< Yesaya 27 >

1 Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa atsɔ eƒe yi dziŋɔ, gã, sẽŋu la ahe to na Leviatan, da si nɔa eɖokui xatsam la; awu ʋɔ driba si le atsiaƒu me la hã.
In that day the LORD will take His sharp, great, and mighty sword, and bring judgment on Leviathan the fleeing serpent —Leviathan the coiling serpent—and He will slay the dragon of the sea.
2 Le ŋkeke ma dzi la, “Miadzi ha tso waingble si tse fũu la ŋu.
In that day: “Sing about a fruitful vineyard.
3 Nye Yehowae kpɔa edzi. Medea tsii ɣe sia ɣi. Medzɔa eŋu zã kple keli be ame aɖeke magagblẽe o.
I, the LORD, am its keeper; I water it continually. I guard it night and day so no one can disturb it;
4 Nyemedo dziku o. Ɖe wònye ŋu kple aŋɔkawoe mie nam la, anye ne meho aʋa ɖe wo ŋuti, atɔ dzo wo katã.
I am not angry. If only thorns and briers confronted Me, I would march and trample them, I would burn them to the ground.
5 Ema manɔmee la, woneva di sitsoƒe le gbɔnye; woneva míawɔ ŋutifafa, ɛ̃, woneva wɔ ŋutifafa kplim.”
Or let them lay claim to My protection; let them make peace with Me— yes, let them make peace with Me.”
6 Ŋkekewo li gbɔna esi Yakob ato ke; Israel aƒo se, eye eƒe kutsetse ayɔ xexea me katã.
In the days to come, Jacob will take root. Israel will bud and blossom and fill the whole world with fruit.
7 Ɖe Yehowa ƒoe ƒu anyi abe ale si Yehowa ƒo ame siwo ƒoe ƒu anyi la enea? Ɖe wòwui abe ale si wowu ame siwo wui la enea?
Has the LORD struck Israel as He struck her oppressors? Was she killed like those who slayed her?
8 To aʋawɔwɔ kple aboyomeyiyi me, ètu nu kplii, etsɔ eƒe gbeɖeɖe dziŋɔ la nyae do goe abe gbe si gbe ɣedzeƒeya ƒo la ene.
By warfare and exile You contended with her and removed her with a fierce wind, as on the day the east wind blows.
9 To esia me ko woalé avu Yakob ƒe vodadawo, eye esia anye kutsetse si ado tso eƒe nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me. Eyae nye be wòagbã vɔsamlekpuiwo; woatu wɔ abe ɣe ene eye aƒeliwo ƒe dzudzɔʋeʋĩdoƒewo maganɔ anyi o.
Therefore Jacob’s guilt will be atoned for, and the full fruit of the removal of his sin will be this: When he makes all the altar stones like crushed bits of chalk, no Asherah poles or incense altars will remain standing.
10 Du si woglã la zu aƒedo, amenɔƒe si amewo megale o. Wogblẽe ɖi wòzu gbegbe, afi si nyiviwo ɖua gbe le; afi mae wotsyɔa akɔ ɖo, eye woɖua wainti ƒe alɔwo
For the fortified city lies deserted— a homestead abandoned, a wilderness forsaken. There the calves graze, and there they lie down; they strip its branches bare.
11 Wainka la kuna, ŋena dzea anyi, eye nyɔnuwo fɔnɛ doa dzoe, elabena wonye ame masenugɔmewo. Eya ta woƒe Wɔla metrɔ dɔ me ɖe wo ŋu o, eye woƒe Wɔla meve wo nu o.
When its limbs are dry, they are broken off. Women come and use them for kindling; for this is a people without understanding. Therefore their Maker has no compassion on them, and their Creator shows them no favor.
12 Le ŋkeke ma dzi la, O! Mi Israelviwo, Yehowa aƒo mi abe lu ene tso Frat tɔsisi la to va se ɖe Egipte tɔʋuwo to, eye wòagayɔ mi aƒo ƒui ɖeka ɖeka.
In that day the LORD will thresh from the flowing Euphrates to the Wadi of Egypt, and you, O Israelites, will be gathered one by one.
13 Le ŋkeke ma dzi la, kpẽ sesẽ aɖi. Ame siwo le tsɔtsrɔ̃m le Asiria kple ame siwo si yi Egipte la, woatrɔ agbɔ ava subɔ Yehowa le to kɔkɔe si le Yerusalem la dzi.
And in that day a great ram’s horn will sound, and those who were perishing in Assyria will come forth with those who were exiles in Egypt. And they will worship the LORD on the holy mountain in Jerusalem.

< Yesaya 27 >