< Yesaya 3 >
1 Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, aɖo asi Yerusalem kple Yuda ƒe nuɖuɖu kple tsi ƒe kpɔtsoƒewo kple dzikpɔkpɔ dzi. Aɖo asi nuɖuɖu kple tsinono siwo katã wònaa wo la dzi.
For behold the sovereign the Lord of hosts shall take away from Jerusalem, and from Juda the valiant and the strong, the whole strength of bread, and the whole strength of water.
2 Aɖo asi eƒe kalẽtɔwo kple aʋawɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple nyagblɔɖilawo, afakalawo kple dumegãwo,
The strong man, and the man of war, the judge, and the prophet, and the cunning man, and the ancient.
3 ame blaatɔ̃wo: ƒe amegãwo, amegã bubuwo, aɖaŋudelawo, aɖaŋudɔwɔlawo kple gbesalawo dzi.
The captain over fifty, and the honourable in countenance, and the counsellor, and the architect, and the skillful in eloquent speech.
4 Matsɔ ɖeviwo awɔ woƒe amegãwoe, eye ɖevi suewo anye wo dzi ɖulawo.
And I will give children to be their princes, and the effeminate shall rule over them.
5 Amewo ate wo nɔewo ɖe to, ŋutsu atso ɖe ŋutsu ŋu, aƒelika ɖe aƒelika ŋu, sɔhɛwo atso ɖe ame tsitsiwo ŋu, eye yakamewo atso ɖe bubumewo ŋu.
And the people shall rush one upon another, and every man against his neighbour: the child shall make it tumult against the ancient, and the base against the honourable.
6 Ŋutsu alé nɔvia ŋutsu le fofoa ƒe aƒe me agblɔ be, “Wò ya avɔ le ŋuwò, nye mia kplɔla ne nàkpɔ aƒe gbagbã sia dzi.”
For a man shall take hold or his brother, one of the house of his father, saying: Thou hast a garment, be thou our ruler, and let this ruin be under thy hand.
7 Le ŋkeke ma me la, aɖo eŋu na wo be, “Ŋutete mele ŋunye o, nuɖuɖu alo nutata mele nye aƒe me o, eya ta migawɔm ame siawo kplɔlae o.”
In that day he shall answer, saying: I am no healer, and in my house there is no bread, nor clothing: make me not ruler of the people.
8 Yerusalem le mumum sɔgɔsɔgɔ, Yuda le anyi dzem. Woƒe nyawo kple woƒe nuwɔwɔ tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Wogbe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe amegbɔnɔnɔ.
For Jerusalem is ruined, and Juda is fallen: because their tongue, and their devices are against the Lord, to provoke the eyes of his majesty.
9 Woɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖe go abe Sodom ene, eye womeɣla wo o. Baba na wo! Wohe gbegblẽ va wo ɖokuiwo dzi.
The shew of their countenance hath answered them: and they have proclaimed abroad their sin as Sodom, and they have not hid it: woe to their souls, for evils are rendered to them.
10 Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo.
Say to the just man that it is well, for he shall eat the fruit of his doings.
11 Baba na ame vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ ava wo dzi. Woaxe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ƒe fetu na wo.
Woe to the wicked unto evil: for the reward of his hands shall be given him.
12 Sɔhɛwo te nye amewo ɖe to, eye nyɔnuwo nye woƒe dziɖulawo. O! Nye amewo, mia kplɔlawo kplɔ mi trae, wote mi ɖa le mɔ la dzi.
As for my people, their oppressors have stripped them, and women have ruled over them. O my people, they that call thee blessed, the same deceive thee, and destroy the way of thy steps.
13 Yehowa nɔ anyi ɖe enɔƒe le ʋɔnu. Etso be wòadrɔ̃ ʋɔnu ameawo.
The Lord standeth up to judge, and he standeth to judge the people.
14 Yehowa bu fɔ eƒe amewo, eƒe dumegãwo kple kplɔlawo be, “Miawoe tsrɔ̃ nye waingble. Mieli kɔ nu siwo mieha le ame dahewo si la ɖe miaƒe aƒewo me.
The Lord will enter into judgment with the ancients of his people, and its princes: for you have devoured the vineyard, and the spoil of the poor is in your house.
15 Nu ka gblɔm miele esi miegbã nye amewo, eye mieto mo na ame dahewo nyanyanya?” Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Why do you consume my people, and grind the faces of the poor? saith the Lord the God of hosts.
16 “Zion nyɔnuwo dana, wolia kɔ ganɛ hafi nɔa zɔzɔm. Woɖoa ahĩamo, nɔa zɔzɔm, nɔa ble nyem xatsɛxatsɛ, eye gavi siwo le woƒe afɔkɔe la nɔa ɖiɖim gliŋgliŋgliŋ.
And the Lord said: Because the daughters of Sion are haughty, and have walked with stretched out necks, and wanton glances of their eyes, and made a noise as they walked with their feet and moved in a set pace:
17 Eya ta Aƒetɔ Yehowa ana be Zion nyɔnuwo ƒe ta nabebe kple abi, Yehowa ana be ta nakpa na wo.”
The Lord will make bald the crown of the head of the daughters of Sion, and the Lord will discover their hair.
18 Le ŋkeke ma dzi la, Aƒetɔ aɖe woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖa le wo ŋu: aɖe alɔnugɛwo, tablanuwo, kɔga nyuiwo,
In that day the Lord will take away the ornaments of shoes, and little moons,
19 aɖe togɛwo, alɔnugɛwo kple motsyɔnuwo ɖa.
And chains and necklaces, and bracelets, and bonnets,
20 Aɖe tablanuwo, klodzonuwo, dɔmeblanuwo, amiʋeʋĩtukpawo, sebewo,
And bodkins, and ornaments of the legs, and tablets, and sweet balls, and earrings,
21 ŋkɔsigɛwo kple ŋɔtigɛwo ɖa.
And rings, and jewels hanging on the forehead,
22 Aɖe awu ʋlaya nyuiwo, kukuwo, vuvɔmewuwo, akplowo;
And changes of apparel, and short cloaks, and fine linen, and crisping pins,
23 ahuhɔ̃ewo, aklala biɖibiɖi ƒe awuwo, agowuwo kple sedawuwo ɖa.
And looking-glasses, and lawns, and headbands, and fine veils.
24 Be woanɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ teƒe la, woaʋẽ kũu; adagbika axɔ ɖe alidziblanu nyui teƒe, tabebe axɔ ɖe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo teƒe, akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya, nyui teƒe, eye ŋutilãléayi axɔ ɖe ŋutilã zɔzrɔ̃e teƒe.
And instead of a sweet smell there shall be stench, and instead of a girdle, a cord, and instead of curled hair, baldness, and instead of a stomacher, haircloth.
25 Wò ŋutsuwo atsi yi nu, eye wò aʋawɔlawo atsi aʋa.
Thy fairest men also shall fall by the sword, and thy valiant ones in battle.
26 Zion ƒe agbowo afa konyi, afa avi, anɔ anyi ɖe anyigba abe wɔnamanɔŋutɔ ene.
And her gates shall lament and mourn, and she shall sit desolate on the ground.