< Yesaya 24 >

1 Kpɔ ɖa, Yehowa le anyigba la tsrɔ̃ ge, eye wòawɔe wòazu gbegbe. Ele anyigba la ƒe ŋkume gblẽ ge, eye woakaka edzinɔlawo.
Behold, the Lord maketh empty the land, and layeth it waste, marreth its surface, and scattereth abroad its inhabitants.
2 Anɔ alea na nunɔlawo kple amehawo, na aƒetɔ kple dɔlaŋutsu, na aƒenɔ kple dɔlanyɔnu, nudzrala kple nuƒlela, na ame si doa nugbana kple nugbanadola, na fetɔ kple fenyila.
And it shall be with the people as with the priest; with the servant as with his master; with the bondwoman as with her mistress; with the buyer as with the seller; with the lender as with the borrower; with the debtor as with his creditor.
3 Woaɖi gbɔlo anyigba la ƒiaƒiaƒia, eye woahae keŋkeŋ. Yehowae gblɔ nya sia.
Empty, emptied out shall be the land, and spoiled, utterly spoiled; for the Lord hath spoken this word.
4 Anyigba la aƒu, eye edzinuwo ayrɔ. Nu ati kɔ na xexea me katã, eye nu gbagbewo ayrɔ ɖe tsitrenu. Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi le anyigba dzi la hã axa nu.
The land mourneth, withereth away, the world languishes, withereth away, the high ones of the people of the land do languish.
5 Anyigbadzinɔlawo do gu anyigba la, woda le sewo kple ɖoɖowo dzi, eye wotu nubabla mavɔ la,
For the land was defiled under its inhabitants; because they had transgressed the laws, neglected the statutes, broken the everlasting covenant.
6 eya ta fiƒode anye atsyɔ anyigba la dzi, eye edzinɔlawo ƒe vodadawo ava woƒe ta dzi. Esia ta anyigbadzinɔlawo fia, eye ame ʋɛ aɖewo koe susɔ.
Therefore hath the curse devoured the land, and they that dwell therein suffer for their guilt; therefore are the inhabitants of the land dried up, and but few men are left.
7 Wain yeyewo vɔ ƒiaƒiaƒia, wainkawo yrɔ, eye dzidzɔkpɔlawo katã le tse ɖum.
The new wine mourneth, the vine languisheth, all the merry-hearted sigh.
8 Axatsɛ siwo ƒe gbe me kɔ la hã zi ɖoɖoe, Màgase dzidzɔkpɔlawo ƒe hoowɔwɔ o. Kasaŋku siwo ɖina kple dzidzɔ la hã zi ɖoɖoe.
At rest is the mirth of the tambourines; ceased hath the tumult of the joyful; at rest is the mirth of the harp.
9 Womegatsɔa hadzidzi noa wain o, eye aha sesẽ hã ve le nu me na enolawo
Amidst singing shall they no [more] drink wine; bitter shall be the strong drink to those that drink it.
10 Du gbagbã la zu aƒedo, eye wotu aƒe ɖe sia ɖe ƒe agbo.
Broken down is the city of desolation; shut up is every house that none can enter.
11 Wole ɣli dom le wain dim le mɔtatawo dzi kple ŋkubiã. Dzidzɔkpɔkpɔwo katã trɔ zu blanuiléle, eye vivisesewo katã bu le anyigba la dzi.
A [painful] cry for wine is in the streets; darkened is all joy; banished is the mirth of the land.
12 Du la zu aƒedo, eye wokaka eƒe agbowo.
Destruction is left in the city, in ruins is beaten the gate.
13 Alea wòanɔ le anyigba la dzi kple dukɔwo dome. Anɔ abe amiti si dzi wogbe kutsetsewo katã vɔ le alo abe wainka si dzi wogbe wain tsetsewo le hegble kutsetse wuwlui aɖewo ko ɖo la ene.
For thus shall it be in the midst of the land among the nations, as [at] the shaking of an olive-tree, as [at] the gleaning of grains when the vintage is done.
14 Ame ʋɛ siwo susɔ la kɔ gbe dzi hedo dzidzɔɣli; tso ɣetoɖoƒe woɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye,
These shall lift up their voice, they shall sing; because of the majesty of the Lord, they shout aloud from the sea.
15 eya ta mi, ɣedzeƒetɔwo, mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa; mido Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ɖe dzi le ƒukpowo dzi.
Therefore in the valleys honor ye the Lord; in the isles of the sea, the name of the Lord the God of Israel.
16 Tso anyigba ƒe mlɔea nu ke, miese ha ƒe ɖiɖi be, “Ŋutikɔkɔe woana Dzɔdzɔetɔ la.” Ke megblɔ be, “Evɔ nam, evɔ nam, baba nam. Wodem asi! Ametatrɔlawo dem asi!”
From the edge of the earth have we heard songs, “Glory to the righteous.” But I said, “Evil is mine, evil is mine, woe is me! the treacherous have dealt treacherously; yea, the treacherous have dealt very treacherously.”
17 O! Mi anyigbadzitɔwo, ŋɔdzi, ʋe globo kple kamɔ le mia lalam.
Fear, and the pit, and the snare are upon thee, O inhabitant of the land.
18 Ame si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me; ame si dze agbagba do le ʋe globo la me la, kamɔ aɖee, elabena dziƒo ƒe fesrẽwo ʋu, eye anyigba ƒe agunu ʋuʋu.
And it shall come to pass, that he who fleeth from the call of the fear shall fall into the pit; and he that cometh up out of the midst of the pit shall be caught in the snare; for the windows from on high are opened, and there quaked the foundations of the earth.
19 Anyigba wó, anyigba fe kpla, anyigba ʋuʋu sesĩe.
Crushed entirely is the earth, split in pieces is the earth, shaken to its centre is the earth.
20 Anyigba le mumum sɔgɔsɔgɔ abe ahanomunɔtɔ ene, ele ʋuʋum abe agbadɔ si me ya ɖo ene, elabena anyigbadzinɔlawo ƒe aglãdzedze ƒe nu vɔ̃wo le ekpem ale gbegbe be adze anyi, eye magafɔ gbeɖe o.
The earth reeleth to and fro like a drunkard, and vibrateth like a watch-hut; and heavily lieth upon it its transgression; and it shall fall, and not rise again.
21 Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa ahe to na ŋusẽ siwo le dziƒonutowo me kple fia siwo le anyigba dzi.
And it shall come to pass on that day, that the Lord will visit punishment on the host of heaven in heaven, and on the kings of the earth upon the earth.
22 Woaƒo wo nu ƒu abe gamenɔla siwo le gaxɔ globo me ene. Woanɔ gaxɔ me, eye woahe to na wo le ŋkeke geɖe megbe.
And they shall be gathered in heaps, as prisoners, in the prison, and shall be shut up in the dungeon, and thus after many days shall they be punished.
23 Ŋu akpe ɣe, eye ɣleti ƒe mo awɔ yaa, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖu fia le ŋutikɔkɔe me le Zion to la dzi kple Yerusalem le eƒe dumegãwo ŋkume.
And the moon shall be put to the blush, and the sun be made ashamed; for the Lord of hosts will reign on mount Zion, and in Jerusalem, and before his ancients in glory.

< Yesaya 24 >