< Yesaya 30 >
1 Yehowa be, “Baba na vi sẽto siwo dea aɖaŋu hewɔa nu siwo nyemeɖo na wo o. Woblaa nu nye Gbɔgbɔ manɔmee eye wolia kɔ nu vɔ̃ ɖe nu vɔ̃ dzi!
禍哉,悖逆的子民--上主的斷語!他們自作主張,不請示於我;自訂盟約,不依照我的精神,致使罪上加罪。
2 Ame siwo mebia gbem hafi yi Egipte o, eye wosi Farao tso hebia tso esi be wòanye woƒe akpoxɔnu ne woabe ɖe Egipte ƒe vɔvɔ̃li te.
他們沒有請求我的許可,便起程南下埃及,想託庇於法郎的保障之下,想隱匿於埃及的蔭庇之下。
3 Ke Farao ƒe akpoxɔnunyenye na mi atrɔ zu ŋukpe, eye Egipte ƒe vɔvɔlitenɔnɔ ahe vlododo vɛ na mi.
但是法郎的保障將是你們的羞恥,隱匿於埃及的蔭庇之下,將是一種污辱。
4 Togbɔ be woƒe amegãwo le keke Zoan, eye woƒe ame dɔdɔwo ɖo Hanes ke hã la,
雖然他的首領已在左罕,他的使者已到達哈乃斯;
5 ŋu akpe ame sia ame, elabena ame si wosi tso la mate ŋu aɖewo o. Womaxɔ na wo alo ana kpekpeɖeŋu wo o, negbe ŋukpe kple vlododo ko woakpɔ.”
但是他們都要因這於他們毫無裨益的民族而受到羞慚,因為這民族為他們不但毫無幫助,毫無益處,反而是一種羞恥和污辱。
6 Gbedeasi tso gbemelã siwo le gbegbe la ŋuti. Le anyigba si dzi fukpekpe kple xaxa le, afi si dzatatsu kple dzatanɔ, fli kple da toaʋalawo le la, afi mae ame dɔdɔwo tsɔa woƒe nu xɔasiwo ɖoa tedziwo dzi kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo dzi yina na dukɔ si mele ɖeke me o,
他們以牲畜帶著貴物經過南方--殘酷苦痛的地域,即壯獅和牝獅咆哮,蝮蛇和火蛇飛行的地域--驢背上駝著他們的財富,駱駝背上駝著他們的寶物,到一個於他們毫無裨益的民族那裏去。
7 na Egipte dukɔ si ŋu ŋutete aɖeke mele o. Eya ta meyɔe be Rahab, Wɔnavɔleŋutɔ.
埃及人的援助是無用的,是空虛的,因此我稱呼她是「靜坐的辣哈布。」
8 Azɔ la, yi nàŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi na wo, ŋlɔe ɖe agbalẽ me be wòanye ɖaseɖiɖi tegbee hena ŋkeke siwo gbɔna.
你現在去,當他們面前,寫在版上,記在書中,為後世作證據:「
9 Ame siawo nye aglãdzelawo, vi alakpatɔwo, vi siwo mele klalo be yewoaɖo to Yehowa ƒe nufiamewo o.
這是一個反叛的民族,不忠實的子女,拒絕聽從上主法律的子民。」
10 Wogblɔ na nukpɔlawo be, “Migakpɔ ŋutega azɔ o!” eye na nyagblɔɖilawo be, “Migagblɔ gbedeasi si le eteƒe la na mí o. Migblɔ nya viviwo na mí. Migblɔ alakpanyawo ɖi.
他們曾對先見者說:「你們不要再看異象。」對先知說:「你們不要給我們說什麼預言,給我們說些好聽的話,預示些幻想故事罷!
11 Mite ɖa le mɔ sia dzi. Midzo le teƒe sia, eye midzudzɔ ŋɔdzidodo na mí kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la!”
離開你們的正道罷!轉移你們的路線罷!在我們面前不要再提以色列的聖者!」
12 Eya ta ale, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Esi miegbe gbedeasi sia heɖo ŋu ɖe ŋutasesẽ ŋu, eye mieku ɖe beble ŋuti ta la,
因此,以色列的聖者這樣說:「因為你們藐視了這話,而依賴邪說謬論,且傾心信賴;
13 miaƒe nu vɔ̃ sia azu abe gli kɔkɔ si fe hele mumum, eye kasia wòmu zi ɖeka gbloo la ene.
所以這罪惡,為你們將如一堵高牆上突起而將倒下的缺口,頃刻之間就會突然坍塌,
14 Afli kakɛkakɛ abe ze si ge hegbã gudugudu la ene. Afli ale gbegbe be, womakpɔ kakɛ aɖeke si alolo woatsɔ aɖe dzo le mlekpui me alo aku tsii le zɔ me o.”
坍塌得有如毫不痛惜地被摔碎的陶器,碎得找不到一塊碎片,能用以從爐中取火,從井裏取水。」
15 Ale Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Dzimetɔtrɔ kple anyinɔnɔ kpoo mee miaƒe ɖeɖe le, eye ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu mee miaƒe ŋusẽ le. Ke miegbe wo katã.
因為吾主上主,以色列的聖者這樣說過:「你們的得救是在於歸依和安靜,你們的力量是在於寧靜和信賴。」然而你們不願意;
16 Miegblɔ be, ‘Kpao, míado sɔwo asi’, eya ta miasi! ‘Miegblɔ be miado sɔ ɖeablawo asi adzo.’ Eya ta mia yometilawo hã ado sɔ ɖiduwo akplɔ mi ɖo.
你們反說:「不!我們要騎馬逃去!」的確,你們必要逃去。「我們要乘駿馬疾馳。」的確,追擊你們的必然疾馳。
17 Ne woƒe ame ɖeka pɛ blu la miaƒe ame akpe ɖeka asi le enu, eye ne woƒe ame atɔ̃ blu la, mi katã miasi va se ɖe esime miasusɔ abe aflagati le to tame kple aflaga le togbɛ dzi ene.”
千人要逃避一人的叱咋,萬人要逃避五人的叱咋,直到你們所剩餘的,有如山頂上的木杆,或山嶺上的旗幟。
18 Ke hã la, Yehowa le lalam vevie be yeave mia nu; etso be yeakpɔ nublanui na mi, elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Woayra ame siwo katã kpɔa eƒe asinu.
然而上主仍舊等著向你們施惠,仍高興向你們表示憐愛,因為上主是正義的天主,凡仰賴他的人是有福的。
19 O! Mi Zion nɔlawo, ame siwo le Yerusalem, miagafa avi azɔ o. Ave mia nu ne miefa avi be wòakpe ɖe mia ŋu. Ne enya see ko la, aɖo to mi.
熙雍的百姓,耶路撒冷的居民啊 !你不會再慟哭,他必垂憐你呼求的聲音,他一聽見必要應允你。
20 Togbɔ be Aƒetɔ la tsɔ abolo na mi le hiã me, kple tsi na mi le xaxa me hã la, miaƒe nufialawo magabe azɔ o, ke boŋ miakpɔ wo kple miaƒe ŋkuwo.
吾主縱然給你們困苦的食物和酸辛的水,但你的教師再不躲藏,你的眼睛必能常見到你的教師。
21 Mietrɔ ɖe ɖusime o, mietrɔ ɖe miame o, miase nya siawo le miaƒe megbe be, “Esiae nye mɔ la, mizɔ edzi.”
當你偏左或偏右時,你必會親耳聽到你後面有聲音說:「這是正路,你們要在這上面行!」
22 Ekema miado gu miaƒe legba siwo ŋu wofa klosalo ɖo kple miaƒe aklamakpakpɛ siwo ŋu wofa sika ɖo. Miatsɔ wo aƒu gbe abe gbelégodoe ene ahagblɔ ɖe wo ŋu be, “Mite yi xaa.”
你必以那包銀的木偶和包金的神像為不潔之物,將它們拋棄,有如拋棄月經布一樣,並對它說:「去罷!」
23 Adɔ tsidzadza ɖa be wòade tsi nuku siwo mieƒã ɖe agble me. Nuɖuɖu si ado tso miaƒe agble me la anyo, eye wòasɔ gbɔ fũu. Le ŋkeke ma dzi la, wò nyihawo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo.
你把種子種在地裏,上主必使雨降在其上,並使你地裏出產的食糧豐盛富饒;那一日你的群畜必將在廣闊的草場上牧放。
24 Nyitsu kple tedzi siwo nètsɔna ŋlɔa agblee la, aɖu gbe siwo wotsɔ nu tɔxɛwo tsakae, eye wotsɔ sofi kple gaflo dzoboe.
耕田的牛和驢駒必吃用木杴或簸箕揚淨而拌上鹽的芻料。
25 Le ŋkeke si dzi woawu ame geɖewo la, gbetakpɔxɔ kɔkɔwo amu; tɔʋumetsi asi tso to kɔkɔ ɖe sia ɖe kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi.
大行慘殺之日,當保樓倒塌之時,所有的高山峻嶺必有溪水涓涓細流。
26 Ɣleti aklẽ abe ɣe ene; Ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe edzi zi adre, eye wòanɔ abe ŋkeke adre ƒe kekeli ene, ne Yehowa bla abi na eƒe dukɔ la, eye wòwu abi si wòde wo ŋu la na wo.
當上主包紮他百姓的創口,治療他們傷痕的那日,月亮的光華將似太陽的光華,而太陽的光華必增加七倍,有如積累了七天的光華。
27 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkɔ tso adzɔge gbɔna ɖa, eƒe dziku le bibim, eye lilikpo dodo ƒo xlãe. Elé ŋɔdzi ɖe nu, eye eƒe aɖe nye dzobinu.
看哪!上主的名由遠方而來,他怒火如焚,濃煙衝天;他的口唇滿了敵愾,他的舌頭有如吞噬的火燄;
28 Eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ le sisim abe tɔʋu si ɖɔ va se ɖe ve ke ene. Etsraa dukɔwo le gbegblẽ ƒe tsranui me, eye wòtsɔ numega de nu me na dukɔwo hekplɔa wo tranae.
他的氣息如氾濫的河川,漲到人的頸項;他要用盪滅的篩子篩淨列國,用引入歧途的馬勒拑住萬民的下顎。
29 Ekema miadzi ha le zã me abe ŋkekenyui aɖe ɖum miele ene. Miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ abe ale si wònɔna ne wole dze kum yina ɖe Yehowa ƒe to la dzi kple Israel ƒe Agakpe la gbɔ ene.
你們必要謳歌,有如歡祝慶節之夜;內心愉快,有如在笛聲之下登上主的山,到以色列的磐石那裏去一樣。
30 Yehowa ana be amewo nase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye wòana woakpɔ eƒe alɔ wòaɖiɖi ɖe anyi kple dɔmedzoe helĩhelĩ, dzo si biaa nu, ahomya, tsidzadza sesẽ kple tsikpe.
上主必使人聽見他尊嚴的聲音,見到他降臨的手臂,在狂怒之中,在吞噬的火燄中,在狂風、暴雨、冰雹之中。
31 Yehowa ƒe gbe akaka Asiria ʋayaʋaya. Atsɔ eƒe fiatikplɔ axlã ɖe wo, woamu adze anyi.
亞述必因上主的聲音而戰慄,上主必用刑杖擊打亞述。
32 Zi ale si Yehowa tsɔ eƒe toheti le Asiria ƒomii la, zi nenema kee axatsɛwo kple kasaŋkuwo anɔ ɖiɖim ne etsɔ eƒe alɔ sesẽ la le aʋa wɔm kplii le aʋagbedzi.
當上主懲戒的刑杖加於他們身上時,每次擊撻都是在敲鼓和彈琴的聲中執行的。他將以激烈的戰爭擊敗他們。
33 Wodzra afi si woatɔ dzo Tofet le la da ɖi xoxo. Wodzrae ɖo ɖi na fia la hã. Wowɔ eƒe dzoʋe la wògoglo hekeke. Dzo kple nake bɔ ɖe eme. Yehowa ƒe Gbɔgbɔ si le sisim abe aŋɔtɔʋu ene lae atɔ dzoe.
因為托斐特已準備好多時,還是為君王而設的,又深又廣,堆滿了許多柴火;上主的氣 息有如一條硫磺河流,把它點燃起來。