< Yesaya 22 >

1 Esiae nye nyagblɔɖi ɖe ŋutega balime la ŋu. Nu kae ɖe mi ɖe nu hafi mi katã miede xɔwo tame?
Pezo do valle da visão. Que tens agora, que toda tu subiste aos telhados?
2 O! Hoowɔwɔ ƒe du, ʋunyaʋunya kple aglotutu ƒe du, nu kae le wɔwòm? Wò ame kukuwo la, menye yi nu wotsi o, eye menye aʋa hãe wotsi o.
Tu, cheia de arroidos, cidade turbulenta, cidade que salta de alegria, os teus mortos não foram mortos á espada, nem morreram na guerra.
3 Wò dumegãwo katã si dzo; wotsɔ wo ɖokuiwo na futɔwo, eye womeʋli wo ɖokui ta o. Togbɔ be wosi dzo esi futɔ la megogo wo kura o hã la, wolé wò amewo katã, eye wozu aboyomewo.
Todos os teus principes juntamente fugiram, os frecheiros os amarraram: todos os que em ti se acharam, foram amarrados juntamente, e fugiram de longe.
4 Eya ta megblɔ be, “Miɖe kɔ ɖa le ŋunye, eye mina mɔm mafa avi vevie. Migafa akɔ nam ɖe nye ameawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ta o”,
Portanto digo: Virae de mim a vista, e chorarei amargamente: não vos canceis mais em consolar-me pela destruição da filha do meu povo.
5 elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖo ŋkeke ɖi na ʋunyaʋunya, nuwo fanyafanya kple ŋɔdzi le ŋutega balime la, ŋkeke si dzi woamu gliwo aƒu anyi, eye ɣli aɖi le towo tame.
Porque é um dia d'alvoroço, e de atropellamento, e de confusão da parte do Senhor Jehovah dos Exercitos, no valle da visão: dia de derribar o muro e de gritar até ao monte.
6 Elam kpla daku, eƒe tasiaɖam kple sɔdolawo kpe ɖe eŋuti, eye Kir ɖe nu le eƒe akpoxɔnu ŋu.
Porque já Elam tomou a aljava, já o homem está no carro, tambem ha cavalleiros: e Kir descobre os escudos.
7 Ale tasiaɖamwo yɔ wò balime nyuitɔ, eye woɖe sɔdolawo ɖe wò agbowo nu.
E será que os teus mais formosos valles se encherão de carros, e os cavalleiros se porão em ordem ás portas.
8 Ale Aƒetɔ la ɖe Yuda ƒe akpoxɔnuwo katã ɖa, eye Yuda di xɔ si wotu ɖe ave me, si me aʋawɔnuwo nɔ la vevie gbe ma gbe.
E descobrirá a coberta de Judah, e n'aquelle dia olharás para as armas da casa do bosque.
9 Miekpɔ be gbagbãƒe geɖewo le David ƒe du la ŋu, eya ta mielɔ tsi ɖe anyigbeta la me.
E vereis as roturas da cidade de David, porquanto já são muitas, e ajuntareis as aguas do viveiro de baixo.
10 Miexlẽ xɔ siwo le Yerusalem, hegbã woƒe gliwo be miagbugbɔ wo aglã.
Tambem contareis as casas de Jerusalem, e derribareis as casas, para fortalecer os muros.
11 Mieɖe tsiʋe gã aɖe ɖe gli eveawo dome, helɔ tsi le ta xoxo la me kɔ ɖe eme, gake miebia ame si wɔe la ta se o, alo miede bubu ame si wɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso blema ke la ŋu o.
Fareis tambem uma cova entre ambos os muros para as aguas do viveiro velho, porém não olhastes acima para o que fez isto, nem considerastes o que o formou desde a antiguidade.
12 Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, di tso mia si le ŋkeke ma dzi be, miafa avi, afa konyi, alũ ta kolikoli.
E o Senhor, o Senhor dos Exercitos chamará n'aquelle dia ao choro, e ao pranto, e á rapadura da cabeça, e ao cingidouro do sacco.
13 Ke mikpɔ ɖa, miele dzidzɔ kpɔm, le aglo tum. Miewu nyiwo, tso alẽwo; mieɖu lã, mieno wain, eye miegblɔ be, “Mina miaɖu nu, ano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!”
Porém eis aqui gozo e alegria, matando-se vaccas e degolando-se ovelhas, comendo-se carne, e bebendo-se vinho, e dizendo-se: Comamos e bebamos, porque ámanhã morreremos.
14 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nam be, “Womatsɔ nu vɔ̃ sia ake mi o va se ɖe miaƒe kugbe.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Mas o Senhor dos Exercitos se manifestou nos meus ouvidos, dizendo: Vivo eu, que esta maldade não vos será perdoada até que morraes, diz o Senhor Jehovah dos Exercitos.
15 Ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nye esi, “Tso nàyi Sebna, nuwo dzikpɔla, ame si le aƒea nu la gbɔ, nàgblɔ nɛ be,
Assim diz o Senhor Jehovah dos Exercitos: Anda e vae-te com este thesoureiro, com Sebna, o mordomo, e dize-lhe:
16 ‘Nu ka wɔm nèle le afi sia, eye ame kae ɖe mɔ na wò be naɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi sia hafi nèle yɔdo ɖem ɖe kɔkɔƒe, eye nèle kpe gbãm be nàwɔ wò dzudzɔƒe ɖe agakpewo tome?’
Que é o que tens aqui? ou a quem tens tu aqui, que te lavrasses aqui sepultura? como o que lavra em logar alto a sua sepultura e debuxa na penha uma morada para si.
17 “Kpɔ nyuie, elabena esusɔ vie Yehowa ƒe asi nasu dziwò, eye wòatsɔ wò aƒu gbe. O! Ŋutsu kalẽtɔ.
Eis que o Senhor d'aqui te transportará do transporte de varão, e de todo te cobrirá.
18 Aŋlɔ wò nogoe abe abo ene, eye wòatsɔ wò aƒu gbe ɖe anyigba gã aɖe dzi. Afi ma nàku ɖo, eye afi ma wò tasiaɖam ɖablawo atsi. Wò ame si nye ŋukpe na wò aƒetɔ ƒe aƒe.
Certamente te fará rodar, como se faz rodar a bola em terra larga e espaçosa: ali morrerás, e ali acabarão os carros da tua gloria, ó opprobrio da casa do teu Senhor.
19 Maɖe wò ɖa le wò zi dzi, eye woaxɔ wò nɔƒe kɔkɔ la le asi wò.
E rejeitar-te-hei do teu estado, e te repuxará do teu assento.
20 “Gbe ma gbe la, mayɔ nye dɔla Eliakim, Hilkia ƒe vi.
E será n'aquelle dia que chamarei a meu servo Eliakim filho d'Hilkias.
21 Matsɔ wò awu ʋlaya ado nɛ; atsɔ wò alidziblanu abla ali dzi nɛ, eye maxɔ wò nɔƒe atsɔ nɛ. Anye fofo na Yerusalemtɔwo kple Yuda ƒe aƒe la.
E vestil-o-hei da tua tunica, e esforçal-o-hei com o teu talabarte, e entregarei nas suas mãos o teu dominio, e será como pae para os moradores de Jerusalem, e para a casa de Judah.
22 Matsɔ David ƒe aƒe ƒe safui la aɖo abɔta nɛ. Nu sia nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu sia nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o.
E porei a chave da casa de David sobre o seu hombro, e abrirá, e ninguem fechará, e fechará, e ninguem abrirá.
23 Maƒoe ɖe to abe tsyoti ene le teƒe sesẽ aɖe. Anye fiazikpui si ŋu bubu le na fofoa ƒe aƒe.
E pregal-o-hei como a um prego n'um logar firme, e será como um throno de honra para a casa de seu pae.
24 Eƒe ƒome la katã ƒe ŋutikɔkɔe anɔ eya amea dzi, ɖe viawo kple eƒe dzidzimeviwo dzi. Anɔ nu siwo katã ŋu dɔ wowɔna le aƒe me la dzi; tso agbawo dzi va se ɖe tsinokpluwo dzi.”
E n'elle pendurarão toda a honra da casa de seu pae, dos renovos e dos descendentes, como tambem todos os vasos menores, desde os vasos das taças até todos os vasos dos odres.
25 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Le ŋkeke ma dzi la, tsyoti si woƒo ɖe teƒe sesẽ la aho. Woalãe, wòamu adze anyi, eye agba si wotsɔ ku ɖe eŋu la hã akaka.” Yehowae gblɔe.
N'aquelle dia, diz o Senhor dos Exercitos, o prego pregado em logar firme será tirado: e será cortado, e cairá, e a carga que n'elle está se cortará, porque o Senhor o disse.

< Yesaya 22 >