< Yesaya 28 >

1 Baba na seƒoƒofiakuku ma si nye dada na Efraim ƒe ahanomunɔtɔwo. Baba na seƒoƒo yɔyrɔ la ƒe gãnyenye si wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na balime si nyoa nuku. Baba na du ma si nye dada na ame siwo wain flu tagbɔ na!
祸哉!以法莲的酒徒, 住在肥美谷的山上, 他们心里高傲, 以所夸的为冠冕, 犹如将残之花。
2 Kpɔ ɖa, ame si sesẽ, nye kalẽtɔ la le Aƒetɔ la si. Ava abe tsikpe ƒe dzadza kple ya si gblẽa nu la ene. Ava abe kelemetsi kple tsiɖɔɖɔ ene, be wòatsɔe aƒu gbe ɖe anyigba ŋusẽtɔe.
看哪,主有一大能大力者, 像一阵冰雹, 像毁灭的暴风, 像涨溢的大水, 他必用手将冠冕摔落于地。
3 Seƒoƒotsihe ma si nye Efraim ƒe ahanomunɔtɔwo ƒe dada la, woafanyae ɖe afɔ te.
以法莲高傲的酒徒, 他的冠冕必被踏在脚下。
4 Seƒoƒo yɔyrɔ ma si nye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si wòɖɔ na balime nyonuku la anɔ abe gbotsetse si ɖi do ŋgɔ na mamlɛawo la ene; esi ame aɖe kpɔe la, egbee kaba heɖu.
那荣美将残之花, 就是在肥美谷山上的, 必像夏令以前初熟的无花果; 看见这果的就注意, 一到手中就吞吃了。
5 Gbe ma gbe la, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, anye gãnyenye ƒe fiakuku kple seƒoƒotsihe si dzeani na eƒe ame mamlɛawo.
到那日,万军之耶和华 必作他余剩之民的荣冠华冕,
6 Anye afia nyui tsotso ƒe gbɔgbɔ anɔ ame si le ʋɔnu drɔ̃m la me. Anye ŋusẽ na agbonudzɔlawo le aʋaŋɔli.
也作了在位上行审判者公平之灵, 并城门口打退仇敌者的力量。
7 Wain na ame siwo hã le mumum sɔgɔsɔgɔ, eye aha sesẽ na ame siwo le ya mum. Aha sesẽ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo siwo le zɔzɔm sɔgɔsɔgɔ eye wain na wole movinu wɔm. Aha sesẽ na ame siwo le ya mum. Vodada le woƒe ŋutegakpɔkpɔ me, eye kpɔtsɔtsɔ le woƒe nyametsotso ŋu.
就是这地的人也因酒摇摇晃晃, 因浓酒东倒西歪。 祭司和先知因浓酒摇摇晃晃, 被酒所困, 因浓酒东倒西歪。 他们错解默示, 谬行审判。
8 Woɖe xe ɖe kplɔ̃wo katã dzi kpe ɖo, eye teƒe aɖeke meli si womeɖe xe ɖo o.
因为各席上满了呕吐的污秽, 无一处干净。
9 “Ame ka wòle didim be yeafia nue? Ame ka wòle eƒe gbedeasi la me ɖem na? Ɖevi siwo si woxɔ no le la loo alo vidzĩ siwo woɖe le no nua?
讥诮先知的说: 他要将知识指教谁呢? 要使谁明白传言呢? 是那刚断奶离怀的吗?
10 Ele ale; se ɖe se dzi, se ɖe se dzi. Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi; afii ʋɛe, afi mɛ hã ʋɛe.”
他竟命上加命,令上加令, 律上加律,例上加例, 这里一点,那里一点。
11 Ɖe sia ɖe nyo, Mawu aƒo nu kple dukɔ sia to nuyi kple aɖe tutɔwo dzi,
先知说:不然,主要借异邦人的嘴唇 和外邦人的舌头对这百姓说话。
12 ame si Mawu gblɔ na be, “Teƒe siae nye dzudzɔƒe eya ta na ame siwo ŋu ɖeɖi te la nadzudzɔ,” eye “Teƒe siae nye gbɔɖemeƒe”, gake womeɖo toe o.
他曾对他们说: 你们要使疲乏人得安息, 这样才得安息,才得舒畅, 他们却不肯听。
13 Eya ta Yehowa ƒe nya na woe nye be se ɖe se dzi, se ɖe se dzi. Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ale be woayi, eye woagbugbɔ ɖe megbe, adze anyi. Mixɔ abi, kamɔ neɖe mi, eye wonelé mi,
所以,耶和华向他们说的话是 命上加命,令上加令, 律上加律,例上加例, 这里一点,那里一点, 以致他们前行仰面跌倒, 而且跌碎,并陷入网罗被缠住。
14 eya ta mise Yehowa ƒe nya, mi fewuɖula siwo le ame siawo dzi ɖum le Yerusalem.
所以,你们这些亵慢的人, 就是辖管住在耶路撒冷这百姓的, 要听耶和华的话。
15 Miegblɔna dadatɔe be, “Míeɖo nubabla me kple ku, eye míeɖo gbe ɖi kple yɔdo. Nenye be dɔvɔ̃ zɔ va yi la, maka asi mía ŋu o, elabena míetsɔ alakpa wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míetsɔ beble wɔ míaƒe bebeƒee.” (Sheol h7585)
你们曾说: 我们与死亡立约, 与阴间结盟; 敌军如水涨漫经过的时候, 必不临到我们; 因我们以谎言为避所, 在虚假以下藏身。 (Sheol h7585)
16 Ke ale Aƒetɔ Mawu gblɔe nye esi, “Kpɔ ɖa, mele gɔmeɖokpe aɖe ɖom ɖe Zion, kpe si wodo kpɔ. Dzogoedzikpe xɔasi si nye gɔmeɖokpe si maʋã o. Ame si ɖo ŋu ɖe eŋu la mavɔ̃ o.
所以,主耶和华如此说: 看哪,我在锡安放一块石头作为根基, 是试验过的石头, 是稳固根基,宝贵的房角石; 信靠的人必不着急。
17 Matsɔ afia nyui tsotso awɔ eƒe dzidzekae, eye dzɔdzɔenyenye anye eƒe nudanu, tsikpe akplɔ miaƒe sitsoƒe si nye alakpa la adzoe, eye tsi aɖɔ axɔ miaƒe bebeƒe.
我必以公平为准绳, 以公义为线铊。 冰雹必冲去谎言的避所; 大水必漫过藏身之处。
18 Woate fli ɖe nu si miebla kple ku la me, eye gbe si mieɖo ɖi kple yɔdo la madze edzi o. Ne dɔvɔ̃ zɔ va yi la, adze mi katã dzi, eye miaɖo baba. (Sheol h7585)
你们与死亡所立的约必然废掉, 与阴间所结的盟必立不住。 敌军如水涨漫经过的时候, 你们必被他践踏; (Sheol h7585)
19 Zi ale si nu wòva la, zi nenema ke wòakplɔ mi adzoe. Tso ŋdi yi ŋdi, le ŋkeke me kple zã me, ava ato mia dzi ayi.” Gbedeasi sia gɔmesese ɖeɖe ahe ŋɔdzi vɛ.
每逢经过必将你们掳去。 因为每早晨他必经过, 白昼黑夜都必如此。 明白传言的必受惊恐。
20 Aba la le kpuie akpã, màte ŋu adra ɖe edzi o. Abadzivɔ la mekeke woaxatsa ame ɖokui ɖe eme o.
原来,床榻短,使人不能舒身; 被窝窄,使人不能遮体。
21 Yehowa atso abe ale si wòwɔ le Perazim toa dzi ene. Aʋuʋu eɖokui abe ale si wòwɔ le Gibeon Balime la ene be wòawɔ eƒe dɔ wɔnuku la, eye wòawɔ eƒe dɔdeasi si mienya o.
耶和华必兴起,像在毗拉心山; 他必发怒,像在基遍谷, 好做成他的工,就是非常的工; 成就他的事,就是奇异的事。
22 Azɔ midzudzɔ miaƒe fewuɖuɖu ne menye nenem o la, miaƒe bablawo agamia mi ɖe edzi. Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ gbegblẽ si wòɖo ɖi kplikpaa ɖe anyigba blibo la ŋu nam.
现在你们不可亵慢, 恐怕捆你们的绑索更结实了; 因为我从主—万军之耶和华那里听见, 已经决定在全地上施行灭绝的事。
23 Mise nu si gblɔm mele na mi, eye miɖo to nya si tom mele na mi.
你们当侧耳听我的声音, 留心听我的言语。
24 Ne agbledela ŋlɔ nu be yeaƒã nu la, ɖe wòganɔa nuŋɔŋlɔ dzia? Ɖe wògadzoboa anyigba, ganɔa edzadzraɖo dzia?
那耕地为要撒种的, 岂是常常耕地呢? 岂是常常开垦耙地呢?
25 Ne edzra anyigba ɖo vɔ la, ɖe meƒãa sikɔni kple adrike, lu kple ƒo ɖe agbakawo me, eye woƒãa bli ɖe agbleliƒowo dzi oa?
他拉平了地面, 岂不就撒种小茴香, 播种大茴香, 按行列种小麦, 在定处种大麦, 在田边种粗麦呢?
26 Eƒe Mawu fiaa nue, eye wògblɔa nu nyuitɔ si wòawɔ la nɛ.
因为他的 神教导他务农相宜, 并且指教他。
27 Wometsɔa luƒomɔ ƒoa sikɔnie alo tsɔa keke zɔa adrike dzi hafi woklẽna o, ke boŋ wotsɔa kpo ƒoa sikɔnie, eye wotsɔa ati ƒoa adrikee.
原来打小茴香,不用尖利的器具, 轧大茴香,也不用碌碡; 但用杖打小茴香, 用棍打大茴香。
28 Wotua bli hafi tsɔna ƒoa aboloe, eya ta ame aɖeke manɔ bli nyɔnyɔ dzi ɖaa o. Togbɔ be wotsɔa keke ƒe afɔtiwo nyɔa blie hã la, menye sɔ siwo woti ɖe kekea ŋuti la ƒe afɔwoe tua blia o.
做饼的粮食是用磨磨碎, 因它不必常打; 虽用碌碡和马打散, 却不磨它。
29 Esiawo katã tso Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gbɔ; ame si ƒe aɖaŋudede wɔ nuku, eye eƒe nya me goglo.
这也是出于万军之耶和华— 他的谋略奇妙; 他的智慧广大。

< Yesaya 28 >