< Yesaya 23 >

1 Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu. Mifa konyi, o meli siwo tsa asi le Tarsis, elabena wogbã Tiro, eye aƒe alo melidzeƒe megali na mi o. Wose nya sia esi wole Kipro ke.
论泰尔的默示: 他施的船只都要哀号; 因为泰尔变为荒场, 甚至没有房屋,没有可进之路。 这消息是从基提地得来的。
2 Mizi ɖoɖoe, mi ame siwo le ƒukpo la dzi kple mi asitsala siwo tso Sidon. Mi ame siwo ƒudzidɔwɔlawo wɔ kesinɔtɔwoe,
沿海的居民, 就是素来靠航海西顿的商家得丰盛的, 你们当静默无言。
3 Wotsɔ bli tso Sidon, nuŋeŋe si tso Nil Nutowo me to tɔ gãwo dzi va Tiro abe adzɔnuwo ene, ale Tiro zu asiɖiƒe na dukɔwo.
在大水之上, 西曷的粮食、 尼罗河的庄稼是泰尔的进项; 她作列国的大码头。
4 Ŋu nekpe wò, O! Sidon, wò mɔ sesẽ si le ƒuta, elabena atsiaƒu gblɔ na wò be, “Nyemelé ku kpɔ alo dzi vi kpɔ o. Nyemenyi ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo kpɔ o.”
西顿哪,你当惭愧; 因为大海说, 就是海中的保障说: 我没有劬劳,也没有生产, 没有养育男子,也没有抚养童女。
5 Ne gbe va ɖo Egipte la, woaxa nu vevie tso nu si wose tso Tiro ŋuti.
这风声传到埃及; 埃及人为泰尔的风声极其疼痛。
6 Mitso ƒu va Tarsis; mifa konyi, mi ame siwo le ƒukpo la dzi.
泰尔人哪,你们当过到他施去; 沿海的居民哪,你们都当哀号。
7 Alea wò blemadu si yɔ fũu kple dzidzɔkpɔkpɔ, wo ame si zɔ mɔ yi didiƒenyigbawo dzi la va zue nye esia?
这是你们欢乐的城, 从上古而有的吗? 其中的居民往远方寄居。
8 Ame kae ɖo nugbe sia ɖe Tiro ŋu, ame si ɖɔa fiakuku na amewo, eƒe adzɔdolawo nye amegãwo, eye eƒe asitsalawo nye ame xɔŋkɔwo le anyigba dzii?
泰尔本是赐冠冕的。 她的商家是王子; 她的买卖人是世上的尊贵人。 遭遇如此是谁定的呢?
9 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae ɖo esia be yeaɖi gbɔ̃ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dada, eye yeabɔbɔ ame xɔŋkɔwo katã ɖe anyi le anyigba dzi.
是万军之耶和华所定的! 为要污辱一切高傲的荣耀, 使地上一切的尊贵人被藐视。
10 O! Tarsis ƒe vinyɔnu, de agble ɖe Nil tɔsisi la to, elabena melidzeƒe megali na wò o.
他施的民哪, 可以流行你的地,好像尼罗河; 不再有腰带拘紧你。
11 Yehowa kɔ eƒe asi dzi ɖe atsiaƒu la dzi, eye wòna eƒe fiaɖuƒewo dzo nyanyanya. Eɖe gbe be woagbã Foenisia ƒe mɔ sesẽwo.
耶和华已经向海伸手, 震动列国。 至于迦南, 他已经吩咐拆毁其中的保障。
12 Yehowa gblɔ be, “O! Sidon ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o, wò dzidzɔkpɔkpɔ nu tso! “Tsi tsitre, tso ƒu la, eye nàyi Kipro, afi ma gɔ̃ hã la, màkpɔ dzudzɔƒe o.”
他又说:受欺压西顿的居民哪, 你必不得再欢乐。 起来!过到基提去; 就是在那里也不得安歇。 (
13 Kpɔ Babiloniatɔwo ƒe anyigba la ɖa; tsã la, bubu menɔ wo ŋu o va se ɖe esime Asiriatɔwo fɔe hetsɔe wɔ nɔƒee na ame siwo nɔ gbegbe. Wotu dziƒoxɔ kɔkɔwo kple fiasãwo ɖe afi ma; ke ena wòzu aƒedo.
看哪,迦勒底人之地向来没有这民,这国是亚述人为住旷野的人所立的。现在他们建筑戍楼,拆毁泰尔的宫殿,使她成为荒凉。)
14 Mi Tarsis melikulawo mifa avi, elabena wogbã miaƒe mɔ sesẽ la!
他施的船只都要哀号, 因为你们的保障变为荒场。
15 Le ɣe ma ɣi me la, woaŋlɔ Tiro be ƒe blaadre sɔŋ; siwo nye fia ƒe agbenɔƒe. Le ƒe blaadre siawo ƒe nuwuwu la, ava eme na Tiro abe ale si woŋlɔe ɖe gboloha ƒe hagbewo me nɛ ene be,
到那时,泰尔必被忘记七十年,照着一王的年日。七十年后,泰尔的景况必像妓女所唱的歌:
16 “Tsɔ kasaŋku. Ɖi tsa le dua me. O! Gbolo si wogbe, ƒo kasaŋku la nyuie, eye nàdzi ha geɖewo, ale be woaɖo ŋku dziwò.”
你这被忘记的妓女啊, 拿琴周流城内, 巧弹多唱,使人再想念你。
17 Le ƒe blaadre ƒe nuwuwu la, Yehowa ahe to na Tiro. Agatrɔ ayi ɖe eƒe gbolowɔwɔ dzi, eye wòatsa asi sia kple fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi;
七十年后,耶和华必眷顾泰尔,她就仍得利息,与地上的万国交易。
18 Ke hã la, woatsɔ viɖe siwo wòkpɔ la na Yehowa. Womadzrae ɖo ɖe nudzraɖoƒe alo aɣlae o. Woatsɔ eƒe viɖe siwo wòkpɔ la na ame siwo nɔ agbe le Yehowa ŋkume be, woatsɔ aƒle nuɖuɖu geɖe kple nudodo nyuiwoe.
她的货财和利息要归耶和华为圣,必不积攒存留;因为她的货财必为住在耶和华面前的人所得,使他们吃饱,穿耐久的衣服。

< Yesaya 23 >