל פסח והמליט
6 O! Israelviwo, mitrɔ va ame si ŋu miedze aglã ɖo vevie la gbɔ,
שובו לאשר העמיקו סרה--בני ישראל
7 elabena gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe agbe nu le klosalogba kple sikalegba siwo miaƒe asiwo wɔ hena nu vɔ̃ wɔwɔ la gbɔ.
כי ביום ההוא ימאסון איש אלילי כספו ואלילי זהבו--אשר עשו לכם ידיכם חטא
8 “Asiria atsi yi si menye amegbetɔ tɔ o la nu; yi si menye kodzogbeawo tɔ o lae atsrɔ̃ wo. Woasi le yi nu, ke woalé woƒe ɖekakpuiwo woawɔ dɔ dzizizitɔe.
ונפל אשור בחרב לא איש וחרב לא אדם תאכלנו ונס לו מפני חרב ובחוריו למס יהיו
9 Ŋɔdzi ana woƒe mɔ sesẽwo namu; ne wokpɔ aʋaflaga la ko la, dzidzi aƒo woƒe aʋakplɔlawo.” Yehowa, ame si ƒe dzo le bibim le Zion, eye eƒe kpodzo le Yerusalem lae gblɔe.
וסלעו ממגור יעבור וחתו מנס שריו נאם יהוה אשר אור לו בציון ותנור לו בירושלם

< Yesaya 31 >