< Yesaya 21 >

1 Esiae nye nyagblɔɖi ɖe gbegbe si le ƒuta la ŋu. Amedzidzela aɖe ava dze mia dzi tso gbegbe, anyigba dziŋɔ aɖe dzi abe ale si ahom tuna toa anyigbemenyigba dzi ene.
This is the burden against the Desert by the Sea: Like whirlwinds sweeping through the Negev, an invader comes from the desert, from a land of terror.
2 Woɖe ŋutega dziŋɔ aɖe fiam; ametatrɔla trɔ ame ta, nuhala kpɔ nuhaha. Elam dze edzi! Media ƒu kpo ɖe eŋu! Mana hũɖeɖe siwo katã wòhe vɛ la nawu nu.
A dire vision is declared to me: “The traitor still betrays, and the destroyer still destroys. Go up, O Elam! Lay siege, O Media! I will put an end to all her groaning.”
3 Eya ta vevesese na nye ameti blibo la meʋuʋu. Vevesese ƒo ɖem abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Nu siwo mese la na memu sɔgɔsɔgɔ, eye dzidzi ƒom le nu siwo mekpɔ la ta.
Therefore my body is filled with anguish. Pain grips me, like the pains of a woman in labor. I am bewildered to hear, I am dismayed to see.
4 Nye dzi tso, vɔvɔ̃ na medzo nyanyanya. Ale fiẽ fafɛ si mele mɔ kpɔm na la zu ŋɔdzi gã aɖe nam.
My heart falters; fear makes me tremble. The twilight of my desire has turned to horror.
5 Woɖo kplɔ̃wo. Nuwo katã sɔgbe, woɖu nu, wono nu! Kasia ɣli ɖi be, mitso, mi amegãwo ne miasi ami na miaƒe akpoxɔnuwo.
They prepare a table, they lay out a carpet, they eat, they drink! Rise up, O princes, oil the shields!
6 Ale Yehowa gblɔ nam nye esi, “Yi nàɖo gbetakpɔla, eye na wòaɖe gbeƒã nu siwo katã wòkpɔ.
For this is what the Lord says to me: “Go, post a lookout and have him report what he sees.
7 Ne ekpɔ tasiaɖamwo kple sɔdolawo ƒe hã, tedzidolawo kple kposɔdolawo la, ekema neɖo to, wòagaɖo to nyuie.”
When he sees chariots with teams of horsemen, riders on donkeys, riders on camels, he must be alert, fully alert.”
8 Gbetakpɔla ɖe gbe abe dzata ene be, “Nye Aƒetɔ, metsi tsitre ɖe nye dzɔƒe la gbe sia gbe kple zãwo katã me.
Then the lookout shouted: “Day after day, my lord, I stand on the watchtower; night after night I stay at my post.
9 Kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe le tasiaɖam me kple sɔdolawo ƒe ha gbɔna, eye wòna ŋuɖoɖo siam be, ‘Babilonia mu, gamu. Wogbã eƒe legbawo katã ƒu anyi.’”
Look, here come the riders, horsemen in pairs.” And one answered, saying: “Fallen, fallen is Babylon! All the images of her gods lie shattered on the ground!”
10 O! Nye dukɔ si wogbã gudugudu le lugbɔƒe abe lu ene, megblɔ nu siwo katã Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la de asi nam be magblɔ la na mi.
O my people, crushed on the threshing floor, I tell you what I have heard from the LORD of Hosts, the God of Israel.
11 Esiae nye Mawu ƒe nyagblɔɖi ɖe Duma ŋu. Ame aɖe yɔm tso Seir be, “Gbetakplɔla, zã gbɔ tsɔa? Gbetakpɔla zã gbɔ tsɔa?”
This is the burden against Dumah: One calls to me from Seir, “Watchman, what is left of the night? Watchman, what is left of the night?”
12 Gbetakpɔla ɖo eŋu be, “Esusɔ vie ŋu nake, gake zã agado ake. Nya si nèdi be yeabia la, biae, gake gatrɔ gbɔ.”
The watchman replies, “Morning has come, but also the night. If you would inquire, then inquire. Come back yet again.”
13 Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Arabia ŋu. Mi asiha siwo tso Dedam, ame siwo ƒu asaɖa anyi ɖe Arabia ƒe avekɔewo me,
This is the burden against Arabia: In the thickets of Arabia you must lodge, O caravans of Dedanites.
14 mi ame siwo le Tema, miku tsi vɛ na ame siwo tsikɔ le wuwum. Mitsɔ nuɖuɖu vɛ na aʋasilawo,
Bring water for the thirsty, O dwellers of Tema; meet the refugees with food.
15 elabena wosi le yi si woɖe le aku me la kple da si me wovu kpakple aʋa si dzi ŋɔ la nu.
For they flee from the sword— the sword that is drawn— from the bow that is bent, and from the stress of battle.
16 Ale Aƒetɔ la gblɔ nam nye esi, “Le ƒe ɖeka me tututu abe ale si awɔbamenɔla xlẽa eƒe ƒee ene la, Kedar ƒe atsyɔ̃ katã nu ayi.
For this is what the Lord says to me: “Within one year, as a hired worker would count it, all the glory of Kedar will be gone.
17 Aŋutrɔdala mamlɛawo kple aʋawɔla siwo susɔ le Kedar la anye ame ʋɛ aɖewo ko.” Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe.
The remaining archers, the warriors of Kedar, will be few.” For the LORD, the God of Israel, has spoken.

< Yesaya 21 >