< Yesaya 25 >

1 O! Yehowa, wòe nye nye Mawu. Mado wò ŋkɔ ɖe dzi, eye makafu wò, elabena wò nuteƒewɔwɔ de blibo. Èwɔ nu dzɔtsuwo, nu siwo nèɖo ɖi tso blema ke.
耶和華啊,你是我的上帝; 我要尊崇你,我要稱讚你的名。 因為你以忠信誠實行過奇妙的事, 成就你古時所定的。
2 Èna du gãwo trɔ zu aƒedo, eye mɔ sesẽwo zu glikpo. Amedzrowo ƒe du sesẽwo maganye du anɔ anyi o. Womagbugbɔ wo atu akpɔ o,
你使城變為亂堆, 使堅固城變為荒場, 使外邦人宮殿的城不再為城, 永遠不再建造。
3 eya ta dukɔ siwo wɔa kalẽ la ade bubu ŋuwò, eye dukɔ nyanyrawo avɔ̃ wò,
所以,剛強的民必榮耀你; 強暴之國的城必敬畏你。
4 elabena Yehowa, wòe nye sitsoƒe na ame dahewo, xɔnametɔ na hiãtɔwo le xaxa me, bebeƒe le ahom me kple vɔvɔli le ŋdɔkutsu helĩhelĩ nu. Ŋutasẽlawo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo abe yatsi si le ƒoƒom ɖe gli ŋu la ene,
因為當強暴人催逼人的時候, 如同暴風直吹牆壁, 你就作貧窮人的保障, 作困乏人急難中的保障, 作躲暴風之處, 作避炎熱的陰涼。
5 eye abe dzoxɔxɔ sesẽ tso gbegbe ene; èna amedzrowo ƒe hoowɔwɔ nu tso abe ale si ne lilikpo xe ɣe ŋkume la, eƒe dzoxɔxɔ ɖiɖinae ene. Aleae nètsi ame nyanyrawo ƒe hadzidzi nue.
你要壓制外邦人的喧嘩, 好像乾燥地的熱氣下落; 禁止強暴人的凱歌, 好像熱氣被雲影消化。
6 Le to sia dzi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsɔ nuɖuɖu damiwo aɖo kplɔ̃e na dukɔwo katã. Wain tsitsitɔ anɔ afi ma. Lã damitɔ akpe ɖe eŋu, eye wain nyuitɔ abɔ ɖe eŋu.
在這山上,萬軍之耶和華必為萬民用肥甘設擺筵席,用陳酒和滿髓的肥甘,並澄清的陳酒,設擺筵席。
7 Le to sia dzi, aɖe ameɖivɔ si me wobla amewo katã ɖo kple avɔ si wotsɔ tsyɔ dukɔwo katã dzi la ɖa.
他又必在這山上除滅遮蓋萬民之物和遮蔽萬國蒙臉的帕子。
8 Ami ku tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le amewo ƒe ŋkume. Aɖe eƒe dukɔ la ƒe ŋukpe ɖa le anyigba blibo la dzi. Yehowae gblɔe.
他已經吞滅死亡直到永遠。主耶和華必擦去各人臉上的眼淚,又除掉普天下他百姓的羞辱,因為這是耶和華說的。
9 Gbe ma gbe la, woagblɔ be, “Esiae nye míaƒe Mawu vavã la. Míeɖo ŋu ɖe eŋu, eye wòɖe mí. Eyae nye Yehowa si ŋu míeɖo ŋu ɖo. Mina míatso aseye, akpɔ dzidzɔ le eƒe ɖeɖe la ta.”
到那日,人必說:「看哪,這是我們的上帝;我們素來等候他,他必拯救我們。這是耶和華,我們素來等候他,我們必因他的救恩歡喜快樂。」
10 Yehowa ƒe asi anɔ to sia dzi, ke afanya Moab ɖe eƒe afɔ te abe ale si wofanyaa gbe ƒuƒu ɖe aɖu me ene.
耶和華的手必按在這山上;摩押人在所居之地必被踐踏,好像乾草被踐踏在糞池的水中。
11 Akeke eƒe abɔwo ɖe dukɔ la dzi abe ale si tsiƒula kekea eƒe abɔwo ne ele tsi ƒum ene. Mawu aɖiɖi wo ɖe anyi le woƒe dada ta togbɔ be wotsɔ woƒe asiwo wɔ kalẽnu geɖewoe hã.
他必在其中伸開手,好像洑水的伸開手洑水一樣;但耶和華必使他的驕傲和他手所行的詭計一併敗落。
12 Amu woƒe gli sesẽwo aƒu anyi, eye woakaka ɖe anyigba, agbã gudugudu, eye woazu kewɔ.
耶和華使你城上的堅固高臺傾倒,拆平,直到塵埃。

< Yesaya 25 >